INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/10 axa 19-22
  • Nu Ene Siwo Wòle Be Nànya Le Srɔ̃gbegbe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ene Siwo Wòle Be Nànya Le Srɔ̃gbegbe Ŋu
  • Nyɔ!—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Biblia Gblɔ Le Srɔ̃gbegbe Ŋu
  • Ale Si Srɔ̃gbegbe Gblẽa Nu Le Ðeviwo Ŋu
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Ƒome Si Me Ma Ale Si Wògblẽa Nu Le Ƒewuiviwo Ŋui
    Nyɔ!—2009
  • Srɔ̃gbegbe Ƒe Tiatia la
    Nyɔ!—1999
  • Tutu Wò Aɖatsiwo Ne Nàkpɔ Ŋgɔgbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2010
g 4/10 axa 19-22

Nu Ene Siwo Wòle Be Nànya Le Srɔ̃gbegbe Ŋu

Ne aƒe aɖe me tɔwo kpɔe be nu gblẽ le yewoƒe xɔ ŋu la, nu eve koe li woawɔ: woagbã xɔa loo alo adzrae ɖo.

ÐE WÒ srɔ̃ɖeɖe ɖo afi sia tɔgbia? Ðewohĩ srɔ̃wò trɔ wò to eme, alo nyaʋiʋli gbe sia gbe wɔe be mia kple srɔ̃wò miegale dzidzɔ aɖeke kpɔm o. Ne nenemae la, ekema ɖewohĩ àsusu be: ‘Míaƒe dzi megale mía nɔewo ŋu o,’ ‘Míesɔ na mía nɔewo o,’ alo ‘Míebu nuwo ŋu nyuie hafi ƒo ta ɖe eme o.’ Ðewohĩ àsusu kura gɔ̃ hã be: ‘Ðeko míagbe mía nɔewo.’

Gake mègatsi dzi nàtso nya me be srɔ̃ɖeɖea netɔ ɖe afi ma o; ke boŋ bu eŋu nyuie. Menye ɣesiaɣie ame siwo gbe wo nɔewo la dzudzɔa dzimaɖitsitsi le agbe me o. Zi geɖe la, kuxi bubuwo boŋ wòhena vanɛ. Ðɔkta Brad Sachs gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Srɔ̃tɔ siwo ɖoe be yewoaklã la susunɛ be ne yewogbe yewo nɔewo ko la, ekema nu sia nu ayi nyuie: dzre ke, yewoƒe dzi adze eme, eye yewoƒe to me afa. Gake aʋatsoe. Nu siawo mevana eme gbeɖe o, abe ale si ko srɔ̃ɖeɖe aɖeke meli, si me kuxi menɔna o ene.” (The Good Enough Teen) Eya ta ele vevie be nàbu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me be yeagbe ye srɔ̃.

Nu Si Biblia Gblɔ Le Srɔ̃gbegbe Ŋu

Womeƒo nu tso srɔ̃gbegbe ŋu le Biblia me abe nu tsɛ aɖe ko wònye ene o. Biblia gblɔ be Yehowa Mawu bunɛ be enye alakpanuwɔwɔ kple fuléle ame srɔ̃ be woagbee le nya maɖinyɛwo ta, ɖewohĩ kple susu be woaɖe ame bubu. (Maleaxi 2:13-16) Srɔ̃ɖeɖe nye nu si wòle be wòanɔ anyi ɖaa. (Mateo 19:6) Srɔ̃ɖeɖe aɖewo me gblẽ, gake ne ɖe srɔ̃tɔawo lɔ̃ faa be yewoatsɔ ake yewo nɔewo la, anye ne meva yi nenema hafi o.—Mateo 18:21, 22.

Gake Biblia ɖe mɔ be ame nagbe srɔ̃a ahaɖe ame bubu le nu ɖeka pɛ ko ta: eyae nye ne ewɔ ahasi. (Mateo 19:9) Eya ta ne srɔ̃wò wɔ ahasi la, ekema èkpɔ mɔ agbee. Menye ame bubuwoe aɖo nu si nàwɔ la na wò o, eye menye nu si wòle be nàwɔ la gblɔmee míele na wò le afi sia o. Wò ŋutɔe le emetsonuawo nu nɔ ge, eya ta wò ŋutɔe atso nya me le nu si nàwɔ ŋu.—Galatiatɔwo 6:5.

Gake Biblia gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Eya ta ne èkpɔ mɔ agbe srɔ̃wò abe ale si Biblia gblɔe ene hã la, anyo be nàbu emetsonuawo ŋu nyuie gbã. (1 Korintotɔwo 6:12) David si le Britain gblɔ be: “Ame aɖewo susunɛ be ele be yewoatso nya me kaba, gake esi wòdzɔ ɖe nye ŋutɔ dzinye ta la, mekpɔe be ehiã be ame nadi ɣeyiɣi abu eŋu nyuie hafi aɖoe be yeagbe ye srɔ̃.”a

Na míadzro nu vevi ene siwo ŋu wòle be nàbu la me. Ne míele wo me dzrom la, de dzesii be ame siwo gbe wo srɔ̃, siwo ƒe nyawo míegblɔ la, megblɔ be ne ɖe yewonya la, ne yewomegbe yewo srɔ̃ o. Gake woƒe nyawo ɖee fia be kuxi aɖewo doa mo ɖa le ɣleti alo ƒe siwo kplɔa srɔ̃gbegbea ɖo la me.

1 Gakuxiwo

Ƒe 12 ye nye ema Daniella si le Italy la ɖe srɔ̃ esime wòva nya be ye srɔ̃ le ahiã wɔm kple eƒe dɔwɔhati aɖe. Daniella gblɔ be: “Nyɔnua fɔ fu ɣleti ade megbe kura hafi meva nya.”

Daniella kple srɔ̃a klã sẽe, eye emegbe eɖoe be yeagbe ŋutsua. Egblɔ be: “Medze agbagba be míaɖɔ nuwo ɖo, gake srɔ̃nye gakpɔtɔ nɔ ahasi wɔm kokoko.” Daniella mesusui be nu gbegblẽ wònye yewɔ be yegbe ye srɔ̃a o. Gake egblɔ be: “Esi míenya gbe mía nɔewo ko la, ganyawo megava de dzinye kura o. Ɣeaɖewoɣi la, metsia dɔ. Milk (alo lɛ) koe menona hafi mlɔa anyi.”

Nenema kee nuwo va yi na Maria si le Spain hã. Egblɔ be: “Ŋutsu si gbɔ medzo le la menaa gakpekpeɖeŋu aɖeke mí o, eye eva hiã be mawɔ dɔ vevie axe fe siwo wònyi hafi dzo. Eva hiã gɔ̃ hã be maʋu le aƒe gã si me menɔ tsã la me ayi aɖatsi aƒe sue aɖe me le nuto si me nu vlo wɔwɔ bɔ ɖo.”

Nu siwo me ame siawo to ɖee fia be zi geɖe la, gakuxiwo ɖea fu na nyɔnu siwo gbe wo srɔ̃. Numekuku aɖe si wowɔ ƒe adre sɔŋ le Europa la ɖee fia be togbɔ be ŋutsu siwo gbe wo srɔ̃ la ƒe ganyawo nyona ɖe edzi le srɔ̃gbegbea megbe hã la, nyɔnuawo ya tɔ gblẽna ɖe edzi ŋutɔ. Mieke Jansen si kpɔ numekuku sia dzi la gblɔ be: “Menɔa bɔbɔe na nyɔnu aɖewo o, elabena ele na wo be woahe ɖeviawo, adi dɔ awɔ, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woadze agbagba aɖu seselelãme gbegblẽ siwo me tom wole le srɔ̃gbegbea ta la dzi.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wotana le London gblɔ be senyala aɖewo le gbɔgblɔm be nu siawo, siwo dona tsoa srɔ̃gbegbe me la “wɔe be fifia ame siwo di be yewoagbe yewo nɔewo la bua ta me zi eve hafi tsoa nya me.”—Daily Telegraph.

Nu si wòate ŋu agblẽ: Ne ègbe srɔ̃wò la, ɖewohĩ àɖo gakuxi me. Ðewohĩ ahiã hã be nàdi afi si nànɔ. Eye ne gbɔwòe ɖeviawo le la, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàkpɔ ɖokuiwò dzi ahakpɔ viwòawo hã ƒe nu hiahiãwo gbɔ na wo.—1 Timoteo 5:8.

2 Ðeviawo Hehe

Jane si le Britain la gblɔ be: “Esi srɔ̃nye wɔ ahasi la, ɖeko nu bliboa dzem kpo. Ete ɖe dzinye ŋutɔ hã be eɖoe koŋ be yeagblẽ mí ɖi.” Jane gbe srɔ̃a. Mesusui be ale si yetso nya me la mesɔ o, gake elɔ̃ ɖe edzi be: “Kuxi siwo me meto la dometɔ ɖekae nye ale si nye ɖeka manye vidada agawɔ vifofo ƒe dɔ hã. Nyametsotso ɖe sia ɖe kpɔa ŋkunyeme.”

Nenema kee wòle na Graciela si le Spain, si gbe srɔ̃a hã. Egblɔ be: “Nye ɖeka koe wotsɔ mía viŋutsu si xɔ ƒe 16 la dzi kpɔkpɔ de asi na. Gake ƒewuimenɔnɔ mele bɔbɔe o, eye nye ɖeka nyemesu te nyuie ahe mía via o. Mefaa avi ʋuu zã kple keli. Mesusu be nyemete ŋu le vidadanyenye ƒe agba si le dzinye la tsɔm o.”

Kuxi bubu aɖe hã ɖea fu na ame siwo woma ɖeviawo dzi kpɔkpɔ na: eyae nye be ele be woa kple ɖeviawo dzila evelia natso nya me le nu vevi aɖewo ŋu, abe dzilawo sasrã kpɔ, kpekpe ɖe ɖeviawo ŋu kple wo hehe ene. Christine si le Amerika, eye wònye vidada si gbe srɔ̃a la gblɔ be: “Mele bɔbɔe be mia kple ŋutsu si gbɔ nèdzo le la miawɔ nuwo ɖekae o. Dzi ƒe nyae, eye ne mèkpɔ nyuie o la, àva da viwòa ɖe edzila kemɛa ŋu.”

Nu si wòate ŋu agblẽ: Ðewohĩ ɖoɖo si setɔwo awɔ ɖe mia viawo dzi kpɔkpɔ ŋu la madzɔ dzi na wò o. Ne ɖe woma ɖeviawo dzi kpɔkpɔ na mi la, ekema ɖewohĩ ame kemɛa mase nu gɔme na wò le ɣeyiɣi si ɖeviawo asrã mi akpɔ, gakpekpeɖeŋu si wòana alo ale si miahe ɖeviawoe ŋu abe ale si nàdi ene o.

3 Nu Si Mia Nɔewo Gbegbe Agblẽ Le Ŋuwò

Mark si le Britain la srɔ̃ wɔ ahasi zi geɖe. Egblɔ be: “Esi wògawɔe zi evelia la, mebu be agate ŋu awɔe ake.” Eya ta Mark gbe srɔ̃a, gake eƒe dzi gaku ɖe nyɔnua ŋu. Egblɔ be: “Ne amewo gblẽ srɔ̃nyea ŋu nam la, woawo ŋutɔwo susuna be nu nyui wònye wɔm yewole nam, gake nu boŋ gblẽm wole le ŋunye. Ame si nèlɔ̃ ƒe nu medzo na le ŋku dzi na ame kaba o.”

David si ƒe nya míegblɔ va yi hã ƒe dzi gbã esi wònya be ye srɔ̃ le ahiã wɔm kple ŋutsu bubu. Egblɔ be: “Nyemexɔe se kura o. Ðe meɖoe tso dzi me be mía kplii kpakple mía viwo míanɔ anyi ɖekae ɖaa hafi.” David gbe srɔ̃a, gake eva nɔ ale si nuwo ava yi le etsɔ me hã ŋu bum. Egblɔ be: “Mebua eŋu be ɖe ame aɖe ate ŋu alɔ̃m ŋutɔŋutɔ hã, alo be ɖe wòagadzɔ ɖe dzinye alea ake ne meɖe srɔ̃ bubu hã. Nyemegava kana ɖe ame aɖeke dzi o.”

Ne mia kple srɔ̃wò miegbe mia nɔewo la, ekema ele be nànɔ mɔ kpɔm godoo be aɖe fu na wò susu le mɔ vovovowo nu. Ðewohĩ wò dzi gaku ɖe ame sia si mia kplii mienye ŋutilã ɖeka tsã la ŋu kokoko. (1 Mose 2:24) Gake ɖewohĩ nu si wòwɔ la hã anya nɔ vewòm. Graciela si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la gblɔ be: “Le ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã la, àtɔtɔ le ɖokuiwò me, àse le ɖokuiwò me be woɖi gbɔ ye, eye mɔkpɔkpɔ abú ɖe wò. Àganɔ ŋku ɖom dzidzɔ si mia kple srɔ̃wòa miekpɔna tsã la dzi ahabu be: ‘Ðe wògblɔna nam be nye kpli ye koe aku hafi lo! Bleyem wònɔa? Nu sia mate ŋu adzɔ o ɖe!’”

Nu si wòate ŋu agblẽ: Ðewohĩ dzi anɔ kuwòm, eye nu si srɔ̃wòa wɔ ɖe ŋuwò la anɔ vewòm. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be yetsi akogo.—Lododowo 14:29; 18:1.

4 Nu Si Mia Nɔewo Gbegbe Agblẽ Le Ðeviawo Ŋu

José si nye vifofo le Spain, eye wògbe srɔ̃a la gblɔ be: “Egbã dzi nam ŋutɔ. Nu si gate ɖe dzinye wue nye be nɔvinyenyɔnu srɔ̃e nye ŋutsu si srɔ̃nyea nɔ ahiã wɔm kplii. Ðeko mebe maku.” José kpɔe be nu si ye srɔ̃ wɔ la ɖe fu na wo viŋutsu eveawo hã, siwo dometɔ ɖeka xɔ ƒe eve, eye evelia xɔ ƒe ene. Egblɔ be: “Womete ŋu se nu bliboa gɔme o. Womenya nu si tae wo dada yi ɖaxɔ wo tasi srɔ̃ o, eye womese nu si tae mekplɔ wo míeʋu yi ɖatsi aƒe ɖeka me kple nɔvinyenyɔnu kple danye o. Ne mebe mayi afi aɖe la, wogblɔna be: ‘Nàgbɔ kaba, sea!’ alo ‘Papa, wò hã mègagblẽ mí ɖi o lo!’”

Zi geɖe la, dzilawo mebua nu si wo nɔewo gbegbe agblẽ le ɖeviawo ŋu ya ŋuti o. Ke ne dzila eveawo dome mele nyonyom o ɖe? Ðe wo nɔewo gbegbe ade ɖeviawo dzi wu abe ale si wosusunɛ enea? Ame geɖe megava le asi dam ɖe susu ma dzi o, vevietɔ ne menye kuxi gã aɖekee le srɔ̃tɔawo dome o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Awɔ nuku na srɔ̃tɔ siwo mele dzidzɔ kpɔm kura o la dometɔ geɖe be woanya be yewo viwo ya ƒe dzi dze eme le aƒea me. Dada kple Papa ɖale dzre wɔm o, esi wonya le wo gbɔ le aƒea me ko la, woƒe dzi dzea eme.”—The Unexpected Legacy of Divorce.

Ele eme be zi geɖe ne dzilawo dome mele nyonyom o la, ɖeviwo nyana, eye wo dzilawo dome kuxi ate ŋu ate ɖe wo dzi, elabena wometsi o. Gake ɖewohĩ be dzilawo nagblɔ be yewo nɔewo gbegbee ade ɖeviawo dzi wu godoo la masɔ o. Linda J. Waite kple Maggie Gallagher gblɔ le woƒe agbalẽ aɖe me be: “Ne dzila eveawo le ɖeviawo gbɔ la, ekpena ɖe wo ŋu wotea ŋu hea wo wòtoa mɔ ɖeka hedana sɔna, eye ɖeviawo hã ɖoa to, ne srɔ̃tɔawo dome mele nyuie ale si dze o hã.”—The Case for Marriage.

Nu si wòate ŋu agblẽ: Ne miegbe mia nɔewo la, ate ŋu agblẽ nu geɖe le ɖeviawo ŋu, vevietɔ ne mèƒoa nu nyui tso dzila kemɛa ŋu na viwòawo o.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Metsi Dome.”

Fifia míedzro nu ene siwo ŋu wòanyo be nàbu ne èle eɖom be yeagbe ye srɔ̃ la me. Míegblɔe va yi xoxo be ne srɔ̃wò wɔ ahasi la, ekema wò ŋutɔe atso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Gake nu kae nèɖaɖo be yeawɔ o, nya nu siwo ate ŋu ado tso eme. Bu eŋu kpɔ be kuxi kawoe wòahe avae hã, eye nànɔ klalo be yeanɔ te ɖe enu.

