Kuxia Le Xexeame Katã
KPƆÐEŊU bubu si gafia be ɖevi tsigbɔdomewo le afɔku mee nye gbevuviwo tsɔtsrɔ̃ si le edzi yim le Brazil ƒe nya dziŋɔ la. Nyatakaka siwo tso dukɔ ma me gblɔ be wowua ɖevi alafa geɖe ƒe sia ƒe.
Wodze ɖeviwo dzi ŋutasesẽtɔe le Dunblane, Scotland, kple Wolverhampton, England, kple le teƒe bubu geɖe. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ƒe 12 vi Maria si nye tsyɔ̃vi tso Angola si gbɔ wodɔ sesẽe eye wòfɔ fu ƒe fukpekpe ŋu kpɔ. Emegbe wozi edzi wòzɔ afɔ kilometa 320, le azɔlia zɔzɔ vɔ megbe la, edzi vidzĩ si ƒe ŋkeke mede o si nɔ agbe kwasiɖa eve ko. Le dɔléle kple nunyuimakpɔɖu ta la, Maria ku le kwasiɖa ɖeka megbe.
Le ƒe 1992 me la, Dukɔ Ƒoƒua ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be “ ‘aʋahoho ɖe ɖeviwo ŋu’ nye ƒe alafa 20 lia me nutovɛ.” Le ƒe 1996 me nyatakaka aɖe si UNICEF na me la, ame aɖewo ƒe nukpɔsusu enye be, ‘ele be woaɖe futɔ la ƒe dzidzime siwo mekpɔ dzɔ haɖe o, si nye futɔ la ƒe viwo, hã ɖa.’ Dunyahenyawo me dzrola aɖe gblɔe ale: “Be nàwu alegeli gãwo la, ele be nàwu suetɔwo.”
Le ƒe ewo aɖewo ko me nyitsɔ laa la, ɖevi miliɔn eve sɔŋ ye wowu ŋutasesẽtɔe. Nugoemetu siwo woɖi ɖe tome wɔ miliɔn ene bubu wozu nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo, alo nu gblẽ le woƒe ahɔhɔ̃ ŋu, eye wo tɔ ɖe wònyo wue nye ma, hekpe ɖe miliɔn bubu geɖe siwo bu woƒe aƒewo le aʋawɔwɔwo ta ŋu. Mewɔ nuku o be nyatakaka aɖe ƒe tanya xlẽ be: “Aʋawɔwɔ me Ŋutasẽnuwɔna Dziŋɔ Siwo Doa Vɔvɔ̃ na Ðeviwo.”
Hlɔ̃nu siawo siwo wowɔ ɖe ɖeviwo ŋu la gblẽ nu le ameƒomea ŋu vevie, si nye kpeɖodzi sẽŋu be ɖeviwo ɖo xaxa me vavã, menye le dukɔ ʋee aɖewo ko me o ke le xexeame katã. Eye woflu ɖevi geɖe siwo ŋu wosẽ ŋuta le la hã.
Amesiwo Dzi Woka Ðo Flu Wo
Ne amesi dzi ɖevi ka ɖo flui la, ate ŋu agblẽ nu le eŋu vevie tegbetegbe. Esia nye nyateƒe vevietɔ ne dzila, xɔlɔ̃, alo nufiala si dzi wòka ɖo lae flui. Woate ŋu akpɔ alesi gbegbe dzilawo ƒe ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu ƒe nya la keke ta adze sii le alesi le wɔna aɖe si woyɔ be “Numakemake le Vɔvɔ̃ Ta: Nukoklo le Ŋutasesẽ le Ðeviwo Ŋu Dzi Kple Enutsitsi,” si television dzi numedzodzrowɔla xɔŋkɔ, Oprah Winfrey nɔ zi me wowɔ le United States vɔ megbe la, ame gbogbo aɖewo ƒo ka na telefon dɔwɔƒe aɖee la me. Arnold Shapiro, si nye wɔnaa dzikpɔla, ƒe nya siwo woyɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Children Today me gblɔ be: “Kaƒoƒo siwo ʋuʋu ame wue nye esiwo tso ɖevi dzaa siwo vɔvɔ̃ ɖo wonɔ ka ƒom henɔ didim be yewoasi le ŋutasesẽ le wo ŋu alo wo gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe vevesesewo nu la gbɔ.”
Wɔna sia na eme kɔ be nukpɔsusu si nye be ɖevigbɔdɔlawo nye adzɔgeme aɖewo siwo ŋu vɔvɔ̃ le la nye alakpa. Shapiro ƒo nya ta be, nyateƒea ye nye be “dzilawo kple ƒometɔ kplikplikpliwoe wɔa ŋutasẽnu siawo ƒe akpa gãtɔ.” Numekuku bubu ɖo kpe nya sia dzi eye wòɖee fia hã be ɣeaɖewoɣi ƒomexɔlɔ̃ siwo dzi woka ɖo ɖonɛ koŋ wɔa nu ɖe ɖevia kple ƒomea ŋu nyuie, tsɔ dzrana ɖo ɖe ɖevia gbɔdɔdɔ ŋu emegbe. Ƒometɔ kplikplikpliwo ƒe amegbɔdɔdɔe nye kakaɖedzi domegbegblẽ si naa ame luluna wu.
Ðevigbɔdɔlawo ƒe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ hã ganye ŋɔdzidonu bubu na ɖeviwo le xexeame katã. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Trends & Issues in Crime and Criminal Justice na numeɖeɖe sia be: “Paedophilia (ɖevigbɔdɔdɔ) nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ɖevi dzaawo ŋu. . . . Nuwɔna siwo koŋ paedophilia fiae nye hlɔ̃nuwo abe amegbɔdɔdɔ sesẽe, gbegblẽnuwɔwɔ kple nuvɔ̃wo abe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ene.”
Nyatakaka nyɔŋuwo tso ɖevigbɔdɔla siwo tsɔa ŋukeklẽ dea ɖeviwo gbɔdɔdɔsitsatsa me ŋu le agbogbo dom ɖe edzi le xexea ƒe akpa sia kpa. (Kpɔ aɖaka si le axa 7.) Nyɔnuvi kple ŋutsuvi dzaawo siaa ŋue wowɔa nusiawo ɖo. Ŋutsu vloe siawo blea wo hedɔa wo gbɔ eye emegbe wodoa ŋɔdzi na wo alo wotsɔa nu vivi geɖe blea wo nui tsɔ dea dzi ƒo na wo be woanɔ yewoƒe “ha” me. Zi geɖe la ame ŋkuta siwo le nutoa mee wɔa ɖoɖo ɖe nu vloe siawo wɔwɔ ŋu eye ɣeaɖewoɣi la, enɔa nyanya na kpovitɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo eye wokpɔa wo ta ne wowɔ nu mawo.
Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ hã le dzivee dom na amewo ale gbegbe. Nyatakaka siwo tso xexeame godoo ɖe alesi gbegbe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le ɖeviwo gbɔ dɔmee la fia, eye ɣeaɖewoɣi la wowɔnɛ le Mawu ƒe ŋkɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Anglikan-nunɔla aɖe si wobu fɔe gblɔ na ƒe ewo vi si gbɔ wòdɔ la be “Mawue nɔ nu ƒom to ye [subɔsubɔhaŋgɔnɔla la] dzi, eye nusianu si yewɔ alo nusianu si [ŋutsuvia] wɔ la dze Mawu ŋu eyata enyo.”
Le Australia la agbalẽ si nye The Battle and the Backlash: The Child Sexual Abuse War si me wogadzro ƒo nu tso nunɔlawo kple amesiwo dzi woka ɖo ƒe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu. Egblɔ be edze abe habɔbɔ siwo ŋu nyaa ku ɖo tsia dzi ɖe bubu si le wo ŋu kple wo ɖokui takpɔkpɔ ŋu tsɔ wu ɖevi siwo dzi afɔku ate ŋu adzɔ ɖo bɔbɔe takpɔkpɔ ŋu ene.
