INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 6/8 axa 4-9
  • To Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • To Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia ƒe Lolome
  • Nusiwo Gbɔ Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Tso
  • Dɔ Sesẽ Si Ƒomeviwo Ðeviwo Wɔna
  • Ðevimenɔɣi Gblẽ
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Amekae Akpɔ Mía Viwo Ta?
    Nyɔ!—1999
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 6/8 axa 4-9

To Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me

“Ðeviwo le asi kpem ɖe dɔwo wɔwɔ ŋu fifia, gake wowɔa nu ɖe wo ŋu abe adzɔnuwo wonye ene tsɔ wu be woabu wo ameƒomea ƒe etsɔmee.”​—Chira Hongladarom, Amegbetɔ ƒe Wɔƒe Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Thailand dzikpɔla.

ƔEBUBUƔI si nàgaƒle vidzĩ wɔwɔe na viwònyɔnu wòatsɔ afe fe la, nya be ɖevi sue siwo le Anyieheɣedzeƒe Asia ye anya wɔe. Ɣebubuɣi si viwòŋutsu agatɔ afɔ bɔl la, nyae be nyɔnuvi ƒe etɔ̃ vi aɖe kple dadaa kpakple nɔvianyɔnu ene siwo woxea sent 75 na ŋkeke ɖekae anya tɔe. Ɣebubuɣi si nàgaƒle anyigbakuntru la, ɖo ŋku edzi be ŋutsuvi ƒe ade vi siwo wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe tso ŋkeke yi ŋkeke le nɔnɔme madeamedziwo mee tsɔ woƒe asibide matsimatsiwo lɔ̃e.

Aleke gbegbee ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ bɔe? Nuka gblẽm wòle le ɖeviwo ŋu? Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe?

Kuxia ƒe Lolome

Nya si Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ (International Labor Organization [ILO]) gblɔ fia be wobu akɔnta kpɔe be ƒe 5 kple 14 dome vi siwo le dɔ wɔm le dukɔ madeŋgɔwo me ade miliɔn 250.a Woxɔe se be wo dometɔ 61 le alafa me le Asia, alafa memamã 32 le Afrika, eye alafa memamã 7 le Latin Amerika. Ðeviwo wɔa dɔ le dukɔ siwo me adzɔhawo bɔ ɖo hã me.

Le anyiehe Europa la, ɖevi geɖe wɔa dɔ si me woxea fetu nyui le, vevietɔ ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me dɔwo abe agbledede ene, kple le asinudɔwɔƒe suewo me. Nyitsɔ laa esi Titina kple Ɣedzeƒe Europa ɖe asi le Kɔmiunist dziɖuɖuɖoɖoa ŋu hetrɔ ɖe ɖoɖo si me dɔwɔƒewo nyea amewo ŋutɔ tɔ le ŋu la, ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ dzi ɖe edzi. Le United States la, ɖevi dɔwɔla siwo ŋu se ɖe mɔ le ƒe agbɔsɔsɔmee nye miliɔn 5.5, gake ɖevi gbogbo siwo mexɔ ƒe 12 haɖe o siwo se meɖe mɔ na o evɔ woxɔ ɖe dɔwɔƒe madeamedziwo me alo esiwo wɔa ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me dɔwo le agble vovovo dzi la mele eme o. Aleke ɖevi miliɔn gbogbo siawo wɔ va kpe ɖe dɔwɔlawo ŋu?

Nusiwo Gbɔ Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Tso

Koɖoɖo ƒe amedzizizi. The State of the World’s Children 1997 gblɔ be: “Koɖoɖo ƒe amedzizizi nye nu sesẽtɔ si kplɔa ɖeviwo dea dɔ teɖeɖiameŋu si me afɔku le wɔwɔ me. Le ƒome dahewo me la, ɖevi ƒe fetu sue si wòatsɔ vɛ alo kpekpeɖeŋu si wòana le aƒeme si ana dzilawo nakpɔ mɔ awɔ dɔ la ate ŋu aɖe dɔwuame dzi akpɔtɔ ale be woakpɔ nu sue aɖe ya teti.” Zi geɖe la, ɖevi siwo le dɔ wɔm dzilawo mekpɔa dɔ alo kpɔnɛ wɔna tututu o. Wodia dɔ nyui be yewoawɔ vevie. Ekema nukatae wo viwo boŋue wonaa dɔe? Elabena woate ŋu axe fe sue aɖe ko na ɖeviwo. Elabena ɖeviwo ɖoa to eye wote ŋu na wowɔa nusianu wu​—wo dometɔ geɖe awɔ nusianu si wogblɔ na wo eye ƒã hafi woatɔ gbe dɔtɔwo. Elabena ɖeviwo mate ŋu adze aglã ɖe alesi wole wo tem ɖe anyii ŋu bɔbɔe o. Eye nenye be woƒo wo la, womeɖoa eteƒe o.

Sukumademade. Ŋutsuvi ƒe 11 vi si woyɔna be Sudhir si tso India nye ɖevi miliɔn geɖe siwo dzudzɔ sukudede hedze dɔwɔwɔ gɔme la dometɔ ɖeka. Nukatae? Eɖo eŋu be: “Nufialawo mefiaa nu nyuie le suku o. Ne míegblɔ na wo be woafia ŋɔŋlɔdzesiwo xexlẽ mí la, woƒoa mí. Wodɔa alɔ̃ le sukuxɔ me. . . . Ne míese nane gɔme o la, womefiaa mí o.” Ewɔ nuku ŋutɔ be nya si Sudhir gblɔ le suku ŋu nye nyateƒe tututu. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, alesi wotso ga si wozãna ɖe dumeviwo ŋu dzi la gblẽ nu le sukudede koŋ ŋu vevie. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1994 me le dukɔ 14 siwo mede ŋgɔ kura o le xexeame katã me la ɖe nya vevi aɖewo ɖe go. Le kpɔɖeŋu me le dukɔ siawo ƒe afã me la, sukuxɔ gbãtɔ me vi 4 le 10 dome koe nɔa zikpui dzi. Agbalẽ siwo woasrɔ̃ mele sukuviawo ƒe afã si o, eye nuŋlɔkpe mele sukuxɔawo ƒe afã me o. Eyata mewɔ nuku o be, ɖevi geɖe siwo dea suku siawo dometɔ geɖe dzudzɔna va dia dɔ wɔna.

Amewo ƒe nukpɔsusu. Nenye be afɔku le dɔ aɖe me eye wòsesẽ wu la, edzɔna zi geɖe be wotsɔnɛ naa amewo ƒe ƒuƒoƒo siwo mede ha o, na ame tsɛwo, amesiwo dzi nu mede o, kple ame dahewo. Le Asia dukɔ aɖe me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha de dzesii be “nukpɔsusu si le amewo sie nye be, wodzi ame aɖewo tatɔwoe eye be woazã woƒe susu atsɔ awɔ dɔe le esime wodzi ame bubuwo, ame akpa gãtɔ, ya be woazã woƒe ametia awɔ dɔe.” Nɔnɔmeawo menyona wu le Ɣetoɖoƒedukɔwo me ɣesiaɣi o. Ameha siwo kpɔ ŋusẽ wu malɔ̃ be yewo viwo nawɔ dɔ siwo me afɔku le o, gake maɖe fu aɖeke kura na wo ne ɖevi siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo, alo tso teƒe bubu, alo tso ame dahewo dome la le dɔ siawo ƒomevi wɔm o. Le kpɔɖeŋu me le dziehe Europa la, ɖevi siwo wɔa dɔ sesẽ nyea Turkey alo Afrika viwo; le United States la, wonyea Asia alo Latin Amerika viwo. Ðeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒe nya la gagblẽ ɖe edzi le alesi egbetɔwo tsia dzi ɖe adzɔnuwo ƒeƒle vivivo ŋu ta. Amewo dia nusiwo mexɔ asi o ƒeƒle ŋutɔ. Edze abe ame ʋee aɖewo koe tsi dzi be anye ɖevi manyamanya miliɔn geɖe siwo tafam wole lae wɔa wo ene.

Dɔ Sesẽ Si Ƒomeviwo Ðeviwo Wɔna

Dɔ ka ƒomeviwoe ɖeviwo wɔna? Zi geɖe la, ɖevi dɔwɔla akpa gãtɔwo nye gbɔviwo. Wona ŋkɔ dɔwɔla siawo be “ɖevi siwo dzi xexeame ŋe aɖaba ƒui wu.” Mele be gbɔvinyenye nanye dɔ si me afɔku le hafi o, gake alea wònɔna zi geɖe. Edzɔna be womexea fe nyui aɖeke na ɖevi siwo nye gbɔviwo o​—alo womexea fe aɖeke kura na wo o. Nusi dze woƒe aƒetɔwo ŋue woɖona na wo. Womeɖea lɔlɔ̃ fiaa wo o, womedea wo suku o, womena wofea fe o, eye womena wokpɔa gome le hadomenuwɔnawo me o. Wote ŋu ƒoa wo hedɔa wo gbɔ faa hã.

Ðevi bubuwo nyea awɔbamewo kple amesiwo dzi wozi be woawɔ dɔ. Le Anyiehe Asia, kpakple teƒe bubuwo la, dzilawo tsɔa wo vi siwo nyea ƒe enyi alo ƒe asieke viwo zi geɖe la ɖoa awɔba na amesiwo si adzɔnuwɔƒe le alo na wo teƒenɔlawo ɖe gadodo sue aɖe ta. Kluvidɔ si ɖeviawo wɔna le woƒe agbemeŋkekewo katã me la meɖea fea dzi kpɔtɔna kura gɔ̃ hã o.

Ke ɖeviwo tafatafa le gbɔdɔdɔ ƒe asitsatsa me ya ɖe? Wobu akɔnta be ƒe sia ƒe la, woblea nyɔnuvi miliɔn ɖeka ya teti nu dea gbɔdɔdɔ ƒe asitsatsa me le xexeame godoo. Woblea ŋutsuviwo hã nu dea gbɔdɔdɔ me. Nusi ametafatafa sia ƒomevi gblẽna le ŋutilã kple seselelãme ŋu​—nenye be míaƒo nu tso AIDS dɔlékui xɔxɔ ŋu o​—la wɔe be enye ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ si me afɔku le wu dometɔ ɖeka. Ƒe 15 vi aɖe si nye gbolo tso Senegal gblɔ be: “Alesi ameƒomea bua gbolowoe la, nenema ke wobua míi. Ame aɖeke medi be yeate ɖe mía ŋu o alo be woakpɔ mí le yewo ŋu o.”b

Wobaa ɖevi dɔwɔla gbogbo aɖewo le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe kple agble dɔwo me. Ðevi siawo kpea fu le tomenukudɔ siwo wobuna be afɔku le wo me akpa na ame tsitsiwo be woawɔ la wɔwɔ me. Yɔmekpe, vehlometete, kple gbɔxi ɖea fu na wo dometɔ geɖe. Ðevi siwo wɔa dɔ le agblewo dzi gbɔa agblemenugblẽnuwutikewo ɖe lãme, da ɖua wo, eye nudzodzoewo tea wo. Wo dometɔ aɖewo lã woƒe abɔ alo afɔ kple yi esime wonɔ foŋfoŋ tsom. Ðevi miliɔn geɖe tsɔ ablɔwo dzi wɔ woƒe dɔwɔƒee. Kpɔɖeŋu ɖekae nye ƒe ewo vi Shireen, amesi bi ɖe aɖukpo dzi tsatsa me. Mede suku kpɔ o, gake enya alesi woawɔ ga atsɔ anɔ agbee nyuie. Ne wòte ŋu dzra agbalẽ kple aŋekotoku siwo wotsɔ ƒu gbe wòde sent 30 va ɖo 50 la, ke akpɔ ŋdɔnu aɖu. Ne medzrae wòde nenema o la, etsia dɔ. Zi geɖe la, ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu le aƒeme alo alesi wometsɔa ɖeke le eme na wo o nue wonɔa sisim le va tsia ablɔ dzi, gake wogava wɔa ŋlɔmi le wo ŋu hetafaa wo ɖe edzi le ablɔa dzi. Josie si nye ƒe ewo vi si dzraa kpetike le Asia-dugã aɖe ƒe ablɔwo dzi la gblɔ be: “Medoa gbe ɖa gbesiagbe be magadze ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me o.”

Ðevimenɔɣi Gblẽ

Le ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒomevi siawo ta la, afɔku dziŋɔwo dzɔna ɖe ɖevi miliɔn gbogbo aɖewo dzi. Esia ƒe ɖewo ate ŋu atso dɔ si ƒomevi wɔm wole alo nɔnɔme madeamedzi si me wowɔa dɔa le gbɔ. Dɔwɔwɔ me fɔku dziŋɔwo te ŋu dzɔna ɖe ɖeviwo kple dɔwɔla bubu siwo nye sɔhɛwo dzi wu ame tsitsiwo. Aleae wòle le esi ɖevi ƒe wɔwɔme to vovo tso ame tsitsi tɔ gbɔ ta. Dɔ sesẽ wɔwɔ ate ŋu aŋe eƒe dzimeƒu alo aliƒu nɛ bɔbɔe. Azɔ hã ɖeviwo kpea fu wu ame tsitsiwo ne aɖitikewo alo aɖinu bubuwo ka wo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋusẽ mele ɖeviwo ŋu be woanɔ dɔ sesẽ ɖeka ƒomevi wɔm gaƒoƒo geɖe abe alesi wowɔnɛ ene o. Zi geɖe la, womekpɔa afɔkuwo dzea sii do ŋgɔ o, eye womenya afɔ siwo woaɖe wòakpɔ wo ta o.

Nusiwo ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ gblẽna le woƒe susu, seselelãme, kple susu ƒe tsitsi ŋu hã lolo ŋutɔ. Womeɖea lɔlɔ̃ fiaa ɖevi siawo o. Ƒoƒo, dzudzu, dɔmeɣitsitsi tsɔtsɔ he toe na wo, kple wo gbɔ dɔdɔ nye nusiwo bɔ ŋutɔ. Numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be, ɖevi miliɔn 250 kloe siwo le dɔ wɔm ƒe afã dzudzɔ suku. Gakpe ɖe eŋu la, wode dzesii be nu ate ŋu agblẽ le nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete si le ɖevi siwo wɔa dɔ gaƒoƒo didi la ŋu.

Nukae esiawo katã fia? Efia be koɖoɖo, fukpekpe, dɔléle, agbalẽmanyamanya, kple numawɔmawɔ nyuie le hadome me koe ɖevi siwo le dɔ wɔm dometɔ akpa gãtɔ anɔ le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Alo abe alesi nyadzɔdzɔŋlɔla Robin Wright gblɔe ene la, “le ŋgɔyiyi siwo katã xexeame wɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunya gome va ɖo Ƒe Alafa 20 lia sia ƒe nuwuwu megbe gɔ̃ hã la, ɖevi siwo le agbɔ sɔm ɖe edzie nye esiwo si agbe deamedzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, kaka wòava nye be woava zu ƒe alafa 21 lia xexeame kplɔlawo.” Nya ɖefuname siawo fɔ nyabiabia siawo ɖe te be: Aleke wòle be woawɔ nu ɖe ɖeviwo ŋui? Ðe nanewo li woawɔ atsɔ akpɔ ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒe kuxia gbɔa?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne woagblɔe gbadza la, ILO tia ƒe 15 be enye ƒe suetɔ si ɖevi naxɔ hafi woaɖe mɔ nɛ wòawɔ dɔ​—ne ƒe 15 mele sue wu ƒe si woɖo be woade suku ase ɖo teti o ko. Dzidzenu sia dzie wonɔa te ɖo zi geɖe ne wole akɔnta bum tso ɖevi siwo le dɔ wɔm le xexeame godoo ŋuti.

b Ne èhiã nyatakaka bubuwo ku ɖe ɖeviwo gbɔdɔdɔ ŋu la, kpɔ April 8, 1997, ƒe Nyɔ!, axa 11-⁠15.

