Ðee Fia be Yetsɔ Ðe Le Eme na Wo
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Canada gbɔ
Nuxaxa si ame tsitsi siwo le Canada la dometɔ geɖe tsɔ ɣla ɖe wo ɖokui me la le wo kplɔm de ameɖokuiwuwu me le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Nyatakaka aɖe si le Vancouver Sun nyadzɔdzɔgbalẽ me la gblɔ be togbɔ be ame 1 koe kuna le sɔhɛ 200 siwo dina be yewoawu yewo ɖokui dome hã la, le amesiwo xɔ wu ƒe 65 ya gome la, ame 1 ye kuna le 4 ɖesiaɖe si ɖoe be yeawu ye ɖokui dome. Eye woxɔe se be, woɖe “ame tsitsi siwo wua wo ɖokui la ŋuti akɔntabubu la dzi kpɔtɔ, elabena vovototo dede ame tsitsi siwo ŋu lãmesẽkuxi sesẽwo le ƒe wo ɖokui wuwu kple dzɔdzɔmeku dome nye nu sesẽ.”
Nukatae ame tsitsi geɖe megadina be yewoanɔ agbe o? British Columbia Yunivɛsiti ƒe tagbɔdɔléleŋutinunyala Oluwafemi Agbayewa, amesi xɔ ŋkɔ le ame tsitsiwo ƒe wo ɖokui wuwu nyawo me la tɔ asi blanuiléle, xɔ̃lɔ ƒe amegbegblẽɖi, kple akogotsitsi dzi be wonye nusiwo gbɔ wòtsona la dometɔ aɖewo. Gerry Harrington, si nye Ameɖokuiwuwu ŋu Nyatakaka Kple Nuxlɔ̃amenaƒe si le Calgary, Alberta, dzikpɔla la gblɔ be ne amewo le tsitsim la, “bubu, ŋusẽ, kple ŋusẽkpɔɖenudzi . . . si le wo si la buna. Enumake la, ame aɖeke megabiaa woƒe nukpɔsusuwo o. Ame geɖe va wua enu ɖe ame tsitsiwo dzikpɔƒe, afisi naneke menɔa wo si woawɔ wu be woanɔ anyi ada spaa ahakpɔ television o.” Nusi naa seselelãme sia nu gasẽna ɖe edzi wue nye nyateƒe si wònye be amewo dea asixɔxɔ sɔhɛmenɔnɔ kpakple ɖokuisinɔnɔ, dɔ geɖe wɔwɔ, kple nuwɔwɔ kabakaba—nusiwo tututu nu va yina ne ame le tsitsim la—ŋu wu.
Gake le Yehowa Mawu ŋkume la, asixɔxɔ le ame tsitsiwo ŋu ale gbegbe. Míate ŋu akpɔ kpeɖodzi si fia be esea woƒe seselelãme nuhiahiãwo gɔme nyuie la le se si wode na blema Israel-viwo be, “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la” me.—Mose III, 19:32.
Eyata aleke míate ŋu ‘abu’ ame tsitsiwoe? Togbɔ be nya siwo me nunya anɔ la mado le wo nu edziedzi o eye tsitsi awɔe be woƒe blibomademadewo agadze ɖe edzi hã la, wodze be míade bubu wo ŋu. Ðee fia be yetsɔa ɖe le eme na wo. De asixɔxɔ kple bubu wo ŋu eye nàkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu to woƒe sidzedze kple nunya xɔxɔ tsɔ wɔ dɔe me, vevietɔ nenye be Mawu ƒe gbɔgbɔ kple eƒe Nya ƒe gɔmesese vavãtɔe fia mɔ wo le agbe me.
Nu geɖe li si Mawu ƒe Nya fia tso beléle kple bubudede ame tsitsiwo ŋu ƒe nya la ŋuti. Ne èhiã na nyatakaka bubuwo kpee la, taflatse ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo eye nàbia be woaɖo agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖe ye.