Emetsonu Vɔ̃wo
Ðevi kana ɖe ame dzi megbemakpɔmakpɔe. Eyata ne woflui la, egblẽa nu le ɖevi si mele mɔ kpɔm na nusia o la ƒe susu ŋu vevie ŋutɔ. Agbalẽ si nye Child Abuse & Neglect gblɔ be: “Afɔku kple vɔvɔ̃ va le ame aɖewo kple teƒe siwo ŋu vɔvɔ̃ menɔ tsã o, alo naa kpekpeɖeŋu ame la ŋu fifia. Eyata enye nu sesẽ be woaƒo nu tso alesi ɖevi ƒe etsɔme ava nɔ kple alesi woatrɔ asi le eŋui la ŋu.”
Le ŋutasẽnu mawo siwo dometɔ geɖe yi edzi ƒe geɖe ta la, hadomekuxiwo kple tagbɔdɔ va ɖoa ɖevi aɖewo ŋu emegbe le woƒe agbe me, eye wònɔa wo ŋu wotsɔ tsinae. Egblẽa nu le ɖevi ŋu vevie ne amesi dzi wòka ɖo la flui elabena amea kpɔ mɔnu wɔ nusi wòdi be yeawɔ esi wònye ɖevi ta. Gake ɖevi geɖe siwo gbɔ wodɔ la megblɔnɛ gbeɖe o—si doa ŋusẽ ɖevigbɔdɔlawo vevie.
Le nyitsɔ laa ƒewo me la, kpeɖodziwo ɖee fia be ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo ale gbegbe be egbea la kpeɖodzi gbogbo aɖe ŋutɔ li si dzi womagate ŋu agbe lɔlɔ̃ ɖo alo aŋe aɖaba aƒui o. Gake ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu nutsitsi nye dɔ sesẽ ŋutɔŋutɔ. Eyata biabia siawo fɔ ɖe te be: Ðe amea ɖe li si ate ŋu akpɔ mía viwo ta ŋutɔŋutɔa? Aleke mí amesiwo nye dzilawo míakpɔ domenyinu si Mawu tsɔ na mí la ta eye míakpɔ mía vi siwo woate ŋu awɔ nu vevii bɔbɔe la dzii? Ameka gbɔe dzilawo ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
Adzamenumekuku le Internet Dzi
Le adzamenumekuku gãtɔwo kekeake siwo wowɔ ɣleti ʋee aɖewo va yi tsi tre ɖe ɖeviwo ƒe amamafoto dede Internet dzi dometɔ ɖeka me la, kpovitɔwo dze amesiwo wu 100 siwo wobu be wonye ɖevigbɔdɔlawo ƒe aƒewo dzi le dukɔ 12 me. Le ɖevigbɔdɔlawo ƒe asaɖa ɖeka pɛ ko me le United States la, woxɔ ɖeviwo ƒe amamafoto siwo wu 100,000 sɔŋ le wo si.
Britaniatɔ adzamenumekukuwɔla si kpɔ ɣleti-atɔ̃ ƒe numekuku si wowɔ le Internet dzi la dzi gblɔ be: “Fotoawo anyɔ ŋu na amesiame si si susu nyui le godoo.” Ðeviawo nye ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye wo dometɔ aɖewo nye ƒe eve viwo gɔ̃ hã. Belgium kpovitɔ aɖe gblɔ be nɔnɔmetata siwo le Internet la dzi nye “ɖeviwo ƒe amamafoto siwo tɔ ŋku wu ɖesiaɖe. . . . Fotoawo nyɔ ŋu ale gbegbe be àkpɔ amewo dɔ woa ŋutɔwo ƒe viwo gbɔ ale be woate ŋu ana esi able fu lãme na ame wu.” Ŋutsuawo dometɔ ɖeka ɖe foto eɖokui esime wònɔ tɔɖiayɔvi gbɔ dɔm sesẽe eye wòde foto siawo eƒe kɔmpiuta dzi.
Amesiwo wokpɔ le amesiwo wobu be wonye nusia wɔlawo domee nye nufialawo, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe, sesrɔ̃la aɖe, atikeŋutinusrɔ̃la aɖe, ŋkutsalawo ƒe tatɔ aɖe, gadzikpɔla aɖe, kple yunivɛsiti nufialagã aɖe.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Bɔmb aɖe gblẽ nu le ŋutsuvi sia ƒe ɖusibɔ ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
UN/DPI Photo by Armineh Johannes
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]
Photo ILO/J. Maillard