[Aɖaka si le axa 5]

Nukae nye Ðeviwo ƒe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ?

ÐEVI akpa gãtɔ le nutowo katã me wɔa dɔ le mɔ aɖe nu. Dɔ siwo ƒomevi wowɔna la nɔa te ɖe amesiwo dome wole kple ɣeyiɣiwo ƒe tɔtrɔ dzi. Dɔwɔwɔ ate ŋu anye ɖeviwo ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe kple mɔ aɖe si dzi woato asrɔ̃ asinudɔ vevi aɖe le dzilawo gbɔ. Le dukɔ aɖewo me la, ɖeviwo wɔa dɔ le asinudɔwɔƒewo kple le kpekpeɖeŋunadɔ suesuewo me zi geɖe ale be vivivi la, wova zua dɔwɔla bibiwo le agbe me emegbe. Le dukɔ bubuwo me la, ƒewuiviwo wɔa dɔ gaƒoƒo ʋee aɖewo kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ kpɔa kotokumegae. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha gblɔ be “viɖe le [dɔwɔwɔ alea] ŋu, edea ɖevia ƒe ŋutilã, susu, gbɔgbɔmemenyenye, agbenyuinɔnɔ, alo hadomegbenɔnɔ ƒe tsitsi dzi eye megblẽa eƒe sukudede, modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme me o.”

Gake ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ fia alesi ɖeviwo wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe ɖe fetu sue aɖe ko ta le nɔnɔme siwo gblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu me zi geɖe. The State of the World’s Children 1997 gblɔ be “edze ƒã be” dɔ sia ƒomevi “gblẽa ame dome alo nye ametafatafa. Ame aɖeke mate ŋu agblɔe gaglãa etɔ nadzɔ be ɖeviwo tafatafa be woanye gbolowo nye nu nyui le nɔnɔme aɖeke me o. Nenema ke wòle le ‘ɖevi ƒe awɔbadɔ wɔwɔ,’ si nye nyagbe si wozãna na ɖeviwo ƒe kluvidɔwɔwɔ ɖe fe si wo dzilawo alo wo tɔgbuiwo kple mamawo nyi ta, hã gome. Nya sia ku ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe siwo wonya nyuie le nusi wogblẽna le lãmesẽ kple dedienɔnɔ ta hã ŋu . . . Kpuie ko la, dɔ si me afɔku le menye ɖevi aɖeke ƒe dɔ kura o.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

“Geɖe Gali Míawɔ”

DUKƆWO Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ (International Labor Organization [ILO]) xɔ ŋgɔ wole agbagba dzem be woatɔ te ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ siwo vloe. ILO ƒonɛ ɖe dziɖuɖuwo nu be woawɔ se atsɔ axe mɔ ɖe ɖevi siwo mexɔ ƒe 15 haɖe o ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ nu. Ena wogbugbɔ wɔa nubabla yeyewo be woaxe mɔ ɖe ɖevi siwo mexɔ ƒe 12 haɖe o ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ nu eye be woatɔ te ametafatafa ƒomevi vloewo. Be woanya alesi afɔɖeɖe siawo le dzidzedze kpɔmee la, Nyɔ! ƒe nuŋlɔla ƒo nu kple Sonia Rosen, amesi nye Dukɔwo Dome Ðeviwo ƒe Dɔwɔnyagbɔkpɔha ƒe dɔdzikpɔla le United States Dɔwɔlawo ƒe Nyagbɔkpɔƒe. Ekpe asi ɖe ILO ƒe ɖoɖo vovovo ŋu aduadu. Dzeɖoɖo ma me nya aɖewoe nye si.

Biabia: Mɔ kae nye nyuitɔ kekeake si dzi woato atɔ te ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ?

Ŋuɖoɖo: Egbɔkpɔnu nyui ɖeka mele mía si ale o. Gake nya siwo me míedzro siwo anye nusiwo woawɔ le dukɔwo dome la nye nya veviwo, siwo nye be woawɔ se adodoewo ahana amesiame nade gɔmedzesuku, eye anyo be woana woadee kokoko femaxee. Le nyateƒe me la, ele vevie hã be woana dɔwɔɖui nyui dzilaawo.

