INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 8/8 axa 28-29
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwo ƒe Asi Yi Dzi Zi Gbɔ Zi Miliɔn Ðeka
  • Mawusubɔsubɔ
  • Tsiku Le Ðiɖim Ŋutɔ
  • Mɔxexe Ðe Aʋasilawo Nu
  • Papa Da Asi Ðe Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Dzi
  • Nutomefɔku le Russia
  • Ðevi Wɔadãwo
  • Vidzĩ Gbɔ Mɔmlɔ
  • Israel Kple Vatikan Wɔ Nubabla
  • Nu Gbagbewo Ŋuti Nubabla Zu Se
  • Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi
    Nyɔ!—1996
  • Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Aleke Wòle Be Vidzĩ Namlɔ Anyii?
    Nyɔ!—1999
  • Amesiwo le Dedienɔƒe Dim
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 8/8 axa 28-29

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Nuwo ƒe Asi Yi Dzi Zi Gbɔ Zi Miliɔn Ðeka

Nuwo ƒe asi yi dzi le Yugoslavia Dukɔa me zi gbɔ zi miliɔn ɖeka le December 1993 me, nya mae dukɔa ƒe Akɔntabudɔwɔƒea gblɔ. Nuwo xɔ asi ɖe edzi zi 2,839 wu alesi wònɔ le ɣleti si do ŋgɔ me, eye eyi dzi zi triliɔn 6 sɔŋ wu alesi wònɔ le ƒea ƒe gɔmedzedze me lɔƒo. Esia wɔe be ga megaɖia naneke ne wotsoe le ŋkeke ʋee aɖewo ko megbe o. Be woakpɔ esia gbɔ la, dukɔa ƒe gadzraɖoƒegã le zerowo ɖem le woƒe ga si nye dinar ŋu. Dinar triliɔn 5 va zu dinar 5 pɛ ko le ɣleti etɔ̃ me.

Mawusubɔsubɔ

Le numekuku aɖe me la, Amerikatɔ siwo wu 90 le alafa me gblɔ be yewoxɔ Mawu dzi se, eye 40 kple edzivɔ le alafa me gblɔ be yewodea sɔleme kwasiɖa ɖesiaɖe. Ƒe 1992 ƒe Numekuku si wowɔ ɖee fia be Protestanttɔ 45 le alafa me kple Katolikotɔ 51 le alafa me siwo le United States la dea sɔleme le kwasiɖa tɔxɛ aɖewo me. Gake numekuku yeyewo ɖee fia be ame geɖe wu gblɔna be yewosubɔa Mawu eye yewodea sɔleme edziedzi wu alesi wowɔnɛ ŋutɔŋutɔ. Numekuha aɖe gblɔ be Protestanttɔ 20 kple Katolikotɔ 28 pɛ le alafa me koe dea sɔleme kwasiɖa ɖesiaɖe. Numekuha bubu hã kpɔe be ame tsitsi miliɔn 36 le Amerika—si nye 19 le alafa me—wɔa woƒe subɔsubɔ ŋudɔ edziedzi eye be Amerikatɔ siwo xɔ wu ƒe 18 ƒe akpa etɔ̃lia kloe metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me kura o. Newsweek gblɔ be: “Togbɔ be subɔsubɔhawo bɔ ɖe Amerika hã la, ame ʋee aɖewo koe tsɔe vevie. Amerikatɔwo ƒe afã gblɔna be yewole subɔsubɔha siwo mekpɔa ŋusẽ ɖe yewoƒe nuwɔnawo alo nɔnɔmewo dzi o me.”

Tsiku Le Ðiɖim Ŋutɔ

Science magazine gblɔ be: “Esi sno kple tsi medzana ɣesiaɣi o ta la, tsi si gaɖɔna alo gadzina le eɖokui si la vɔna. Kaka ƒe 2025 naɖo la, dukɔ siwo me tsi le vevem le vevie me nɔlawo agogo biliɔn 3 sɔŋ,” eye fifia gɔ̃ hã la, “kaka ƒe 2000 naɖo la, tsiku aɖi le Afrika kple Titinaɣedzeƒe dukɔwo me vevie.” Le Population Action International ƒe nyatakaka aɖe nu la, dukɔ geɖe ƒe tometsiwo le vɔvɔm, eye wo dometɔ geɖe mete ŋu le vovototo dem tsi si megate ŋu ɖɔna alo dzina ɖe eteƒe o kple esi gaɖɔna alo dzina dome ne wole ɖoɖo si anɔ anyi ɣeyiɣi didi wɔm o. Togbɔ be wote kpɔ be woana tsi nabɔ wu hã la, vaseɖe fifia la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi gblẽ eme.