Ðewohĩ esi nèbu eŋu nyuie la, èkpɔe be anyo wu be miadze agbagba akpɔ kuxi siwo le mia kple srɔ̃wò dome la gbɔ. Gake ɖe wòanya wɔa?—g10-E 02.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka si le axa 20]

“NU SI ÐEVIWO KATÃ DZE NA”

“Esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, fofonye wɔ ahiã kple eƒe agbalẽŋlɔla, eye esia wɔe be woa kple danye wogbe wo nɔewo. Wowɔ nu sia nu si wosusuna ɣemaɣi be ɖeviwo katã dze na la nam. Woka ɖe edzi nam be togbɔ be yewomegalɔ̃ yewo nɔewo o hã la, yewogalɔ̃ nye ya, eye esi fofonye ɖeka ʋu yi ɖahaya xɔ hã la, wogakpɔa nye hiahiãwo gbɔ nam kokoko.

“Danye gaɖe srɔ̃ le ƒe eve megbe, eye míeʋu yi dukɔ bubu me. Le ema megbe la, ƒe geɖe va yina hafi mekpɔa fofonye ƒe ŋkume zi ɖeka. Ƒe asiekee nye esia nyemegakpɔ fofonye kpɔ o. Mekpɔ nye tsitsime o, eye menya vinye etɔ̃awo, siwo nye tɔgbuiyɔviawo o. Nya siwo megblɔ nɛ le agbalẽ siwo meŋlɔ nɛ me tso ɖeviawo ŋu kple woƒe foto siwo meɖo ɖee koe wòkpɔ. Ðeviawo hã menya wo tɔgbui o.

“Naneke medze le ŋunye, si ɖee fia be dzinyelawo gbe wo nɔewo wògblẽ nu le ŋunye o. Gake le nye dzi me la, dzi kuam, meléa blanui, eye mesena le ɖokuinye me be nyemele dedie o, gake nyemenya nu si tae o. Nyemegakana ɖe ame aɖeke dzi o. Mexɔ ƒe 30 to eŋu hafi xɔ̃nye tsitsi aɖe kpe ɖe ŋunye meva se nye nɔnɔmea gɔme, eye medze agbagba ɖu edzi vivivi.

“Esi dzinyelawo gbe wo nɔewo ta la, womewɔ nu si ɖeviwo katã dze na ŋutɔŋutɔ la nam o: nu mae nye ale si woana mase le ɖokuinye me be mele dedie. Xexea me ɖi vɔvɔ̃, eye emenɔlawo metsɔa ɖeke le eme na ame o, gake mesusui be ƒomea le abe gli ene, eye wònana ɖeviwo sena le wo ɖokui me be wotsɔ ɖe le eme na yewo, eye yewoƒe dzi dze eme. Ne ƒomea nya kaka ko la, ekema eƒe ametakpɔglia hã amu.”—Diane.

[Aɖaka si le axa 21]

“METSI DOME”

“Dzinyelawo gbe wo nɔewo esime mexɔ ƒe 12. Nye dzi dze eme vie gbã ya. Aƒea me fa azɔ, eye míate ŋu aɖe dzi ɖi; nyemegale dzre gbogbo mawo teƒe kpɔ ge azɔ o. Gake metɔtɔ vie hã.

“Esi dzinyelawo gbe wo nɔewo megbe hã la, medina be mía kpli wo dometɔ ɖe sia ɖe dome nanɔ nyuie, eya ta nyemedina be madze agɔ le wo dometɔ aɖeke dzi o. Gake ne mewɔ ɖe sia ɖe hã la, ewɔna nam be metsi dome. Papa gblɔna nam be Dada ade gbe to me nam ɖe ye ŋu. Eya ta medzea agbagba ɣesiaɣi be mana wòase egɔme be Dada mele susu gblẽm nam o. Dada hã tsi dzi vevie. Egblɔna nam be yele vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Papa le ye ŋu gblẽm nam. Esi wòva ɖo afi aɖe la, nyemegadina be magblɔ nye nya aɖeke na dzinyelawo dometɔ aɖeke o, elabena nyemedi be magblɔ nya aɖeke wòave wo o. Ale, tso esime mexɔ ƒe 12 ko la, nyemegagblɔa ale si mesena le ɖokuinye me le wo nɔewo gbegbe ŋu la na wo dometɔ aɖeke o.”—Sandra.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe