INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/06 axa 11
  • Ðe nàte ŋu awɔ nane si ana màku amegã oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe nàte ŋu awɔ nane si ana màku amegã oa?
  • Nyɔ!—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔƒolawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi Le Xexeame
    Nyɔ!—1999
  • Nukatae míetsina kua amegã?
    Nyɔ!—2006
  • Ale Si Wole Agbe Didi Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ be Yeanɔ Agbe Tegbeea?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2006
g 7/06 axa 11

Ðe nàte ŋu awɔ nane si ana màku amegã oa?

“Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, . . . wova [yina] kabakaba, eye míedzo.”—PSALMO 90:10.

TSƆE BE ènye ɖekakpui alo ɖetugbi tegbee, èle lãmesẽ me eye wò susu le ɖaɖam ɣesiaɣi. Ðe nɔnɔme nyui mawo me nɔnɔ ɖi drɔ̃e na wòa? Ne ewɔna na wò nenema la, ke de ŋugble le nya wɔmoya sia ŋu kpɔ: Togbɔ be ako ƒomevi aɖewo te ŋu nɔa agbe wòdea ƒe alafa ɖeka hã la, ƒã hafi afi nɔa agbe wòwua ƒe etɔ̃. Vovototo sia si le lã siawo ƒe agbenɔƒewo dome na nugbagbeŋutinunyalawo susui be anye be nane gbɔ kokokoe tsitsi tso, eye be ne nane gbɔe tsitsi tso la, ke woate ŋu akpɔ atike nɛ.

Atikedɔwɔƒewo le ga geɖe zãm tsɔ le atike yeye siwo ana womagaku amegã alo nyagã o la dim. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amesiwo wodzi le xexemeʋa evelia megbe, siwo le gegem ɖe woƒe ƒe 60-awo me fifia, va le dzi tsim ɖe alesi woawɔ be womaku amegã kaba o ŋu vevie.

Nugbagbeŋutinunyala, lãwo ŋuti nunyala, kple amegãkukuŋutinunyala gbogbo aɖewo va le dzi tsim vevie ɖe nusɔsrɔ̃ tso tsitsi ŋu hã ŋuti. Steven Austad gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Why We Age (Nusita Míetsina Ðo) me be: “Ɣesiaɣi si amegãkukuŋutinunyalawo do go la, dzidzɔ aɖe dzena le wo ŋu. Magadidi hafi míase nusitae ame tsina ɖo la gɔme o.”

Amewo ɖea susu vovovowo gblɔna le nusita ame tsina ɖo la ŋu. Susuawo dometɔ ɖekae nye be, lãmenugbagbeviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ tae ame tsina ɖo; bubue nye be ɖe woɖoe ɖi be míava tsi. Ame aɖewo gblɔna be susu eve siwo míegblɔ do ŋgɔ la katã tae ame tsina ɖo. Nuka gbegbee wote ŋu nya tso nusi nana ame kua amegã alo nyagã ŋu? Ðe susu aɖe li si ta míanɔ mɔ kpɔm be woava ɖe tsitsi ɖa keŋkeŋua?—g5/06.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ako aɖewo te ŋu nɔa agbe ƒe 100, gake ƒe 80 aɖewo koe amegbetɔwo ya nɔa agbe.

Numekulawo menya nusita míekua amegã o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe