Nusiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi—Nusiwo Nàte Ŋu Awɔ Le Wo Ŋu
LÃMESẼ mele abe mɔli alo abolowɔ ene si kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo ƒe dɔwɔla aɖe nana wò o. Womedenɛ kotoku tsɔ vanɛ na ame o elabena menye nudzadzrae wònye o ke boŋ nɔnɔme aɖee. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ɖe “lãmesẽ” gɔme be “enye ŋutilã me, tamesusu kple hadome nunyoname ƒe nɔnɔme deblibo.” Gake nukae afia nunyoname ma ƒe agbɔsɔsɔme si anɔ ame si?
Woate ŋu azã ʋuƒo, gatagbadzɛ, kple zingi atu xɔ kpokploe aɖee, gake zi geɖe dzogoedzisɔti ene ye léa akpa vovovoawo ɖe te. Nenema ke nu hamehame geɖe ye kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmesẽ dzi, gake wo katã do ƒome kple “dzogoe” ene dzi ŋusẽkpɔɖedzinuwo. Woawoe nye (1) agbenɔnɔ, (2) nɔƒe, (3) atikewɔwɔ, kple (4) míaƒe ŋutilã ƒe wɔwɔme. Abe alesi nàte ŋu ado ŋusẽ wò aƒea to asitɔtrɔ le dzogoedzisɔtiawo ƒe nyonyo ŋu ene la, nenema ke nàte ŋu ana wò lãmesẽ nanyo ɖe edzii to asitɔtrɔ le ŋusẽkpɔɖedzinu siawo ŋui be woanyo ɖe edzi me. Biabia lae nye, Aleke nàte ŋu atsɔ kesinɔnu ʋee si le asiwò la awɔe?
Wò Agbenɔnɔ Kple Wò Lãmesẽ
Le nu eneawo dome la, wò agbenɔnɔe nye esi dzi nàte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖo bɔbɔe wu. Asitɔtrɔ le eŋu be wòanyo wu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ele eme baa be ahedada aɖe tɔtrɔ siwo nàte ŋu awɔ le wò nuɖuɖu kple nuwɔnawo me dzi akpɔtɔ ya, gake ne èzã tiatiawɔmɔnu siwo li la, àte ŋu awɔ tɔtrɔ gã aɖe. Bu kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ.
Mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi na vinɔwo be woatia be yewoana no yewo vidzĩwo loo alo yewoana atukpa me nyinotsi wo. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ gblɔ be nonana vie nye “tiatia nyuitɔ le ŋutilã me kple ganyawo gome siaa.” Eŋunyalawo gblɔ be vidada ƒe notsie nye “lãmesẽnanuɖuɖu nyuitɔ kekeake” si naa nunyiame siwo nye “protein, aminu, notsi me sukli, vitamin, mineral kple nunyiamenu suesue siwo hiã be woana woatsi ɖe ɖoɖo nu ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ tututu.” Notsi tsɔa nusiwo wɔa aʋa kple dɔlékuiwo hã tso vinɔa gbɔ yina na vidzĩa, eye esia nyea avuwɔwɔ kple dɔléle ƒe ŋutete ƒe gɔmedzedze nyui aɖe na vidzĩa.
Anyigba xɔdzowo dzi si dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔmewo mede ame dzi le o koŋ ye nonana vi nye nusi nyo le wu. Womate ŋu adzro vinɔ ƒe notsi wòazu tsroloe akpa le gamanɔanyi ta abe atukpa me notsi ene o, womate ŋu awɔ vodada le edzodzro me o, eye etsoa teƒe si le dzadzɛ ɣesiaɣi. Gake Canadatɔwo ƒe Dukɔwo Dome Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakagbalẽ Synergy gblɔ be “ele bɔbɔe zi gbɔ zi 15 be mitsinyenye nawu vidzĩ si wona atukpa me notsii eye zi gbɔ zi ene be axamedɔ nawui wu vidzĩ si wona no dzaa koe.”
Egadea ame dzi le ganyawo gome hã. Nyinotsiwɔ xɔ asi le dukɔ madeŋgɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, atukpa me notsi nana vi ate ŋu axɔ ƒome dahewo ƒe ɣletikukuifetu ƒe akpa atɔ̃lia le Brazil. Ga si wotsɔ dzra ɖo le esi wona no ɖevia ta la ate ŋu aƒle nuɖuɖu siwo me nunyiame le na ƒome bliboa—dadaa hã naɖu.
