“Tagbɔdɔdada Ƒe Nublanuinya Aɖe”
Nyati aɖe si wota ɖe Synergy, si nye Canadatɔwo ƒe Dukɔwo Dome Lãmesẽ Habɔbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe, me gblɔ be: “Togbɔ be wowɔ atikewɔwɔ me ŋgɔyiyi gãwo le tagbɔdɔdada ƒe akpa geɖe me hã la, míedze ŋgɔ xexeame katã ƒe tagbɔdɔdada ƒe nublanuinya aɖe.”
Akɔntabubu aɖe ɖee fia be ame 1 le ame 4 ɖesiaɖe dome le xexeame katã le susu, seselelãme, alo nutsiamesi dɔwo lém. Numekuku bubu ɖee fia be le dɔnɔ 3 ɖesiaɖe si vaa atikewɔlawo gbɔ dome la, blanuiléle alo dzimaɖitsitsi ƒe kuxiwo tae wo dometɔ 1 vana ɖo. Eye numekukuwɔlawo gblɔ be dzidzim koe xexlẽme mawo le ɖe edzi.
Nukatae? Numekuku aɖe si Hadometikewɔwɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Harvard Yunivɛsiti wɔ de dzesii be dɔlélewo abe blanuilédɔ, tagbɔdɔ si dea ɖikeke, seselelãme, kple vɔvɔ̃ siwo me susu mele o ame me, kple ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔmawɔmawɔ ene le dzidzim ɖe edzi elabena “ame geɖe tsina ɖoa ƒe siwo me wogbɔdzɔna le me.” Gake menye agbedidinɔnɔ gbɔ koe wòtso o. Etsoa gakuxiwo hã gbɔ, eye egbegbe ƒe agbenɔnɔ ƒe nuteɖeamedzi siwo le dzidzim ɖe edzi hã le eme.
Aleke woate ŋu atrɔ nɔnɔme wɔnublanui siae? Eŋununyalawo gblɔ be le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ mɔnu vovovo siwo li dome la, ele be woakpɔ tagbɔdɔdada gbɔ gbã elabena “enye nusiwo hiã hena amegbetɔ ƒe nyonyo, siwo ŋu woke ɖo ƒe yeyetɔwo kekeake dometɔ ɖeka.”