Srɔ̃gbegbe Ƒe Tiatia la
“Ne srɔ̃wò ku la, amewo ase veve ɖe nuwò, ne mènye srɔ̃nyɔnu nyui nɛ va yi o hã. Gake ne srɔ̃wòŋutsu gbe wò la—ame aɖewo bunɛ be wòe menyo o. Taflatse, taflatse, MIKPE ÐE MÍA ŊU!”—Nyɔ! xlẽla aɖe si le South Africa.
NUTEƑEMAWƆMAWƆ le srɔ̃ɖeɖe me kple srɔ̃gbegbe ate ŋu ado vevesese na ame vevie. Togbɔ be susuwo le ame geɖe si si ta woagbugbɔ awɔ ɖeka kple wo srɔ̃wo ahakpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea ta hã la, susu nyuiwo le ame bubuwo si si ta woawɔ tiatia si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo be woagbe srɔ̃tɔ ahasiwɔla la. (Mateo 5:32; 19:9) Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃nyɔnu ɖianukwarea kple viawo ƒe dedienɔnɔ, gbɔgbɔmemenyenye, kple dzidzedzekpɔkpɔ ate ŋu aɖo afɔku me. Ate ŋu atsi dzi hã be yeava xɔ nulɔdɔ. Alo ɖewohĩ etsɔ srɔ̃a ƒe ahasiwɔwɔa kee, gake kpeɖodzi gobi aɖeke meli si fia be yeate ŋu agava ka ɖe edzi tututu ahayi edzi anɔ egbɔ wòanye ye srɔ̃ŋutsu o.
Srɔ̃nyɔnu aɖe si tɔtɔ ale gbegbe lɔ̃ ɖe edzi be: “Esiae nye nyametsotso sesẽtɔ kekeake le nye agbe me.” Nyametsotso si sesẽ vavã—menye be nuteƒemawɔmawɔa doa vevesese na ame vevie ta ko o, ke be nusiwo dona tsoa srɔ̃gbegbe me keke ta ale gbegbe si akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi le nusianu me. Eyata ne srɔ̃nyɔnu agbe srɔ̃a nuteƒemawɔla la alo magbee o la nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ele be ame bubuwo nade bubu gome si nɔ te ɖe Biblia dzi si le srɔ̃tɔ fɔmaɖila la si hena nyametsotso ma wɔwɔ la ŋu.
Gake nublanuitɔe la, ame geɖe ƒua du gena ɖe srɔ̃gbegbe me eye womebua nusiwo ado tso me ŋu nyuie o. (Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.) Nya siwo ku ɖe srɔ̃gbegbe ƒe tiatia wɔwɔ ŋu dometɔ aɖewo ɖe?
Ne Ðeviwo Li
Agbalẽ si nye Couples in Crisis gblɔ be: “Zi geɖe ne dzilawo ŋutɔ ƒe kuxiwo xɔ susu me na wo akpa la, woŋlɔa ɖeviawo ƒe nuhiahiãwo be alo ŋea aɖaba ƒua wo dzi.” Eyata viwòwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple dedienɔnɔ nenɔ susu me na wò ne èle srɔ̃gbegbe ŋu bum. Numekula geɖe de dzesii be zi alesi wogbɔ dzi ɖi hafi tso nya me be woagbe srɔ̃ la, zi nenemae fukpekpe si wòahe va ɖeviawo dzi anɔ ʋee. Le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, tufafa akpe ɖe ame ŋu be ‘wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi doa dzi le vɔ̃ me.’—Timoteo II, 2:24, 25.a
Ne ame aɖe tiae be yeagbe ye srɔ̃ la, ele be wòana wòanɔ susu me nɛ be ye kple ye srɔ̃e le yewo nɔewo gbem—menye ɖeviawoe gbe yewo o. Ðeviawo hiã Dada kple Papa kokoko. Nɔnɔme aɖewo li siwo gbɔ eme ya, abe ate ŋu adzɔ be woasẽ ŋuta le ɖevia ŋu ene. Gake mele be le dzilawo ƒe subɔsubɔha vovovo me nɔnɔ kple wo dome masɔmasɔwo ta woate dzila eve ƒe amesinɔnɔ ɖeviawo o.
Nusi hã ŋu wòle be woabue nye ɖevi suewo ƒe seselelãme siwo ŋu nu te ŋu gblẽna le bɔbɔe kple alesi wòhiã be woaɖe beléle tɔxɛ, lɔlɔ̃ kple tufafa geɖe afia wo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne woyi edzi ɖe lɔlɔ̃ fia wo la, adzra wo ɖo be woasu te ate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme yeyea.” Hekpe ɖe eŋu la, ŋkuléle ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu gbesiagbe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woado dzi.—Mose V, 6:6, 7; Mateo 4:4.
Ganyawo Kple Senyawo Gbɔ Kpɔkpɔ
Srɔ̃gbegbe naa ga home kple nunɔamesi, dzidzeme aɖe, kple ɖewohĩ aƒe si nyo ame ŋu ŋutɔ buna ɖe srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe kokoko. Esi ame ƒe gazazã ate ŋu adzi ɖe edzi evɔ ga si wòkpɔna dzi ɖe kpɔtɔ ta la, nunya le eme be nàwɔ gaŋutiɖoɖo le nusiwo hiã wu nu. Ele be woatsri didi be yeazã ga nyamanyama alo anyi fe le nusiwo bu na ye la ta.
Ne wotso nya me be yewoagbe yewo nɔewo la, ele vevie hã be woawɔ ɖoɖo ɖe alesi woazã ga si le wo si le wo kple srɔ̃a ƒe ŋkɔ me le gadzraɖoƒe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, be woaxe mɔ ɖe ga si le wo ame evea ƒe ŋkɔ me le gadzraɖoƒe mazãmazã nyuie nu la, nunya anɔ eme be woana gadzraɖoƒedzikpɔla nakpɔ egbɔ be srɔ̃tɔ evea siaa de asi gaxɔgbalẽvi ɖesiaɖe si woakpe ɖo hena gaxɔxɔ la te hafi wòaɖe mɔ woaxɔe vaseɖe esime gadzraɖoƒe va le wo dometɔ ɖesiaɖe si vovoe.
Nunya le eme hã be nàwɔ ga si nèkpɔna kple gazazãwo ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo be woanya ga si woaka na wò na ɖeviawo ƒe dzikpɔkpɔ. Azɔ hã, le dukɔ geɖe me la, se bia be amewo nana adzɔxɔlawo nanya woƒe nɔnɔme si trɔ la.
Gakpe ɖe eŋu la, edea ame akpa gãtɔ dzi ne wote ɖe senyala aɖe—si si nuteƒekpɔkpɔ gobi aɖe le le srɔ̃gbenyawo me ŋu. Dukɔ aɖewo ɖe mɔ be domenɔlawo alo amedomedzraɖolawo nakpe ɖe srɔ̃tɔawo ŋu woawɔ ɖeka aɖo kpe nyawo dzi le ŋutifafa me, eye woava ɖo kpe edzi le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Vevietɔ ne viwo le dzilawo dome la, edzea wo dometɔ geɖe ŋu wu be yewoazã senyala si mede akpa ɖeka dzi o. Le esi teƒe be dzilawo nadi be kesinɔnua akpa gãtɔ nava yewo gbɔ la, wokpɔa egbɔ be nyaʋiʋli kple dzrehehe medo mo ɖa fũ o. Nusi wòabia le seselelãme kple ga gome hafi ŋutilãmeviɖe aɖewo nasu ame si ɖee fia be viɖe mele wo ŋu nenema gbegbe o.
Ƒomedodowo ƒe Tɔtrɔ
Numekula aɖe ka nya ta be: “Mele be míatsɔ alesi ŋu kpea ame geɖe eye dzi ɖena le wo ƒo le wo xɔlɔ̃ siwo wo srɔ̃wo gbe la ŋu nu tsɛ o.” Ne nusi wɔm srɔ̃tɔ anukwareɖila la le le ɖekawɔwɔ me kple eƒe gomewo le se, agbenɔnɔ kple Ŋɔŋlɔawo nu hã la, ame aɖewo anɔ anyi godoo siwo abu fɔe be eya gbɔe srɔ̃gbegbea tso. Alesi wokɔa mo doa gbe na wò tsãe ate ŋu atrɔ alo nàde dzesii be womegatena ɖe ye ŋu o. Vɔ̃ɖitɔ wu la, amesiwo nye xɔ̃wò kplikplikpliwo tsã ava lé fu wò gaglãa.
Ame geɖe menya be ne ame aɖe le srɔ̃gbegbe me tom la, ehiã kpekpeɖeŋu o; woate ŋu asusui be ne woŋlɔ lɛta kpui aɖe alo ɖo gbedonamegbalẽvi ɖee ko la, esɔ gbɔ. Gake agbalẽ si nye Divorce and Separation (Srɔ̃gbegbe Kple Kaklã) gblɔ be zi geɖe la, xɔlɔ̃ “siwo nya alesi woafa dzi na wò, eye woava gbɔwò be yewoakpɔ be èdi be yewoakplɔ wò ayi afi aɖee hã, ahadi be yewoawɔ dɔ aɖe na wò loo alo adi ko be yewoaɖo dze kpli wò la li.” Nyateƒee, le ɣeyiɣi mawo tɔgbe me le agbe me, abe alesi Biblia gblɔe ene la, ‘xɔlɔ̃ si ate ŋu aku ɖe ame ŋu wu ye ŋutɔ nɔvia gɔ̃ hã’ hiãa ame.—Lododowo 18:24.
Agbagbadzedze be Nànɔ Te Ðe Kuxi Siwo Le Eme Nu
Vidada aɖe lɔ̃ ɖe edzi le eƒe srɔ̃gbegbe ƒe 16 megbe be: “Ɣeyiɣi aɖewo gali kokoko siwo me metsia akogo le vevie ŋutɔ—ne mele amewo dome kura gɔ̃ hã.” Aleke wòkpɔ egbɔe? Egblɔ be: “Mɔnu vovovo le asinye siwo dzi metona, meƒoa ɖokuinye ɖe dɔwɔwɔ me vevie, menɔa nuwo wɔm na vinyeŋutsua, eye medzraa nye aƒeme ɖo. Azɔ hã mete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede, megblɔa nye dzixɔsewo na nye aƒelikawo, eye mewɔa nuwo na ame bubuwo. Ema kpe ɖe ŋunye ale gbegbe.”
Ɣletiŋkeke kple ɣeyiɣi aɖewo le ƒea me ana nàɖo ŋku nudzɔdzɔ kple seselelãme vedzinamewo dzi: ŋkeke si dzi nuteƒemawɔmawɔa va dze, ɣeyiɣi si me wòʋu le aƒea me, kple ɣletiŋkeke si dzi wokpɔ nyaa gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Dzidzɔŋkeke siwo mia kplii mieɖuna ɖekae—abe mɔkekewo kple srɔ̃kpegbe ŋkuɖodzizãwo ene—ɖuɣi ate ŋu aho seselelãme siwo nu nɔnɔ asẽ na ame. Pat gblɔ be: “Mewɔa ɖoɖo nɔa anyi kple nye ƒomea alo kple xɔ̃nye vevi siwo nya nu tso nye nyaa ŋu si nana be mete ŋu nɔa te ɖe ŋkeke mawo ƒe nuxaxawo nu. Míewɔa nusiwo aɖe nye susu le nudzɔdzɔ xoxoawo dzi ahe susu ayi nu yeyewo dzi. Gake ƒomedodo si me mele kple Yehowa ye nye kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake nam—elabena menyae be esea nye seselelãmewo gɔme nam.”
Dzi Megaɖe le Ƒowò O
Mele be srɔ̃tɔ fɔmaɖila siwo tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe eye woɖoe be yewoazã gome si Mawu na yewo agbe yewo srɔ̃ ahasiwɔlawo nase le wo ɖokui me be yewodze agɔ alo avɔ̃ be Yehowa gblẽ yewo ɖi o. Afɔ baɖa si srɔ̃tɔ ahasiwɔlaa ɖe—si he “avifafa kple hũɖeɖe” vɛ—ye Mawu lé fui. (Maleaxi 2:13-16) Yehowa, si nye “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ” ƒe Mawu, kura gɔ̃ hã nya alesi wònɔna ne lɔlɔ̃tɔ aɖe gbe ame. (Luka 1:78; Yeremya 3:1; 31:31, 32) Eyata kakaɖedzi nenɔ asiwò be “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.”—Psalmo 37:28.
Gake anyo wu sã be woaxe mɔ na srɔ̃ɖeɖe me anukwaremaɖimaɖia kple emetsonu wɔnublanuia be madzɔ kura gɔ̃ hã o. Ƒome ƒe mɔfiamegbalẽ nyui aɖe si woyɔna be Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonab le kpekpem ɖe ame geɖe ŋu le xexeame godoo be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖewo me eye woaxe mɔ ɖe anukwaremaɖimaɖi le srɔ̃ɖeɖe me nu. Tanya siwo ƒo nu tso alesi woawɔ dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me, ɖeviwo hehe, kple akɔkpekpe kple ƒomekuxiwo ŋu le eme. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me alo magazine sia talawo be woana nyatakaka geɖe wò tso nyati sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le tanya si nye “Dzila si Axɔ Ðevia—Nukpɔsusu Kae Da Sɔ?” te le December 8, 1997, ƒe Nyɔ! me kple nyati si nye “Kpekpe Ðe Ðevi Siwo Dzilawo Gbe Wo Nɔewo Ŋu,” si le April 22, 1991, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Aɖaka si le axa 10]
ÐEVIWO MEDI DZILAWO ƑE SRƆ̃GBEGBE O
Le ƒe 1998 me la, Wales Fiavinyɔnu Diana si megava li o gblɔ be le Britain ɖeɖe la, ɖevi 420 sɔŋ kpɔa wo dzilawo ƒe srɔ̃gbegbe teƒe gbesiagbe. Ðevi mawo dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o. Nublanuitɔe la, ɖevi siawo dometɔ 40 sɔŋ le alafa me megakpɔa wo dzilawo dometɔ ɖeka le srɔ̃gbegbea megbe o.
Lãmesẽ kple atikewɔnyawo ŋu nuŋlɔla aɖe si ŋu wodea bubui gblɔ nusi to vovo na nusi ame geɖe susuna be: “Ðevi ʋee aɖewo ŋutɔ koe wo dzilawo ƒe srɔ̃gbegbe meɖea fu na boo. Ðeviawo ƒe akpa gãtɔ adi boŋ be yewoakpɔ yewo dzilawo nanɔ du togbɔ be nuwo asẽ le ƒomea me hã.” Ne le anukwaremaɖimaɖia me srɔ̃tɔawo he glãka ale gbegbe hã la, mele be woatso nya me dzitsitsitɔe be srɔ̃gbegbe ade ɖeviawo dzi wu o. Woƒe tamesusu kple agbenɔnɔ tɔtrɔ ate ŋu ana wòanya wɔ be woanɔ anyi ɖekae le ƒome bliboa ƒe nyonyo ta.
Agbalẽŋlɔla Pamela Winfield gblɔ be: “Ele be srɔ̃ŋutsu agbegbegblẽnɔlawo nabu vevesese si wòanye na wo viwo ne le woƒe movidzɔdzɔ ta, mamã va aƒea me la ŋu.”
[Aɖaka si le axa 11]
SRƆ̃GBEGBE ÐESIAÐEE MAWU LÉ FUIA?
“Pat lɔ̃ ɖe edzi be: “Nusi ɖea fu nam vevie enye eŋububu be ‘Yehowa lé fu srɔ̃gbegbe.’ Nyabiabia nɔa nye susu me ɣesiaɣi be, ‘Ðe mele nusi nyo Yehowa ŋu wɔma?’ ”
Mina míalé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlã Maleaxi 2:16 ŋu kpɔ atsɔ aɖo biabia ma ŋui. Le Maleaxi ƒe ɣeyiɣiwo me la, Israel-ŋutsu geɖe nɔ wo srɔ̃wo gbem, anye kple susu be yewoaɖe ɖetugbi siwo nye trɔ̃subɔlawo. Mawu tsi tre ɖe alakpanuwɔna tovo sia ŋu. (Maleaxi 2:13-16) Eyata nusi Mawu lé fui enye asiɖeɖe le ame srɔ̃ ŋu le nya maɖinyɛwo ta be woaɖe ame bubu. Amesi bua wɔ ahasi eye wògbe srɔ̃a alo zi edzi be wòagbe ye la wɔ alakpanu, ewɔ nuvɔ̃ gã aɖe.
Gake menye srɔ̃gbegbe ɖesiaɖe ŋue kpukpui siawo tsi tre ɖo o. Míate ŋu atsɔ Yesu ƒe nyawo aɖo kpe esia dzii: “Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.” (Mateo 19:9, míawoe te gbe ɖe edzi.) Le afisia la, Yesu lɔ̃ ɖe edzi be ahasiwɔwɔ nye nusi dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo nu—le nyateƒe me, eya ɖeka koe nye nusi ana woaɖe srɔ̃ bubu. Srɔ̃tɔ fɔmaɖila la ate ŋu atso nya me be yeatsɔe ake ye srɔ̃ agɔdzela la. Gake amesi tia be yeanɔ te ɖe Yesu ƒe nyawo dzi agbe ye srɔ̃ si wɔ ahasi la mewɔ nusi Yehowa lé fui o. Srɔ̃tɔ maɖianukware la ƒe alakpanuwɔna lae Mawu lé fui.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Kpekpeɖeŋu nana srɔ̃tɔ fɔmaɖilawo kple wo viwo lɔlɔ̃tɔe ɖea vi na wo