Le viɖe siawo gbegbe ta la, awɔ na wò be ɖe nonana vi anɔ dzidzim ɖe edzi. Gake Philippines lãmesẽdɔwɔlawo ka nya ta le nonana vi le afima ŋu be “nu vi aɖe koe susɔ ne wòabu ɖa kura,” eye numekuku si wowɔ le Brazil fia be nu vevitɔ siwo tae akɔtadɔ wua vidzĩwo le afimae nye “nomanamana vi.” Gake viwò ya ate ŋu asi le afɔku ma nu. Tiatia la le gbɔwò.
Gake ƒomea me tɔ bubuwo ƒe nuwɔna siwo medea ame ƒe lãmesẽ dzi o ate ŋu agblẽ agbagba siwo vinɔa anɔ dzedzem be yeakpɔ ɖevia ƒe lãmesẽ ta la me. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye vinɔ aɖe si le Nepal. Wo kple srɔ̃a kple vianyɔnuvi si xɔ ƒe etɔ̃e dɔa xɔ fafa aɖe me. Panoscope magazine gblɔ be dzodoƒe kple atama dzudzɔ xɔa xɔ vi ma me katã. Akɔtadɔ dze ɖevia dzi. Nɔa xa nu be: “Nyemate ŋu agbe atama na srɔ̃nye o. Fifia meƒlea sigareti na srɔ̃nye heƒlea atike na vinye.”
Ewɔ nublanui be nya si le dzɔdzɔm ɖe edzi la va le bɔbɔm ɖe edzi kabakaba esi dukɔ madeŋgɔwo me tɔ siwo le dzidzim ɖe edzi gblẽa ga si dim wole vevie ɖe atamanono ŋu. Le nyateƒe me la, ne atamanola ɖeka ɖe asi le enono ŋu le Europa alo United States la, ame eve dzea enono gɔme le Latin Amerika dukɔwo me alo le Afrika. Netherlandtɔwo ƒe agbalẽ si nye Roken Welbeschouwd gblɔ be vodadaa ƒe akpa gã aɖe tso boblododo ameflutɔwo gbɔ. Nuŋɔŋlɔ siawo tɔgbe abe “Varsity: eyae ana wò tagbɔ nakɔ nyuie nenema” kple “Gold Leaf: sigareti adodoe na ame ŋkutawo” ene naa ame dahewo susuna be atamanono naa woyia ŋgɔ eye nu dzea edzi na ame. Gake menye nenema boŋ ye kura hafi o. Gae wògblẽna na ame gadea dɔ lãme na ame ƒua edzi.
Bu nya sia ŋu kpɔ. Ɣesiaɣi si wono sigareti ɖeka la, eɖea miniti ewo le ame ƒe agbenɔƒe dzi eye wòdzia dzidɔ kple ame ƒe akpa ɖeka ƒe kuku ɖe ame ŋu, cancer xɔxɔ ɖe dzitodzito, vehlo, kple nu me kpakple dɔ bubuwo xɔxɔ ɖe edzi. UN Chronicle magazine gblɔ be: “Atamazazã koe nye nusiwo hea kuku do ŋgɔ na ame ƒe ŋkeke kple dɔléle ƒe nugbegblẽ le ame ŋu siwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo hafi vɛ ƒe gãtɔ.” Taflatse de dzesii be egblɔ be enye ‘nusi nu woate ŋu axe mɔ ɖo.’ Àte ŋu adzudzɔ atamanono.
Gake agbenɔnɔ ƒe tiatia bubu geɖe gali siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wò lãmesẽ dzi. Aɖaka si le nyati sia ƒe axa 11 yɔ nyati aɖewo siwo nàte ŋu axlẽ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me gbalẽdzraɖoƒe. Ele eme be nusiawo sɔsrɔ̃ bia agbagbadzedze baa. Gake Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Màte ŋu anɔ lãmesẽ me ne sidzela siwo srɔ̃ nu le woƒe lãmesẽ ŋu eye wona hehe wo le eŋu meli o.” Eyata ɖe afɔ sia si ade wò lãmesẽ dzi femaxee: Wò ŋutɔ srɔ̃ nu le eŋu.
Lãmesẽ Kple Alesi Aƒewòme Le
Agbalẽ si nye The Poor Die Young gblɔ be nɔnɔme siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wò lãmesẽ dzi wue nye wò aƒeme kple amesiwo dome nèle. Wò nɔƒe ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu le tsi si le afima ta. Tsi si woazã ƒe masumasu kple tsi manyomanyo mee dɔ nɔna woxɔna, eyae naa ŋutigbalẽdɔwo, mitsinyenye, kolera, kpetadede, asrã sesẽ si ŋɔa dɔkavi na ame (typhoid fever) kple dɔ bubuwo.
Ne pɔmpi koe nàʋu ne èdi be yeaklɔ asi la, ɣeyiɣi gbogbo si aƒe siwo me pɔmpi mele o zãna ɖe tsidudu ŋu gbesiagbe la me manya se na wò o. Zi geɖe amesiwo wu 500 ye kua pɔmpi ɖeka. Efia be ele be woalala. Gake amesiwo mekpɔa ga boo aɖeke vaa aƒemee o la wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe, eye agbalẽ si nye Environmental Problems in Third World Cities gblɔ be lala “gblẽa ɣeyiɣi si woatsɔ awɔ dɔe akpɔ ga la na ame.” Eyata mewɔ nuku o be le ƒome si me tɔwo de ade me la, tsi si woduna yia aƒeme medea tɔkpo 30 si hiã gbesiagbe na ƒome si me tɔwo de nenema la o. Eyata tsi si li la mesuna na nuɖuɖu kple agba kɔklɔ, nunyanyã kple beléle na ame ɖokui o. Nusia hea nɔnɔme siwo dzia yɔe kple tagbatsuwo vɛ, siwo hã gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu.
Bu nya sia ŋu kpɔ. Ne èdoa gasɔ yia dɔ mee le didiƒe la, ɖe nàbui ɣeyiɣigbegblẽe be yeade ami gasɔa ƒe kɔsɔkɔsɔ si kunɛ me, adzra eƒe brek ɖo alo aɖɔ li afɔtia me gavi aɖea? Ao, elabena ènya be ne yekpɔ gaƒoƒo ʋee aɖewo le esi yemedzra gasɔa ɖo o ta hã la, yeate ŋu agu ŋkeke blibo ɖeka ƒe dɔ ne yeƒe gasɔa gblẽ. Nenema ke gaƒoƒo ʋee aɖewo ate ŋu atsi anyi na wò eye nàkpɔ ga vi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ne mèdu tsi si hiã na wò lãmesẽ takpɔkpɔ o, ke emegbe la, àgblẽ ŋkeke kple ga geɖe ŋutɔ ne èdze dɔ le esi mèléa be na wò lãmesẽ o ta.
Woate ŋu awɔ tsidudua wòanye ƒomea katã ƒe dɔ. Togbɔ be anye ɖeviwo kple wo dada koe ade tɔme le afisi nèle ƒe kɔnuwo nu hã la, fofo si tsɔa ɖe le eme mabui nu tsitsrii be ye ŋutɔ hã yeade tɔme o.
Gake ne tsia va ɖo aƒeme vɔ la, kuxi evelia aɖe gadoa mo ɖa—alesi woana tsia nanɔ dzadzɛ. Lãmesẽgbɔkpɔlawo ɖo aɖaŋu be: Mègada tsinono kple tsi si nàzã na nu bubuwo wɔwɔ ɖe teƒe ɖeka o. Tsɔ nutunui si tuna ɖe nu nu nyuie tu enu ɣesiaɣi. Na tsia nanɔ anyi vie ale be ɖia nayi ɖe ete. Mègana wò asi nade tsia me ne èle ekum o, zã kplu dzadzɛ si ƒe alɔ didi boŋ. De atike si ƒomevi wotsɔna ɖea nu le awu mee ne nane ɖi ɖe eme (bleach alo décolorant) tsi me nàtsɔ klɔ nusi me nèkua tsia ɖo edziedzi, eye nàkpalae kple tsi kɔkɔe. Ke tsidzadza hã ɖe? Akpe ɖe ame ŋu geɖe (ne tsia anya dza ko!), eye ate ŋu anye tsi nyui ne mekplɔ ɖi ge ɖe nugo si me wòle tɔtrɔm ɖo me o eye wotua nu ɖe enu nyuie be nudzodzoewo kple afiwo kple lã bubu nagage ɖe eme o.
Ne mèka ɖe tsia ƒe nyonyo dzi tututu o la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ɖo aɖaŋu be nàde atike siwo ɖea chlorine le nu me eme, abe sodium hypochlorite alo calcium hypochlorite ene, siwo wua dɔlékuiwo la eme. Eɖea vi eye mexɔ asi hã o. Le kpɔɖeŋu me, le Peru la, ga si ƒome ɖeka zãna ɖe nusiawo zazã ŋu la medea dɔlar eve le ƒe me o.
Lãmesẽ Kple Atikewɔwɔ
Zi geɖe la, atikewɔmɔnu eve koe nɔa susu me na ame dahewo: (1) esi li gake le esi ga mele wo si o ta meɖea vi na wo o kple (2) esi ga li woawɔ na wo gake atikewɔmɔnua ŋutɔ meli o. Donna Maria si nye São Paulo ƒe du dahe me tɔ siwo esusɔ vie ko woade ame 650,000 dometɔ ɖeka ɖe nu me le atikewɔwɔmɔnu si wobu be eyae nye nyuitɔ kekeake la ŋu be: “Ðeko atikewɔmɔnu nyui le na míawo ya abe nu dzadzra aɖe si wotsɔ ɖo asii ɖe fiase me nàkpɔ to fesre nu le gatɔwo ƒe asiƒleƒe ene. Míate ŋu akpɔe kple ŋku ya gake míaƒe ŋutete meɖo afima o.” (Vandaar magazine) Le nyateƒe me la, Donna Maria le dugã si me kɔdziwo te ŋu koa ame ƒe dzi eye wonaa ʋu si sina tso ame ƒe dzi gbɔ te ŋu toa ʋuka bubu me ne dzia ƒe ʋuka aɖe me xe, afisi wozãa kɔmpiutahuhɔ̃e sẽŋuwo tsɔ dia dɔlélee eye wowɔa atikewɔɖaŋu deŋgɔ bubuwo le. Gake eya ƒe ŋutete mate ŋu aɖo dɔdamɔnu siawo gbɔ o.
Ne dɔdamɔnu si gbɔ ame ƒe ŋutete mate ŋu aɖo o le abe fiase me nu xɔasi ene la, ke dɔdamɔnu si gbɔ ame ƒe ŋutete aɖo ya le abe nu ɖiɖi aɖe si nuƒlela alafa geɖe le gidigidi wɔm be yewoƒe asi naka le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me ene. Nyatakaka aɖe si tso Dziehe Amerika dukɔ aɖe me nyitsɔ laa siaa gblɔ be: ‘Dɔnɔwo le fli me ŋkeke eve si womekpɔ ɖɔkta haɖe o. Abatiawo yɔ gbagba. Ga, atike, kple nuɖuɖu mele dziɖuɖu ƒe kɔdziwo o. Nu geɖe le fu ɖem na kɔdziwo.’
Be woana kɔdzi siawo siwo nuwo le fu ɖem na ƒe atikewɔwɔ na ame tsɛwo naka ɖe eme la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa le asi ɖem le dɔ si wowɔna tsã si nye dɔlélenutsitsi ŋu vivivi va le tɔtrɔm ɖe alesi woakpɔ ame ƒe lãmesẽ tae ŋu eye alesi wòle ewɔmee nye be efiaa alesi woaxe mɔ na dɔlélee kple alesi woada dɔe ne woxɔe la amewo. UN Chronicle ŋlɔ be, ɖoɖowɔwɔ siwo doa ame ƒe lãmesẽ ɖe ŋgɔ, abe nunyuiɖuɖu, tsi nyui nono, kple beléle na ame ɖokui ene, “de amewo ƒe lãmesẽ dzi le xexeame godoo.” Ðe ɖoɖowɔwɔ siawo le vi ɖem na wòa? Ðewohĩ ɖeka aɖe le vi ɖem na wò. Kae? Eyae nye Mɔxexe Ðe Dɔléle Nu ƒe Ðoɖo si Keke Ta (alo Abɔtasisi).
Abɔtasilawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, “abɔtasila va xɔ ɖe posudɔwɔla teƒe abe amesi vaa aƒewo kple kɔƒewo me edziedzi wu ene.” Le ƒe ewo siwo va yi me la, wosi abɔta na amewo tso Amazon-tɔsisia ŋu va ɖo Himalaya-towo dzi, eye va ɖo ƒe 1990 me la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be wosi abɔta na vidzĩ siwo katã le xexeame ƒe alafa memamã 80 tsɔ kpɔ wo ta tso dɔléle ade siwo wua vidzĩwo la si me.a Abɔtasisidɔ sia xɔa ɖevi siwo wu miliɔn etɔ̃ ɖe agbe ƒe sia ƒe. Ðevi 450,000 bubu siwo anye ne woaku te hafi la te ŋu zɔa azɔli, ƒua du, hefena. Eyata dzila geɖe tso nya me be woasi abɔta na yewo viwo ne womegaxɔ dɔ o.
Ɣeaɖewoɣi la, màte ŋu axe mɔ ɖe dɔléle nu o, gake hã àte ŋu alé avui ya kokoko. World Health magazine gblɔ be, “wobu akɔnta be lãmesẽ takpɔkpɔ ƒe akpa gã aɖe si wu afã la nye beléle na ame ɖokui alo ƒomea ƒe beléle na ame.” Beléle na ame ɖokui sia ƒomevi aɖee nye dze kple sukli dede tsi si le dzadzɛ me, si wɔwɔ mexɔa nu boo aɖeke o, si woano atsɔ ade tsi lãme na ame ne tsi vɔ le ame ƒe lãme, si woyɔna le Eŋlisigbe me be “oral rehydration solution (ORS).”
Atikewɔla geɖe bua tsixɔxɔɖelãmemɔnu sia, si me ORS la hã le, be eyae nye mɔ nyuitɔ kekeake si nu woato akpɔ tsivɔlelãmename si tso mitsinyenye gbɔ la gbɔe. Ne wozãe le xexeame katã tsɔ lé avu ame biliɔn 1.5 siwo mitsinyenye ɖea fu na ƒe sia ƒe ƒe dɔe la, eƒe wɔ aŋekotokuvi ɖeka si xɔa Amerikatɔwo ƒe cent ewo (si sɔ kple ₵100 fifia) ko, la ate ŋu axɔ ɖevi miliɔn 3.2 siwo mitsinyenye wuna ƒe sia ƒe la dometɔ geɖe ɖe agbe hafi.
Ate ŋui, gake Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Essential Drugs Monitor gblɔ be le dukɔ aɖewo me la, atike siwo wotsɔna tsia mitsinyenye nu “gabɔ wu ORS la zazã” kokoko. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me la, wozãa atike bubuwo ɖe mitsinyenye ŋu wu ORS la. Nyatakakagbalẽ sia gblɔ be “atikewo zazã sia si mehiã hafi o la gblẽa ga geɖe ŋutɔ.” Ahiã be ƒome dahewo nadzra nuɖuɖu gɔ̃ hã atsɔ aƒle woe. Hekpe ɖe eŋu la, atike siwo xea mɔ na mitsinyenye meɖe vi gobi aɖeke ale o eye afɔku le wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã zazã me. “Mele be ɖɔktawo naŋlɔ atike siawo na ame o, . . . eye mele be ƒomewo naƒle wo o.”
Le esi Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa nakafui be woazã atikewo teƒe la, eɖo aɖaŋu siwo gbɔna siwo dzi woato ada mitsinyenyee boŋ. (1) Na tsinuwo, abe mɔlidzogbɔ alo tii ene, ɖevia be tsi megavɔ le lãme nɛ o. (2) Gake ne tsi vɔ le ɖevia ƒe lãme kokoko la, ke kɔe yi atikewɔlawo gbɔe be woakpɔ alesi wòvɔ le lãme nɛ, eye nàna ORS tsi lae. (3) Na nu ɖevia wòaɖu abe alesi wòɖua nui ene le afɔdzidede ɖesiaɖe megbe. (4) Ne tsi si vɔ le ɖevia ƒe lãme sɔ gbɔ la, ke ele be woado tsi nɛ.b
Ne màte ŋu akpɔ ORS si wode aŋekotokuvi me da ɖi o la, ke wɔe to ewɔwɔmɔnu bɔbɔe sia dzi nyuie: Ku dzewɔ gatsivi ɖeka si yɔ gatsivia etame sɔ nyuie kple sukli gatsivi enyi siwo hã yɔ gatsia nenema kɔ ɖe tsi nyui lita ɖeka (ayɔ kplu mililita 200 tɔ ƒe atɔ̃) me eye nàblui. Na tsi sia ƒe kplu ɖeka ɖevia ɣesiaɣi si wònye mitsi, na kplu afã ɖevi suewo. Kpɔ eŋuti numeɖeɖe bubuwo kple atikewɔwɔŋutiɖaŋu bubuwo le aɖaka si le axa 10 la me.
Ke nu enelia si nye míaƒe wɔwɔme ya ɖe? Aleke woate ŋu atrɔ asi le eŋui? Nyati si kplɔe ɖo dzro nyabiabia ma me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Dɔ ade siawoe nye vemexexedɔ, gbaɣi, ɖeviwo ƒe atatutudɔ, hehedɔ, yɔmekpe, kple kɔkɔdzayi. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ le ekafum be woade aklãdɔ si woxɔna to ʋudodo me si wua ame geɖe gbesiagbe wu amesiwo AIDS wuna ƒe sia ƒe la hã abɔtasisia me.
b Mia ɖevia ƒe ƒodoyi kpɔ. Ne exɔ wu sɛkɛnd eve hafi wògaɖo eƒe nɔnɔ la, ke ate ŋu anye be tsi vɔ le lãme nɛ sɔ gbɔ.
[Aɖaka si le axa 8, 9]
LÃMESẼ TAKPƆKPƆ VEVITƆ—ALEKE WOAWƆE?
Nyɔ! ƒo nu kple Ðk. Michael O’Carroll si le Dziehe Amerika hena ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na nyabiabia sia. Eƒe nyaawo ƒe akpa aɖewoe nye esiwo gbɔna.
‘MÍENYI lãmesẽ takpɔkpɔ ƒe nuɖoanyi aɖe si wotu ɖe atikewɔwɔ dzi ƒe dome. Ne míedze dɔ la, míeyia ɖɔkta gbɔ. Míegabua eŋu be wiski atukpa evee míeno o. Míegabua eŋu be míedea ka me o. Míeyina ɖe ɖɔkta gbɔ be: “Ðɔkta, da dɔ nam.” Eye ɖɔkta la naa atike mí be míano, edoa abui na mí, ekoa mí ɖea nane le míaƒe ŋutilã me, alo ewɔa nu bubu ɖoa míaƒe ŋutinu aɖe si lã la teƒe na mí. Ðeko mele nya gblɔm bɔbɔe, alesi eme anya se be nya la me nakɔ na wò, gake atikewɔmɔnu siae va xɔ aƒe ɖi. Vodadae wònye míewɔ be míebu míaƒe kuxiwo atikewɔwɔ me kuxiwoe. Ameɖokuiwuwu, nunyuimaɖumaɖu, kple atikevɔ̃ɖizazã va zu atikewɔwɔ me kuxiwo. Gake menye eya wonye hafi o. Womenye lãmesẽkuxiwo gɔ̃ hã o. Hadomekuxi siwo hea lãmesẽ kple atikewɔwɔ me kuxiwo vɛ ye wonye.
‘Emegbe le ƒe 20 siwo va yi me la, amewo va gblɔ be, “Mía tɔwo, mitɔ gbɔ. Míele vodada wɔm. Ele be míagbugbɔ tame abu le alesi míebua lãmesẽe ŋu.” Gɔmeɖose aɖewo do mo ɖa siwo dzi wotu ame ƒe lãmesẽ takpɔkpɔ vevitɔ ɖo, abe esiawo ene:
‘Enye amenuveve wu eye mlɔeba wòɖea gazazã dzi kpɔtɔna be woaxe mɔ ɖe dɔléle nu wu esi woadae. Le kpɔɖeŋu me, etsi tre ɖe gɔmeɖose sia ŋu be woaɖo kɔ si dzi woako dzi na ame le esime womewɔ naneke le nusiwo hea dɔ sia vɛ ŋu o. Mefia be ne wodze dɔ womegadae o. Woadae godoo. Ne do aɖe le mɔdodo dzi si nɔ afɔkuwo hem vɛ kwasiɖa ƒe ŋkeke ɖesiaɖe la, àkpɔ nublanuitɔ si ge ɖe eme ŋe afɔ la gbɔ, gake nusi me veveseseɖeamenu anɔ wu eye wòaɖe gazazã dzi akpɔtɔ si nàwɔe nye si: Nàxe doa.
‘Gɔmeɖose bubue nye be nàzã ga si nàgblẽ ɖe lãmesẽ ŋu le mɔ nyuitɔ nu. Enye nusi tsi tre ɖe gɔmeɖose sia ŋu be woatsɔ amesi ƒe dɔ gbɔ woate ŋu akpɔ le aƒeme ayi kɔ vi dzii. Alo be woatsɔ amesi ƒe dɔ woate ŋu ada le kɔ vi dzi ayi be woadae le kɔ gã dzi. Alo be woaɖo ɖɔkta si wofia dɔe ƒe ewo le yunivɛsiti ɖa be wòava nɔ abɔta sim esime ame aɖe si wona hehee ɣleti ade ate ŋu awɔ dɔ ma ke hafi. Ne dɔ si ŋu wona hehe ɖɔkta ma ɖo hiã la, ele be wòanɔ anyi awɔe. Esiae nye nusi ame ƒe lãmesẽ takpɔkpɔ vevitɔ le gbɔgblɔm na mí: Mifia nu ameawo, mixe mɔ ɖe dɔlélewo nu, eye miwɔ ga si miagblẽ ɖe lãmesẽ ŋu ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nu.’
[Aɖaka si le axa 10]
TSINATIKE BUBU NA KOLERA DADA
Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ kafui be woazã tsinatike, ORS, si wotsɔ mɔli wɔe ɖe ORS si wotsɔ glucose wɔe teƒe na koleralélawo. Numekukuwo fia be koleraléla siwo wona ORS si wotsɔ mɔli wɔe la ƒe afɔdzidede dzi ɖena kpɔtɔna alafa memamã 33 wu koleraléla siwo wona ORS ŋutɔŋutɔe, eye wohayana kaba wu hã. Wotsɔa mɔliwɔ gram 50 va ɖo 80 si wotsɔ ƒo dzogbɔe wònyea lita ɖeka la ɖe sukli gram 20 si wozãna le ORS ŋutɔŋutɔ me teƒe.—Essential Drugs Monitor.
[Aɖaka si le axa 11]
NU BUBU SIWO NÀTE ŊU AXLẼ . . .
Agbenɔnɔ: “Lãmesẽ Nyui—Nukae Nàte Ŋu Awɔ le Eŋu?” (Nyɔ!, December 8, 1989, tataawo katã nye Eŋlisigbe me tɔwo) “Atama Kple Wò Lãmesẽ—Ðe ƒomedodo aɖe Le Wo Dome Nyateƒea?” (Nyɔ!, July 8, 1989) “Kpekpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Woanɔ Agbe!” (Nyɔ!, September 22, 1988) “Nusi Aha Sesẽ Nono Wɔna na Wò Ŋutilã”—Nyɔ!, March 8, 1980.
Nɔƒe: “Ŋgɔdzedze Dzadzɛnyenye ƒe Kuxi La” (Nyɔ!, September 22, 1988) “Nɔ Dzadzɛ, Nɔ Lãmesẽ Me!”—Nyɔ!, September 22, 1977.
Beléle na Ame ƒe Lãmesẽ: “Mɔnu Bubu Siwo Xɔa Ame Ðe Agbe” (Nyɔ!, September 22, 1988) “Dzetsi si Le Ame Xɔm Ðe Agbe!”—Nyɔ!, September 22, 1985.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Tsidudu mele bɔbɔe o, ebia be woalala
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Mark Peters/Sipa Press
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Tsi nyui si ade—ele vevie na ame ƒe lãmesẽ
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Mark Peters/Sipa Press