Mɔxexe Ðe Aʋasilawo Nu

Sadako Ogata si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔnunɔlagã le Aʋasilawo nu gblɔ be aʋasilawo dzi ɖe edzi wu zi gbɔ zi enyi le ƒe blaeve siwo va yi me, eye esia na “ŋutasesẽ le dukɔ bubu me tɔwo ŋu kple fuléle wo dzi ɖe edzi ŋɔdzitɔe.” Le ƒe si va yi ƒe nuwuwu la, aʋasila miliɔn 19.7 nɔ ame bubuwo dedukɔwo me, eye ame miliɔn 24 bubuwo kaka ɖe woa ŋutɔwo dedukɔwo me. Nuvlowɔwɔ, dukɔmeviʋawɔwɔ, alo yometiti nyã ame 1 le ame 125 ɖesiaɖe me ɖe nu le woa ŋutɔwo ƒe aƒeme le xexeame katã. Esi The Washington Post nɔ nu ƒom tso numekuku si wowɔ le aʋasilawo ŋu le xexeame katã zi gbãtɔ sia ŋu la, eka nya ta be esia wu “ŋutete si le xexeame ŋu be wòatso awɔ nane le eŋu” kple alesi “amegbetɔ naa sitsoƒee tso gbaɖegbe ke” la ŋu. Dukɔ geɖe siwo ganyawo le fu ɖem na xoxo eye dzre siwo dze abe ɖe womate alé wo o ti kɔ na la wɔ afɔɖeɖewo be yewomaɖe mɔ na aʋasilawo be woage ɖe yewoƒe dukɔwo me o. Numekukua gblɔ be: “Aʋawɔwɔ siwo naa amewo zua aʋasilawo, siwo nɔ edzi yim le xexeame le . . . ƒe 1993 me katã kloe nɔ edzi yim le ameawo ŋutɔwo ƒe dukɔwo me, ke menye le dukɔwo dome o,” eye wòbia be dukɔwo nawɔ ɖoɖo atsi dukɔmeviʋawɔwɔwo nu. Fifia la “womegale aʋasilawo xɔm tututu o.”

Papa Da Asi Ðe Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Dzi

Esi John Paul II ƒoe ɖe habɔbɔ si trɔa amewo wozua Katolikoha me tɔwo nu la, wo dometɔ geɖe lɔ̃ be yewoaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme kple le Roma ƒe ablɔwo dzi kple eƒe nutowo me. Abe alesi wogblɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ, La Repubblica, me ene la, “Yehowa Ðasefowo ƒe atsusi nukpoloeƒola” siawo “agblɔ Yesu ƒe agbemeŋutinya.” Ƒome 15 koe nɔ ƒuƒoƒo gbãtɔ me, gake papa le mɔ kpɔm be dɔa “atse ku geɖe le afisiafi.” Nukatae woɖe afɔ yeye sia? Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Maria Macioti gblɔ be Katoliko-nunɔlawo kpɔe dze sii be “ŋutete megale ha la ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe amewo dzi o,” eye papa la dea dzi ƒo na habɔbɔ siawo be “woatrɔ dzime na amewo to seselelãme si nu sẽ la me.” Agbalẽŋlɔla Katolikotɔ Sergio Quinzio gblɔ kpee be: “Ðeko wòdze abe ɖe medi be yeaŋe aɖaba ƒu mɔnukpɔkpɔ aɖeke dzi o ene kple mɔkpɔkpɔ, alo ameɖokuifuflu be nusianu aɖe vi.”

Nutomefɔku le Russia

Germania-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Frankfurter Allgemeine Zeitung gblɔ be: “Viktor Danilow-Daniljan, Russia ƒe Dziɖuɖumegã si kpɔa Nutomenyawo gbɔ la gblɔ be Russia-nyigba ƒe akpa 15 le alafa me nye afisi nutomefɔku ate ŋu adzɔ le.” Le nyatakakaa nu la, Russia ƒe agbledenyigba afã meganyo anye agbledenyigba o, eye amesiwo wu 100,000 le afisi keklẽ nu sẽ le akpa. Hekpe ɖe eŋu la, wogblɔ be aɖi si ame akpe geɖe le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe siwo wowɔa aɖituwo le woku. Aɖiya ƒe Dedienɔnɔ Dzikpɔha ƒe zimenɔla, Lew Fjodorow, gblɔ be: “Ne míetsɔ atikewɔwɔ me nukpɔsusu kpɔe la, nu dziŋɔ ŋutɔŋutɔe ado tso dzadzraɖo si wɔm míele ɖe aɖiya zazã le aʋawɔwɔ me ŋu la me.”

Ðevi Wɔadãwo

Ðevi siwo wua ame, daa adzo ame, dɔa nyɔnuwo gbɔ sesẽe, eye wowɔa fu ame la le dukɔ geɖe me eye nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ le dzidzim ɖe edzi. Amesiwo sɔhɛ siwo mexɔ ƒe 18 haɖe o wuna le United States la dzi ɖe edzi alafa memamã 85 le ƒe atɔ̃ siwo va yi me. Agbe vlo si vodala geɖe nɔna la hã le fu ɖem nenema ke. Nukae he tɔtrɔ siawo vɛ? Germania-nyadzɔdzɔgbalẽ, Der Spiegel, gblɔ be: “Míaƒe xexe sia si me akplãnuwɔwɔ le kple eƒe dzidzenu gbegblẽwo na wova da asi ɖe nuvlowɔwɔ dzi. Womegadea vovototo . . . nu dzɔdzɔe kple nu gbegblẽ, nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo me o.” Egblɔ kpee be: “Edzɔna ɖe ɖevi fɔɖilawo hã dzi. Woawoe ɖea ame tsitsi siwo dome wole tsitsim le la ƒe nɔnɔme fiana. . . . Ðevi wɔadã ɖesiaɖe kpɔ nuvlowɔwɔ vɔ̃ɖiwo teƒe eye woƒãe ɖe wo ɖokui me.” Ðeviwo kpɔa “xexeame katã ƒe nuvlowɔwɔ” le television dzi. Ŋutasẽnuwo kpɔkpɔ le video dzi, kɔmpiuta dzi fefewo, kple hadzidzi siwo kafua amewuwu kpakple nuvlowɔwɔ bubuwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi vevie. Television dzi wɔnawo doa nuvlowɔwɔ ɖe ŋgɔ abe mɔ nyui si dzi woato akpɔ kuxiwo gbɔ ahaɖɔ nyaʋiʋliwo ɖo ene. Hamburg susuŋutinufialagã Stefan Schmidtchen gblɔ be: “Míezu ame mawɔamewo eye alea pɛ mía viwo le tsitsimee.”

Vidzĩ Gbɔ Mɔmlɔ

James McKenna si nye nufialagã le Pomona Suku Kɔkɔ me le California la gblɔ be: “Míaɖe Vidzĩwo ƒe Kuku Kpata (SIDS—Sudden Infant Death Syndrome), dzi akpɔtɔ eye míanyi ɖevi siwo le lãmesẽ me hekpɔa dzidzɔ hã ne vidadawo wɔ nu ɖeka ko: Woana wo viwo namlɔ wo gbɔ le ƒe gbãtɔ me tsɔ wu be woaɖe wo ɖe aga le woƒe vidzĩbatiwo me.” The Dallas Morning News ka nya ta be dzila gbɔ mɔmlɔ “wɔa dɔ ɖe vidzĩ ƒe susu dzi zã bliboa katã.” Dodokpɔwo ɖee fia be ne vidzĩ mlɔ dadaa gbɔ la, eƒe “gbɔgbɔ, dzi ƒe dɔwɔwɔ, kple alɔ̃dɔdɔ nɔa abe dadaa tɔ ene.” Eye ne vidzĩ kple dadaa wodze ŋgɔ wo nɔewo zi geɖe la, vidzĩa ate ŋu ano no bɔbɔe ɣesiaɣi si wòadii. Aƒetɔ McKenna gblɔ be: “Vidzĩwo ƒe lãmenusese mewɔa dɔ nyuie ne woawo ɖeɖe mlɔ vidzĩbatiwo me o. Míesusu be esia ana woƒe susu matsi nyuie o eye ana wòanɔ bɔbɔe be woanɔ Vidzĩwo ƒe Kuku Kpata ƒe afɔku me.” Akɔntabubuwo ɖee fia be Vidzĩwo ƒe Kuku Kpata le ʋee le dukɔ siwo me vidzĩwo mlɔa wo dadawo gbɔ le.

Israel Kple Vatikan Wɔ Nubabla

Vatikan wɔ dukɔwo dome nubabla kple Israel esi wògbe ƒe geɖe eye wodzro nu me kple wo nɔewo ɣleti 17 megbe. Akpa eveawo ƒe amedɔdɔwo ɖɔ kuku si Katoliko-nunɔlawo kple Yudatɔwo ɖɔna, eye Dziɖuɖumegã si kpɔa Dutanyawo gbɔ Teƒenɔla Yossi Beilin de asi ɖoɖoa te ɖe Israel nu eye Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔla Tenɔla Nunɔlagã Claudio Celli de asi ete ɖe Vatikan nu. Celli gblɔ be: “Bisiɔpwo ƒe Takpeha Kɔkɔe la kpɔe be ele be woade dzo kple ŋusẽ yeye Katolikotɔwo kple Yudatɔwo dome numedzodzro kple ɖekawɔwɔ si me bubu le la me azɔ le Israel kple xexeame katã.” Nubabla sia da agba ɖe Vatikan dzi be wòatsi tre ɖe fuléle Yudatɔwo ŋuti eye Israel lɔ̃ ɖe edzi be yeana nuƒoƒoblɔɖe sɔlemeha la eye yeana gomee be wòawɔ hadomekpekpewo le Israel. Nya aɖewo gali siwo gbɔ wòle be woakpɔ, abe adzɔ xexe ɖe sɔlemeha la ƒe nunɔamesiwo ta le Israel kple mɔ ɖeɖe na wo be woayi kɔkɔeƒewo ene. Togbɔ be wometɔ ati Yerusalem ƒe kuxia le nubabla sia me o hã la, Vatikan la le mɔ kpɔm be yeate ŋu ade nu alesi dua ava nɔ mlɔeba me azɔ.

Nu Gbagbewo Ŋuti Nubabla Zu Se

Nubabla aɖe si dzi dukɔ 167 da asi ɖo le Brazil le June 1992 me la zu dukɔwo dome se le ƒe sia ƒe gɔmedzedze me. Woyɔe be Nu Gbagbe Hamehamewo Ŋuti Takpekpe, ɖoɖoa dee asi na dukɔ siwo da asi ɖe edzi be woadi mɔnuwo be woakpɔ lãwo, numiemiewo, kple nugbagbeviwo, siwo le woƒe anyigba dzi kpakple wo nɔƒe siwo hiã la ta. Wobia tso dukɔ siwo de asi ɖoɖoa te la si be woade sewo atsɔ akpɔ lã ƒomevi siwo le vɔvɔm la ta eye woana nyanya amewo le alesi woazã nusi wokpɔ tso nu gbagbewo mee la nyuie kple alesi wòhiã be woadzra nuwo ɖoe la ŋu. Alesi lãwo le tsɔtsrɔ̃m ŋɔdzitɔe kple vɔvɔ̃ be kaka ƒe 2050 naɖo la, ɖewohĩ lã ƒomevi siwo kpɔtɔ la atsrɔ̃ lae na wowɔ ɖoɖo sia. Wogblɔ be dukɔ siwo de asi ete akpe ta emegbe le ƒe sia me atso nya me le alesi tututu ɖoɖoa awɔ dɔe ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe