Tɔgbui Kple Mama “Yeyewo”
“Miawoe Zɔ Va Tɔgbui Kple Mama Ƒeme—Lala ne Míawɔ Vi na Ðeviawo.” Nya mawoe woŋlɔ ɖe Gene kple Jane ƒe aƒememɔ nu.
GAKE ne ège ɖe eme la, màkpɔ atsu kple asi tsitsi aɖeke le akpasa me o. Ke boŋ srɔ̃tɔ sesẽ siwo le woƒe ƒe 40-awo me eye woɖi ɖekakpui kple ɖetugbiwoe nàkpɔ. Gene kple Jane xɔ tɔgbui kple mama nyenye ƒe dɔwo kple dzidzɔ evɔ menye ɖe wotsi ɖo ‘dumevi tsitsiwo’ ƒe ɖoƒewo o. Gene gblɔ be: “Nyateƒee, enye dzesi suesue siwo fia be èle amegã kum dometɔ ɖeka, gake enye teƒeɖoɖoawo dometɔ ɖeka, enye viɖe si nàkpɔ tso viwòwo nyinyi me—si nye tɔgbuiyɔviwo.”
Blema lododo aɖe gblɔ be: “Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo.” (Lododowo 17:6) Zi geɖe la, lɔlɔ̃ kple hadede ƒe kadodo tɔxɛ aɖe nɔa tɔgbuiwo kple mamawo kpakple woƒe tɔgbuiyɔviwo kple mamayɔviwo dome. Eye abe alesi magazine si nye Generations gblɔe ene la, “ame xexlẽme si womekpɔ kpɔ o la nye tɔgbuiwo kple mamawo le Amerikatɔwo dome.” Nukatae? Woɖe eme le nyatia me be: “Agbenɔƒe ƒe dzidziɖedzi kple ƒomegbenɔnɔ me nuwɔnawo ƒe tɔtrɔ yeyewo gbɔe wòtso. Alesi nuwo trɔ le ame xexlẽme siwo kuna kple esiwo wodzina gome la fia be le akɔntabubu nu la, ame tsitsiwo ƒe memamã ene ƒe akpa etɔ̃lia anɔ agbe azu tɔgbuiwo kple mamawo . . . Ƒe 40 va ɖo 60 xɔlawo dometɔ akpa gãtɔ zua tɔgbui alo mama ne woxɔ abe ƒe 45 ene.”
Tɔgbui kple mama ƒomevi yeyewo do le dukɔ aɖewo me. Gake wo dometɔ geɖe va le gome kpɔm le wo tɔgbui kple mama yɔviwo dzi kpɔkpɔ me geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, Gene kple Jane viŋutsu kple nyɔnu si nye wo via srɔ̃ tsã gbe wo nɔewo eye womã ɣeyiɣi si ɖevia ava nɔ wo gbɔ. Jane gblɔ be: “Míele agbagba dzem be míana kpekpeɖeŋu le mía mamayɔvia dzi kpɔkpɔ me ne mía viŋutsua yi dɔ me.” Wokpɔe le numekuku aɖe me be tɔgbui kple mama siwo le United States siwo kpɔa wo tɔgbui kple mama yɔviwo dzi la zãa gaƒoƒo si anɔ 14 kwasiɖa ɖesiaɖe le wo dzi kpɔkpɔ me. Esia ade dɔwɔwɔ si ta woaxe dɔlar biliɔn 29 sɔŋ ɖo le ƒe ɖeka me!
Dzidzɔ kawoe egbe tɔgbuiwo kple mamawo kpɔna? Kuxi kawoe wodoa goe? Nyati siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.