Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu
NUBLANUINYA gã ŋutɔe wònyena ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ku kpata. Ena wotɔtɔna, eye wosea veve le dzime vevie. Ne lɔlɔ̃tɔ aɖe dze dɔ hese veve ɣeyiɣi didi hafi wokpɔ eteƒe wòku la, meɖina ɖe ame o, gake woxaa nu eye wosea amea ƒe anyimanɔmanɔ ƒe veve kokoko.
Nɔnɔme ka ke mee lɔlɔ̃tɔa to hafi ku o, kutɔawo hiã kpekpeɖeŋu kple akɔfafa. Ate ŋu adzɔ hã be amesiwo di kokoko be woawɔ kukɔnu aɖewo siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o aɖe fu na Kristotɔ si ame ku na. Nusia bɔ le Afrika-dukɔ geɖe me kple le xexeame ƒe akpa bubu aɖewo hã.
Nukae akpe ɖe Kristotɔ si ame ku na ŋu be wòaƒo asa na kukɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o? Aleke haxɔsetɔwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣi siawo mee? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo le vevie na amesiwo katã di be yewoadze Yehowa ŋu, elabena “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye wodzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.
Etso Dzixɔse aɖe Gbɔ
Nu ɖeka aɖe si na wowɔa kukɔnu geɖe enye dzixɔse be kukuawo gale agbe le nuto makpɔmakpɔ aɖe si me tɔgbuiawo le me. Ame geɖe susuna be ehiã be yewoawɔ kɔnu aɖewo atsɔ afa dzi na wo. Alo wovɔ̃na be yewoava dze agɔ le yewoƒe nutometɔ siwo xɔe se be vɔ̃ adzɔ ɖe nutoa dzi ne womewɔ kɔnuawo o la dzi.
Mele be Kristotɔ vavã nana amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu edzi wòawɔ kɔnu siwo medzea Mawu ŋu o. (Lododowo 29:25; Mateo 10:28) Biblia ɖee fia be kukuawo menya naneke o, elabena egblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Eyata Yehowa Mawu xlɔ̃ nu eƒe amewo le blema be woagate kpɔ be yewoalé avu ame kukuwo alo aƒo nu kple wo o. (Mose V, 14:1; 18:10-12; Yesaya 8:19, 20) Biblia ƒe nyateƒe siawo tsi tre ɖe kukɔnu nyanyɛ geɖe ŋu.
Ke “Gòtutu” Ðe?
Le dukɔ aɖewo siwo le Afrika ƒe titina me la, wodina be srɔ̃tɔ si srɔ̃ ku la nadɔ kple ame kukua ƒe ƒometɔ kpamkpam. Ne womewɔe o la, woxɔe se be ame kukua ava wɔ nuvevi ƒometɔ siwo le megbea. Woyɔa kɔnu sia be “gòtutu.” Gake Biblia yɔ gbɔdɔdɔ ɖesiaɖe si menye srɔ̃tɔwo domee wowɔe le o be ‘matrewɔwɔ.’ Esi wodi tso Kristotɔwo si be ‘woasi le matre kple ahasi wɔwɔ nu’ ta la, dzi nɔa wo ƒo wogbea kɔnu sia si mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o.—Korintotɔwo I, 6:18.
Bu ahosi aɖe si ŋkɔe nye Mercy ŋu kpɔ.a Esime atsua ku le ƒe 1989 me la, ƒometɔwo di be wòatu gò kple ŋutsu bubu si nye srɔ̃a ƒe ƒometɔ. Egbe, eye wòɖe nu me na wo be kɔnu ma tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu. Esi ƒometɔawo ƒoe ɖe enu wòglo wo la, wodzui hedzo le egbɔ. Le ɣleti ɖeka megbe la, wova ha nuwo le eƒe aƒeme, eye woklo kantsi le eƒe xɔ dzi. Wogblɔ be: “Wò subɔsubɔha la akpɔ dziwò.”
Hamea fa akɔ na Mercy eye wotu xɔ yeye gɔ̃ hã nɛ. Ewɔ dɔ ɖe aƒelikawo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo va kpe asi ɖe xɔa tutu ŋu, eye fiasrɔ̃ si nye Katolikotɔe nye ame gbãtɔ si tsɔ be vɛ be woatsɔ agba xɔa. Mercy ƒe nuteƒewɔwɔ de dzi ƒo na viawo. Wo dometɔ ene ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu xoxo, eye nyitsɔ laa wo dometɔ ɖeka de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku.
Le gòtutu kɔnua ta la, Kristotɔ aɖewo ɖe asi le wo ɖokui ŋu wona woɖe dzimaxɔsetɔwo. Le kpɔɖeŋu me, aho aɖe si xɔ ƒe 70 kple edzivɔ tsi dzi va ɖe nyɔnuvi sue aɖe si nye srɔ̃anyɔnu kukua ƒometɔ. Nusia wɔwɔ ana wòagblɔ be yetu gò. Gake nuwɔna sia tsi tre ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be Kristotɔwo ‘naɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me’ ŋu.—Korintotɔwo I, 7:39.
Ŋudɔdɔkɔnuwo
Le dukɔ geɖe me la, konyifalawo ƒoa ƒu ɖe ame kukua ƒeme dɔa ŋu zã bliboa. Zi geɖe wodɔa ŋu sia kple aglotutu kpakple haƒoƒo bobobo. Woxɔ se be nusia faa dzi na ame kukua eye wòkpɔa ƒome si le megbea ta tso adzetɔwo si me. Wogblɔa numevivinyawo bene ame ƒe nu nadze ame kukua ŋu. Le nuƒoa megbe la, konyifalawo dzia subɔsubɔha aɖe hafi ame bubuwo gatsona ƒoa nu. Woate ŋu anɔ nusia dzi ŋu nake.b
Le esi Biblia fia be kukuawo mate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu loo alo awɔ nuvevi wo o ta la, Kristotɔ vavã madɔ ŋu ŋu nake ahawɔ kɔnu mawo o. (Mose I, 3:19; Psalmo 146:3, 4; Yohanes 11:11-14) Ŋɔŋlɔawo tsri gbɔgbɔyɔyɔ. (Nyaɖeɖefia 9:21; 22:15) Ke hã, ɖewohĩ asesẽ na ahosi Kristotɔ be wòagbe na ame bubuwo be woagawɔ gbɔgbɔyɔnuwo o. Ðewohĩ woate tɔ ɖe edzi be yewoadɔ ŋu ŋu nake le eƒeme. Nukae haxɔsetɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe Kristotɔ si ame ku na ŋu ne edze ŋgɔ xaxa bubu sia?
Hamemegãwo kpena ɖe Kristotɔ ƒome si ame ku na ŋu zi geɖe to nuƒoƒo kple ƒometɔwo kple aƒelikawo me. Le nuƒoƒo kple amesiawo vɔ megbe la, wolɔ̃na doa go le aƒea me kpoo be yewoava ƒo ƒu gbebubugbe awɔ kunua. Ke ne ame aɖewo ya te dzrehehe ɖe? Ate ŋu azu vu ne wodi be woayi edzi aƒo nu kple wo. ‘Mehiã be Aƒetɔ la subɔla nawɔ vu o, ke boŋ wòado dzi le vɔ̃ me.’ (Timoteo II, 2:24) Eyata ne ƒometɔwo gbe nugɔmesese eye wotsɔ akpasesẽ ɖo tɔ ɖe nuwo dzi la, ahosi Kristotɔ kple viawo mate ŋu axe mɔ ɖe enu o. Gake womakpɔ gome le alakpasubɔsubɔkɔnu ɖesiaɖe si woawɔ le woƒe aƒea me me o, elabena wowɔna ɖe Biblia ƒe sededea dzi be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ [ɖe] dzimaxɔsetɔwo ti o!”—Korintotɔwo II, 6:14.
Gɔmeɖose sia aku ɖe ameɖiɖia hã ŋu. Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le hadzidzi, gbedodoɖa, alo kɔnu siwo dzi alakpasubɔsubɔha nunɔlawo kpɔna aɖeke me o. Ne Kristotɔ siwo nye ƒometɔ kpamkpamwo kpɔe be ehiã be yewoayi wɔna siawo wɔƒe la, womekpɔa gome le wo me o.—Korintotɔwo II, 6:17; Nyaɖeɖefia 18:4.
Kunuwɔwɔ Siwo Ŋu Bubu Le
Ne Yehowa Ðasefowo le kuteƒe nuƒo kple wɔnawo dzi kpɔm la, womewɔa kɔnuwo kple susu be woalé avu ame kukuwo o. Woƒoa nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi le Fiaɖuƒe Akpata me, le aƒe si me wole kunua wɔm le, le ame kukua ƒeme, alo le yɔdoa to. Taɖodzinu si le nuƒoa ŋue nye be woaɖe nusi Biblia gblɔ le ku kple tsitretsitsi ŋu me atsɔ afa akɔ na kutɔawo. (Yohanes 11:25; Romatɔwo 5:12; Petro II, 3:13) Wodzia ha si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi, eye wodoa gbe fakɔname aɖe ɖa tsɔ wua wɔna la nui.
Nyitsɔ laa la, woƒo kuteƒe nuƒo sia tɔgbe le Yehowa Ðasefo aɖe si nye Nelson Mandela, South Africa ƒe dukplɔla yomevi nyɔnu suetɔ ƒe kuteƒe. Le nuƒoa megbe la, dukplɔla la da akpe na nuƒola la tso dzime. Bubumewo kple dumegã geɖe de. Dziɖuɖuɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Bubu le kuteƒe sia ŋu wu esiwo katã mede kpɔ.”
Ðe Wòsɔ be Woata Ahovɔa?
Yehowa Ðasefowo faa woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku. Wote ŋu faa avi abe Yesu ene. (Yohanes 11:35, 36) Gake womebui be ehiã be yewoawɔ nane wòanye gotagomedzesi atsɔ aɖe yewoƒe nuxaxa afia amewo o. (Tsɔe sɔ kple Mateo 6:16-18.) Le dukɔ geɖe me la, wodina be ahosiwo nata ahovɔ tɔxɛwo atsɔ afa dzii na ame kukua. Woanɔ eme ɣleti geɖe alo ƒe ɖeka gɔ̃ hã le kunua wɔwɔ vɔ megbe, eye eɖeɣi ganyea azãɖuɖu bubu.
Wobua ahomawɔmawɔ be enye agɔdzedze le ame kukua dzi. Le susu sia ta le Swaziland ƒe akpa aɖewo la, fiawo nyã Yehowa Ðasefowo tso woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me kple anyigbawo dzi. Gake gbɔgbɔmenɔvi siwo le teƒe bubuwo kpena ɖe Kristotɔ wɔnuteƒe siawo ŋu ɣesiaɣi.
Swaziland ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔ tso afia dzɔdzɔe na Yehowa Ðasefowo gblɔ be woana woatrɔ va woƒe aƒewo me kple anyigbawo dzi. Le nudzɔdzɔ bubu me la, woɖe mɔ na ahosi Kristotɔ aɖe wònɔ eƒe anyigba dzi esi wòtsɔ lɛta kple nya siwo wolé ɖe kasɛt dzi si me atsua si ku la gblɔ le kɔte be mele be yesrɔ̃ nata ahovɔ o la fia. Eyata ete ŋu ɖo kpe edzi be le nyateƒe me la, yele bubu dem yesrɔ̃ kukua ŋu.
Eɖea vi geɖe ne wogblɔ alesi woawɔ kunui ŋuti nyawo da ɖi hafi ku, vevietɔ le teƒe siwo wolɔ̃a nusiwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o wɔwɔ le. Bu Victor si le Cameroon ƒe nya ŋu kpɔ. Eŋlɔ ɖoɖo siwo dzi woazɔ ɖo le eƒe kuteƒe da ɖi. Ame ŋkuta geɖe le ƒomea me siwo mefena le kɔnu tɔxɛwo wɔwɔ na ame kuku ŋu o, eye wodea ta agu na ametakoliwo hã. Esi Victor nye bubume le eƒe ƒomea me ta la, enya be woade bubu yeƒe takolia ŋu nenema. Eyata ede se siwo me kɔ le alesi wòle be Yehowa Ðasefowo nawɔ eƒe kunui ŋu. Nusia na nuwo nɔ bɔbɔe na srɔ̃a ahosia kple viawo, eye wònye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na nutoa me tɔwo.
Tsri Kɔnu Siwo Mesɔ Ðe Ŋɔŋlɔawo Nu O Wɔwɔ
Vɔvɔ̃ wɔnɛ be ame aɖewo siwo nya Biblia medi be yewoato vovo o. Esi womedi be woati yewo yome o ta la, wodze agbagba wɔ nu be wòadze nutoa me tɔwo ŋu ale be wowɔ abe ɖe wole ŋu dɔm le kɔnua nu ene. Togbɔ be enyo be woayi aɖakpɔ kutɔawo ɖa afa akɔ na wo hã la, esia mefia be woaƒo kuteƒe nuƒo sue aɖe le ame kukua ƒeme zã sia zã si do ŋgɔ na kunua ŋutɔ o. Nusia wɔwɔ ate ŋu azu nukikli na eteƒekpɔlawo, elabena ate ŋu ana woasusu be ewɔlawo mexɔ nusi Biblia gblɔ le ame kukuwo ƒe nɔnɔme ŋu dzi se ŋutɔŋutɔ o.—Korintotɔwo I, 10:32.
Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woatsɔ Mawu ƒe subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me eye be woawɔ woƒe ɣeyiɣi ŋuti dɔ nyuie. (Mateo 6:33; Efesotɔwo 5:15, 16) Gake le teƒe aɖewo la, hamea ƒe dɔwɔnawo tɔ te kwasiɖa ɖeka alo wu nenema le kunuwɔwɔ ta. Menye Afrika koe nusia dzɔna le o. Nyatakaka aɖe si tso Anyiehe Amerika gblɔ le kunuwɔwɔ aɖe ŋu be: “Kristotɔwo ƒe kpekpe etɔ̃ valawo ɖiɖi ale gbegbe. Anɔ ŋkeke ewo sɔŋ la, amewo meva woayi gbeadzi o. Ewɔ nuku na egodotɔwo kple Biblia-nusrɔ̃viwo gɔ̃ hã eye wòte ɖe wo dzi be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le gome kpɔm le kunua wɔwɔ me.”
Le nuto aɖewo me la, ƒome si ame ku na la kpea xɔlɔ̃ vevi ʋee aɖewo vaa wo ƒeme hena numeɖenu vi aɖe dede nume le ameɖiɖi vɔ megbe. Gake le Afrika ƒe teƒe geɖe la, kuteƒevala alafa geɖe nyea zi ɖe ame kukua ƒe aƒeme nɔa mɔ kpɔm na kplɔ̃ɖoɖo kpeɖi, afisi wowua lãwo lena zi geɖe. Kristo-hamea me tɔ aɖewo hã srɔ̃ kɔnu sia wɔwɔ eye wòwɔ abe ɖe wole kplɔ̃ ɖom le kɔnua nu tsɔ le dzi fam na ame kukua ene.
Kunu siwo dzi Yehowa Ðasefowo kpɔna la medoa fe na kutɔwo o. Eyata mele be wòahiã be woawɔ ɖoɖo tɔxɛ be amesiwo va la nadzɔ ga woatsɔ axe kunu si ŋu wogblẽ ga gbogbo aɖe ɖo la ƒe fewoe o. Ne ahosi siwo ɖo ko mate ŋu axe fe siwo katã hiã o la, ɖikeke mele eme o be adzɔ dzi na hamea me tɔ bubuwo be yewoakpe ɖe wo ŋu. Ne kpekpeɖeŋu sia mesu o la, hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ana ŋutilãmekpekpeɖeŋu amesiwo dze.—Timoteo I, 5:3, 4.
Menye ɣesiaɣie kunuwɔwɔwo tsia tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Ne wotsi tre ɖe wo ŋu la, Kristotɔwo ɖonɛ kplikpaa be yewoawɔ nu wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu.c (Dɔwɔwɔwo 5:29) Togbɔ be esia ate ŋu anye xaxa bubu hã la, Mawu subɔla geɖe ate ŋu aɖi ɖase be yewote ŋu to dodokpɔ siawo me dzidzedzetɔe. Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” lae do ŋusẽ wo woto eme, eye haxɔsetɔ siwo fa akɔ na wo le woƒe xaxawo me hã kpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe.—Korintotɔwo II, 1:3, 4.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míezã ŋkɔ bubu na ameawo le nyati sia me.
b Le gbegbɔgblɔ kple nuto aɖewo me la, wozãa nya “ŋudɔdɔ” na amesasrãkpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe be woafa akɔ na kutɔwo. Ðewohĩ womewɔa naneke si tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu o. Kpɔ May 22, 1979 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 27-8.
c Le afisiwo wòate ŋu adzɔ le be kunuwɔwɔwo ahe dodokpɔ sesẽwo vɛ na Kristotɔwo le la, hamemegãwo ate ŋu adzra amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ ɖo ɖe nusi ate ŋu adzɔ ŋu. Ne wokpe kple ame yeye siawo be woadzro biabia siwo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa me me la, ele be woalé fɔ ɖe akpa siwo nye “Luʋɔ la, Nuvɔ̃ kple Ku” kpakple “Xɔsetsakatsaka” ŋu nyuie. Biabia bubu siwo woate ŋu abia ne wolɔ̃ la le akpa eve siawo. Afisiae hamemegãwo ate ŋu ana numekɔkɔ le kukɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o le ale be amesi di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la anya nusi Mawu ƒe Nya la di tso esi ne wòɖo nɔnɔme siawo me.
[Aɖaka si le axa 23]
Woyra Wo Ðe Woƒe Tenɔnɔ Ses Ĩe Ta
Sibongili nye ahosi Kristotɔ si ƒo dzi le le Swaziland. Nyitsɔ laa esi atsua ku la, egbe be yemawɔ kɔnu siwo ame geɖe susu be afa dzi na ame kukuwo la o. Le kpɔɖeŋu me, egbe meƒlɔ ta o. (Mose V, 14:1) Ƒomea me tɔ enyi do dɔmedzoe eye wotsɔ akpasesẽ ƒlɔ ta nɛ. Woxe mɔ hã na Yehowa Ðasefowo be womegava aƒea me va fa akɔ na Sibongili o. Gake enye dzidzɔ na ame bubu siwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe gbedasia me be yewoayi egbɔ atsɔ dzideƒonamelɛta siwo hamemegãwo ŋlɔ la anae. Gbesigbe wòle be Sibongili nata ahovɔ la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. Ameŋkuta aɖe si le ƒomea me yɔ takpekpe be woadzro nusita wògbe be yemawɔ aho o la me.
Sibongili ka nya ta be: “Wobia be ɖe nye subɔsubɔdzixɔsewo ɖe mɔ be mata ahovɔ yibɔ atsɔ aɖe nye nuxaxa afia hã. Esi megblɔ nye susu vɔ la, wogblɔ nam be yewomazi dzinye o. Ewɔ nuku nam be wo katã woɖe kuku be yewowɔ fum ƒlɔ ta nam akpasesẽtɔe. Wo katã wogblɔ nam be matsɔe ke yewo.” Emegbe Sibongili yometɔ nyɔnu ɖee gblɔ be yexɔ se be Yehowa Ðasefowoe nye subɔsubɔha vavãtɔ, eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kple ye.
Bu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ: Ƒe 29 ye South Africa ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Benjamin xɔ esime wòse be fofoa ku kpata. Ɣemaɣi la, Benjamin koe nye Ðasefo le eƒe ƒomea me. Le ameɖiƒe la, ele be amesiame naɖo fli ato yɔdoa to aku ke asiʋlo ɖeka akɔ ɖe aɖaka la dzi.d Le ameɖiɖi vɔ megbe la, woƒlɔ ta na ƒometɔ kpamkpamwo katã. Esi Benjamin mewɔ kɔnu siawo o ta la, nutoa me tɔwo kple ƒometɔwo gblɔ be fofoa kukua ƒe ŋɔli ava he to nɛ.
Benjamin gblɔ be: “Esi meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, naneke medzɔ ɖe dzinye o.” Ƒomea me tɔwo de dzesi alesi nuwo va yii nɛ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ geɖe va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo eye woxɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi. Ke Benjamin ya ɖe? Ege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, mɔnukpɔkpɔ nyui su esi be wòwɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ ɖasubɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
d Ame aɖewo mabui be egblẽ be woada seƒoƒo alo akɔ ke asiʋlo ɖeka ɖe yɔdo me o. Gake Kristotɔ aƒo asa nɛ ne nutoa me tɔwo bunɛ be enye nusi wowɔna tsɔ faa dzi na kukuawo alo ne wònye wɔna si dzi alakpasubɔsubɔha aɖe ƒe nunɔla kpɔ.—Kpɔ March 22, 1977, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 15.