Biabia: Ðe nusiwo wote ŋu wɔ be woate ŋu atɔ te ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ dze ŋuwòa?

Ŋuɖoɖo: Medze ŋunye kura o. Míaƒe nyae nye be mele be ɖevi aɖeke nawɔ dɔ le nɔnɔme madeamedziwo me gbeɖe o. Míeto ILO ƒe ɖoɖo dzi wɔ ŋgɔyiyi geɖe. Gake nu geɖe gali míawɔ.

Biabia: Aleke xexeamenɔlawo katã le asi kpem ɖe agbagba siwo dzem miele be woatɔ te ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋui?

Ŋuɖoɖo: Nyemenya alesi magaɖo nya ma ŋui o. Nusi dzi mí katã míelɔ̃ ɖo le xexeame godoo enye be ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ nye nane si ŋu wòle be míatso ɖo. Mesusui be nya si wòle be míabiae nye be: Aleke míatso ɖe eŋui, eye aleke gbegbe wòle be wòatsɔe? Ðeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒomevi aɖewo gbɔ kpɔnu kawoe nye nyuitɔwo míate ŋu azã? Ewɔ nam be esiae nye míaƒe kuxia ŋutɔŋutɔ.

Biabia: Nukae ɖevi siwo le dɔ sesẽ wɔm ate ŋu akpɔ mɔ na le etsɔme?

Ŋuɖoɖo: Xexeame dukɔwo katã gbɔna tɔtrɔ ge ayi Geneva le ƒe sia me aɖawɔ nubabla yeye ɖe ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒomevi siwo vɔ̃ɖi wu ŋu. Ema ɖeɖe nye ŋugbedodo gã aɖe​—⁠be dukɔwo katã, kple dɔwɔlawo ƒe habɔbɔwo kpakple dɔtɔwo ƒe habɔbɔwo nakpe. Míele mɔ kpɔm be woawɔ ɖoɖo yeye aɖe le afima kple susu be woatɔ te ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ ƒomevi vloetɔwo.

Menye amewo katãe susui abe alesi Sonia Rosen susui ene o. Charles Mac­Cormack, amesi nye Mixɔ Na Ðeviwo habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe susu to vovo. Egblɔ be: “Didia mele dunyahelawo me o eye amewo menya nu tso eŋu bene wòanya wɔ o.” Nukatae? Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha gblɔ be: “Nya gãe ɖeviwo ƒe dɔwɔnya nyena zi geɖe. Ŋusẽtɔ aɖewo de edzi, eye wo dometɔ aɖewo nye dɔtɔwo, amesiwo kpɔa viɖe tsoa eme, kple ganyaŋununyala siwo tea tɔ ɖe edzi be ele be woatsa asi ɖesiaɖe ƒomevi to mɔ sia mɔ nu faa, kpakple blemakɔnuléɖeasila siwo xɔe se be gome mele ɖeviwo ƒe hatsotso aɖewo ya si o.”

[Nɔnɔmetata]

Sonia Rosen

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Dagbadagba le tomenukuƒewo kple avɔlɔ̃ƒewo hã le ɖeviwo ƒe dɔwɔnya wɔnublanuia me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. National Archives photos

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 148046/ J. P. Laffont - SYGMA

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

CORBIS/Dean Conger

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aɖukpo dzi tsatsa

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Hloloetsotso be woafɔ nake

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dɔwɔwɔ le ɖetidɔwɔƒe aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ðevi ablɔdzi nudzralawo wɔa dɔ ɖe sent 6 pɛ ta ŋkeke ɖeka

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Dɔwɔwɔ le atikpakpadɔwɔƒe aɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 148027/Jean Pierre Laffont

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 148079/ J. P. Laffont - SYGMA

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN PHOTO 148048/J. P. Laffont - SYGMA

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Agbagbadzedze be woawɔ dɔ aɖu nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe