INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 25-28
  • Dzata Ðegbe Va Zu Alẽvi Fatu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzata Ðegbe Va Zu Alẽvi Fatu
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo
  • Fofonye ƒe Wɔƒe le Nye Agbe Me
  • Tɔtrɔ Ðe Mawu Ŋu
  • Biblia Sɔsrɔ̃ le Gaxɔ Me
  • Woɖem tso Viviti me Mlɔeba
  • Mɔkpɔkpɔ na Paradiso La
  • “Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Mewɔa Adã” Tsã
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Ricardo Kple Andres Ƒe Ŋutinyawo
    Nyɔ!—2019
  • Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 25-28

Dzata Ðegbe Va Zu Alẽvi Fatu

ABE ALESI ENRIQUE TORRES, JR. GBLƆE ENE

WODZIM le ƒe 1941 me le Carib-ƒukpo si nye Puerto Rico dzi, afisi Spaingbe nye gbe si amewo dona wu. Dzinyela siwo nye hiãtɔwo nye Roma Katolikotɔwo, gake womena mawusubɔsubɔ me nufiame aɖeke woawo loo alo nɔvinyenyɔnuwo kple nɔvinyeŋutsu (si ku esime wònye ɖevi) alo nye ŋutɔ kpɔ o, eye ƒã hafi míedea sɔleme.

Ƒomea ʋu tso Puerto Rico yi United States le ƒe 1949 me. Míeva nɔ New York City ƒe akpa si nye East Harlem si woyɔna be El Barrio. Míenɔ afima vaseɖe ƒe 1953 me. Eŋlisigbe sɔsrɔ̃ sesẽ nam ale gbegbe. Gbegbɔgblɔ ƒe mɔxeɖenu sia na be mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o.

Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo

Emegbe míaƒe ƒomea ʋu yi Prospect Heights nutoa me le Brooklyn. Ɣeyiɣi sia mee hatinyewo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye be meva ge ɖe ablɔdzinuvlowɔha me. Emegbe wona ŋkɔm be menye woƒe aʋafia. Ema megbe la, meva zu nuvlowɔha bubu si nɔa lɔriwo fim ƒe ŋgɔnɔla. Meva zu dɔla hã (amesi xɔa tsatsadafe manɔsenu siwo amewo nyi) na nutoame tsatsadalawo. Tso esia dzi la, meva ge ɖe adzodala ʋɔgbãlawo dome eye hafi maxɔ ƒe 15 la, wolém zi geɖe. Megbe suku ɣemaɣi.

Esi mexɔ ƒe 16 la, dziɖuɖumegãwo kplɔm yi aboyome le Puerto Rico ƒe atɔ̃ wònye nye tohehe si me wokpɔ nublanui nam le. Woɖom ɖe tɔgbuinye kple eƒe ƒomea gbɔ. Enye kpovitɔ si xɔ dzudzɔ le dɔ me si ame geɖe nya nyuie si ŋu wodea bubui. Gake le ƒe ɖeka megbe la, tɔgbuinye trɔm ɖo ɖe Brooklyn le nye ahamumu kple kɔdada, hadede kple amesiwo ƒe agbenɔnɔ dzakaɖa, kple gomekpɔkpɔ le adzodada me ta.

Fofonye ƒe Wɔƒe le Nye Agbe Me

Esi metrɔ tso Puerto Rico va New York City la, mekpɔe be fofonye dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Gake nye agbenɔnɔ mewɔ ɖeka kple nusi srɔ̃m wòle o. Meyi edzi nɔ agbe mawumavɔ̃mavɔ̃tɔe eye menɔ atikemuame zãm henɔ ahatsu nom. Meva zu adzoha alo amesiwo ɖoa tu ame dzi hefia amewo ƒe nuwo ƒe ha me nɔla, si wɔe be wova lém le ƒe 1960 me. Wodrɔ̃ ʋɔnum hedem mɔ ƒe etɔ̃.

Le ƒe 1963 me la, woɖem le gaxɔ me le atamkaka be madzudzɔ nuvlowɔwɔ eye be woalé ŋku ɖe nye agbenɔnɔ ŋu megbe. Gake eteƒe medidi o wogalém ɖe adzodada ta eye menɔ gaxɔ me ƒe eve le Rikers Ƒukpo dzi le New York City, woɖe asi le ŋunye le ƒe 1965 me. Gake le ƒe ma ke me la, wogalém le amewuwu ta. Nɔnɔme wɔadã si ɖi dzata tɔ ka gbegbee nye esi nɔ menye!

Wodrɔ̃ ʋɔnum dem mɔ ƒe 20 ɖe gaxɔ si nye Clinton Correctional Facility, si le Dannemora, New York ƒe dzigbe nutome. Le gaxɔa me la, meva ƒo ɖokuinye ɖe nuvlowɔlawo ƒe ha me.

Gake abe alesi megblɔ va yi ene la, fofonye nɔ Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo. Eva xɔ nyɔnyrɔ emegbe eye wònye hamemegã hesubɔ le hame aɖe me le Harlem. Esrãm kpɔ edziedzi le nye gaxɔmenɔɣi katã eye eƒoa nu nam ɣesiaɣi si wòsrãm kpɔ tso Mawu, Eƒe ŋkɔ, kple Eƒe tameɖoɖo ŋu.

Gake esime menɔ gaxɔ me le Dannemora la, meva zu ƒuƒoƒo si doa ga na ame hexɔa deme gã ɖe eta la me tɔ. Le ɣeyiɣi sia si nye ƒe 1971 me la, zi aɖe tɔ le gaxɔ bubu aɖe si woyɔna be Attica Correctional Facility, si le New York Nutoa me me. Zitɔtɔ sia nye nya si ŋu nyadzɔdzɔgbalẽ geɖewo ŋlɔ nu tsoe eye radio kple television siwo katã le xexeame la ƒo nu tso eŋu. Le zitɔtɔa megbe la, be woaƒo asa na nuwɔna ma ke ƒe dzɔdzɔ le Dannemora la, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã bui be ele be yeatia gamenɔla siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe gamenɔla bubuwo dzi. Eɖe ame siawo ɖe aga de gaxɔ tɔxɛ aɖewo me.

Le gamenɔla 2,200 dome la, woɖe mí ame siwo anɔ 200 ɖe aga. Le ŋkuléle ɖe nuwo ŋu nyuie vɔ megbe la, wogatia ame aɖewo le amesiawo dome heƒo wo vevie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le nusi woawo ŋutɔ yɔ be “asi tɔtrɔ le agbenɔnɔ ŋu ƒe hehenana,” si nam wole mí ta la, wode atike míaƒe nuɖuɖuwo me.

Menye esiae nye zi gbãtɔ si wodem ameɖekɛgaxɔ me ɖe agbe dzeaglã nɔnɔ ta o. Gake esiae nye zi gbãtɔ si meva zu amesi ŋu wowɔ ŋutasẽnu ma tɔgbe ɖo eye esia kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie. Wode kunyowu nye asi kple afɔwo eye dzