Aleke Wòle Be Vidzĩ Namlɔ Anyii?
VIDZĨ geɖe ku le xexeame godoo le Vidzĩ ƒe Kuku Kpata (Sudden Infant Death Syndrome [SIDS]) ta. Le United States la, eya gbɔe vidzĩ siwo xɔ tso ɣleti 1 va ɖo ɣleti 12 ƒe ku tsona. Ðe nane li woawɔ aɖe afɔkua dzi akpɔtɔa? Agbalẽ si nye The Journal of the American Medical Association (JAMA) gblɔ be numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be edze abe SIDS ƒe nugbegblẽ dzi ɖena kpɔtɔna ŋutɔ ene ne vidzĩwo dze ŋe mlɔ anyi tsɔ wu be woamlɔ woƒe ƒodo dzi. Dukɔ geɖe wɔ ɖoɖo aɖewo be woana dzilawo nanya be alesi vidzĩwo mlɔa anyi la do ƒome kple SIDS. Le Australia, England, Denmark, New Zealand, kple Norway la, SIDS dzi ɖe kpɔtɔ ɖo alafa memama 50 ya teti esi wozã ƒe ɖeka va ɖo ƒe eve na amewo nya be woana vidzĩwo nadze ŋe amlɔ anyi vɔ megbe.
Womenya alesi tututu vidzĩ ƒe ƒodo dzi mɔmlɔ do ƒome kple SIDS o, gake numekula aɖewo gblɔ be anye be vidzĩ ƒe motsyɔtsyɔ anyi alea ate ŋu ana wòagagbɔ ya si eya ŋutɔ gbɔ do goe, ale be wòana ya si nye carbon dioxide nasɔ gbɔ le eƒe ʋu me. Vidzĩa ƒe lãme ate ŋu adze dzo gbagbagbã hã le esi dzoxɔxɔ medona le eŋu nyuie ne wòmlɔ eƒe ƒodo dzi o ta. Eɖanye ɖe wotsɔ vidzĩ mlɔ anyi wòdze ŋe alo mlɔ eƒe ƒodo dzi o, nenema koe wòtsina le anyimlɔƒea. Numekukuwo ɖee fia hã be vidzĩ si le lãmesẽ me tsɔtsɔ mlɔ anyi wòadze ŋe nyo wu etsɔtsɔ mlɔ eƒe axa dzi.
Nukata vinɔwo lɔ̃a wo viwo tsɔtsɔ mlɔ anyi le nɔnɔme ɖeka aɖe koŋ me wu bubu? Wogblɔe le JAMA me be kɔnu ko wònyena na vinɔwo zi geɖe—alesi wo dadawo alo amesiwo le woƒe nutome tsɔa vidzĩwo mlɔa anyii la srɔ̃m wole. Alo nusi wokpɔ wowɔna le kɔdzie wosrɔ̃. Vinɔ aɖewo hã susu be anyimɔmlɔ le nɔnɔme ɖeka aɖe koŋ mee nyoa yewo viwo ŋu alo be alɔ̃ nya dɔna na wo wu ne womlɔ anyi nenema. Vinɔ geɖe tsɔa wo vi dzea ŋe enuenu le eƒe ɣleti gbãtɔ me gake wogatrɔnɛ wòmlɔa eƒe ƒodo dzi emegbe. JAMA gblɔ be: “Nuwɔna sia ɖe fu ŋutɔ, elabena vidzĩwo ƒe ɣleti 2 va ɖo 3 xɔxɔ mee SIDS te ŋu wua wo le wu.” Ðɔktawo le agbagba dzem be yewoana dzila siwo si vidzĩ kokoewo le nanya mɔ nyuitɔ si wokpɔ be ele bɔbɔe eye wòaɖe SIDS dzi akpɔtɔ nyuie wu—si nye be woana vidzĩ siwo le lãmesẽ me nadze ŋe amlɔ anyi.a
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne vidzĩ mete ŋu gbɔna nyuie o alo alesi wòɖea xe menyo o la, anyo be woakpɔ ɖɔkta ne woanya mɔ nyuitɔ si nu vidzĩa natrɔ ɖo amlɔ anyi.