INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 8/8 axa 19-21
  • Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ be Yeanɔ Agbe Tegbeea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ be Yeanɔ Agbe Tegbeea?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdzedze “Nyabiabia Vevi La”
  • Nusi Tututu He Ku Vɛ
  • Fɔbubu Kple Ŋugbedodo Aɖe
  • Alesi Nàwɔ Adidi Wò Agbe ɖe Edzi​—Tegbee
  • Ðe Míate Ŋu Anɔ Agbe Mavɔ Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe nàte ŋu awɔ nane si ana màku amegã oa?
    Nyɔ!—2006
  • Ƒe Nenie Nàte Ŋu Anɔ Agbe?
    Nyɔ!—2013
  • Nukata Míekuna?
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 8/8 axa 19-21

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ be Yeanɔ Agbe Tegbeea?

ÐƆKTA James R. Smith, si nye ŋutilãmenugbagbevi ŋuti nufialagã gblɔ be: “Nane yia edzi le amegbetɔ ƒe ŋutilã me si dzidzea amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ƒe seƒe si nye gbogbotɔ kekeake si wòate ŋu aɖo, si wogblɔ be enye ƒe 115 va ɖo 120 lɔƒo na ame. Agbenɔƒe ƒe seɖoƒe li​—gake míenya seɖoƒea nɛ o.” Ðk. Roger Gosden si nye nugbagbeŋutinunyala gblɔ be mewɔ nuku o be “dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ ta na alesi woawɔ amegbetɔ ƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi o, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe bua eŋu gɔ̃ hã.” Ðe ema ƒe tɔtrɔ aɖe gogoa?

Ŋgɔdzedze “Nyabiabia Vevi La”

Togbɔ be numekuku siwo naa mɔkpɔkpɔ le mɔxexe ɖe tsitsi nu ŋu bɔ fũ hã la, eŋununyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe Ðk. Gene D. Cohen, si nye tatɔ na Amegãkukuŋutinusrɔ̃ha si le Amerika ƒe nya sia dzi be, “mɔxexe na tsitsi ƒe mɔnu siawo siwo katã ŋu wobe kakaɖedzi le la zu dzodzro.” Nukatae? Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋlɔla Nancy Shute gblɔ ɖe U.S.News & World Report me be nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be “ame aɖeke menya nusi hea tsitsi kple emetsonu si nu womate ŋu asi le o, si nye ku, vɛ haɖe o. Evɔ dɔdada nusi he dɔa vɛ manyamanyae nye susumanɔme nuwɔna ale gbegbe.” Ðk. Gosden hã gblɔ be tsitsi gɔmesese kpɔtɔ nye nusi do viviti: “Ekpɔ ŋusẽ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi gake nusi tututu gbɔ wòtsona kpɔtɔ nye nya ɣaɣla.” Egblɔ be wometsia dzi ɖe “nyabiabia vevi si nye nusita wòdzɔna kura ya” ŋu o.a

Le nyateƒe me la, alesi ko seɖoƒe li na amegbetɔwo ƒe ablaɖeɖe le dusisi me, alesi gbegbe woate ŋu adzo yi dzii, kple alesi woate ŋu ado ɖi ayi toe la, nenema ke seɖoƒe li na alesi woate ŋu atsɔ amegbetɔ ƒe tamebubu kple gɔmesese gbɔlo aɖe nu mee. Eye edze ƒã be “nyabiabia vevi la si nye Nukata” ŋu ɖoɖo kɔ gbɔ seɖoƒe ma ŋu. Eyata mɔ ɖeka kolia si ko dzi míate ŋu ato akpɔ ŋuɖoɖoae nye be míatrɔ ɖe amesi ƒe sidzedze kɔkɔ wu amegbetɔ dzro ko tɔ ŋu. Esiae nye nusi tututu blema nunyagbalẽ si nye Biblia bia tso asiwò be nàwɔ. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso Wɔla la, ‘amesi gbɔ agbe dzɔ tso’ ŋu la, eka ɖe edzi na mí be: “Ne miedii la, ana be, miakpɔe.” (Psalmo 36:​10; Kronika II, 15:⁠2) Ke nukae Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖe fia le susu si tututu tae ame kuna ŋu?

Nusi Tututu He Ku Vɛ

Biblia gblɔ na mí be esi Mawu wɔ ame eve gbãtɔwo la, ede “mavɔmavɔ dzi me na wo.” (Nyagblɔla 3:​11) Gake menye agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi koe Wɔla la de mía dzila gbãtɔawo me o; ena mɔnukpɔkpɔ wo hã be woanɔe. Wowɔ wo wode blibo le ŋutilã kple susu me, eye wonɔ agbe le nuto si me ŋutifafa nɔ la me. Wɔla la ɖoe be ame eve gbãtɔ siawo nanɔ agbe tegbee eye be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woƒe dzidzimevi deblibowo nayɔ anyigba la dzi fũ.​—Mose I, 1:​28; 2:⁠15.

Gake agbenɔnɔ seɖoƒe manɔŋui nɔ te ɖe nane dzi. Enɔ te ɖe toɖoɖo Mawu dzi. Ne Adam gbe toɖoɖo Mawu la, ‘ku ke wòaku.’ (Mose I, 2:​16, 17) Nublanuitɔe la, ame eve gbãtɔawo gbe toɖoɖo. (Mose I, 3:​1-⁠6) Esia na be wozu nuvɔ̃mewo, elabena “nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.” ( Yohanes I, 3:⁠4) Ale wɔ agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa bɔ wo enye si, elabena “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:​23) Eyata esime Mawu nɔ fɔ bum ame eve gbãtɔawo la, egblɔ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”​—Mose I, 3:⁠19.

Eyata le ame eve gbãtɔawo ƒe nuvɔ̃wɔwɔ vɔ megbe la, nuvɔ̃ me tsonu si wogblɔ ɖi la lé ɖe woƒe domenyiŋusẽfianuwo ŋu, eye woɖo seɖoƒe na amegbetɔ ƒe agbenɔƒe. Emetsonue nye be tsitsi gblẽ nu le wo ŋu eye ku do tso eme na wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le ame eve gbãtɔawo nyanya le woƒe Paradisoƒe gbãtɔ, si woyɔ be Eden, me megbe la, wodze ŋgɔ nu bubu si kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe woƒe agbe dzi ale gbegbe​—eyae nye Eden godo ƒe nutome si le abe mɔxenu ene. (Mose I, 3:​16-19, 23, 24) Ŋusẽ eve siwo nye nuvɔ̃domenyinyi kple nuto madeamedzi, evea katã ƒe dɔwɔwɔ aduadu gblẽ nu le ame eve gbãtɔawo kple wo vi siwo woava dzi la siaa ŋu.

Fɔbubu Kple Ŋugbedodo Aɖe

Esi tɔtrɔ vɔ̃ɖi siawo va ge ɖe ame eve gbãtɔ siawo ƒe agbe me hafi wova dze vidzidzi gɔme ta la, vi siwo le abe woa ŋutɔwo ene koe woate ŋu adzi​—nuvɔ̃me madeblibo siwo ŋu tsitsi gblẽa nu le. Biblia gblɔ be: “Ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:​12; tsɔe sɔ kple Psalmo 51:⁠7.) Agbalẽ si nye The Body Machine​—Your Health in Perspective gblɔ be: “Woŋlɔ míaƒe dzedze na ku ƒe ɖaseɖigbalẽ ɖe mía ŋutɔwo míaƒe lãmenugbagbeviwo me.”

Gake esia mefia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na agbenɔnɔ tegbee​—si nye agbenɔnɔ tsitsi kple ku manɔmee​—o. Gbã, susu le eme be míaxɔe ase be amegbetɔ Wɔla nusianunyala si wɔ agbe ƒomevi wɔnuku vovovowo ate ŋu aɖe domenyiŋusẽ me nu gbegblẽ ɖesiaɖe ɖa eye wòana ŋusẽ si ana míayi edzi anɔ agbe tegbee la mí. Evelia, nusia tututue Wɔla la do ŋugbe be yeawɔ. Le esi Mawu tsɔ ku he to na ame eve gbãtɔawo vɔ megbe la, eɖee fia zi geɖe be yeƒe tameɖoɖo be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi metrɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ena kakaɖedzi sia be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:​29) Nukae wòhiã be nàwɔ be nàkpɔ gome le ŋugbedodo sia me vava me?

Alesi Nàwɔ Adidi Wò Agbe ɖe Edzi​—Tegbee

Esi Ronald Kotulak si nye dzɔdzɔmeŋutinunya ŋlɔla bia gbe atikeŋutinumekula siwo wu 300 vɔ megbe la, egblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya xoxoxo be ame ƒe fetu, dɔwɔna, kple hehexɔxɔe nye nu vevitɔ kekeake siwo afia amewo ƒe lãmesẽmenɔnɔ kple ɣeyiɣi didi si woanɔ agbe. . . . Gake hehexɔxɔe le dzedzem abe wo dometɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe agbe didi nɔnɔ dzi wu ene.” Eɖe eme be: “Abe alesi nusi míeɖuna doa ŋusẽ míaƒe ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete be wòawɔ avu kple dɔlékui siwo ate ŋu agblẽ agbe domee ene la, nenema ke hehexɔxɔ hã kpɔa mía ta tso tiatiawɔwɔ siwo agblẽ nu le mía ŋu mee.” Abe alesi numekula aɖe gblɔe ene be, “hehexɔxɔ akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ alesi nànɔ agbee” kple alesi “nàwɔ aɖu mɔxenuwo dzi.” Eyata abe alesi agbalẽŋlɔla Kotulak gblɔe ene la, le mɔ aɖe nu la, hehexɔxɔe nye “lãmesẽmenɔnɔ kple agbe didi nɔnɔ ƒe safui.”

Afɔɖeɖe gbãtɔ si ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ŋu hã nɔ te ɖe hehexɔxɔ​—Biblia sɔsrɔ̃​—dzi. Yesu Kristo gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” ( Yohanes 17:⁠3) Yehowa Mawu, Wɔla la, kple Yesu Kristo, kpakple tafe ƒe ɖoɖoa si Mawu wɔ na mí ŋuti sidzedze si míanɔ xɔxɔm ye nye hehexɔxɔ mɔnu ɖeka kolia si adzra ame ɖo be wòaɖe afɔ gbãtɔ le mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi.​—Mateo 20:​28; Yohanes 3:⁠16.

Yehowa Ðasefowo wɔa Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be Biblia me sidzedze sia si naa agbe la nasu asiwò. Ði tsa nàde woƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me be nàse nu bubuwo tso ɖoɖo sia si li femaxee ŋu, alo nàbia tso wo si be woava srã wò akpɔ le ɣeyiɣi si asɔ na wò dzi. Àkpɔe be kpeɖodzi sẽŋuwo le Biblia me be eteƒe madidi o mɔxenu siwo gblẽa agbe dome kple agbenɔƒe ƒe seɖoƒe maganɔ anyi o. Nyateƒee, ku ɖu fia ƒe akpe nanewoe nye sia, gake eteƒe madidi o woaɖu edzi tegbee. Mɔkpɔkpɔ lédziname kae nye si na ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Amegãkukuŋutinusrɔ̃lawo to nufiafia vovovowo vɛ (akɔntabubu aɖe ɖee fia be wowu 300!) siwo ɖe alesi nuwo trɔnae le míaƒe lãme si wɔnɛ be míetsina me. Gake nufiafia mawo meɖe nusita wòdzɔna ya me o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Afɔɖeɖe gbãtɔ hena agbe mavɔ nɔnɔe nye Biblia sɔsrɔ̃

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe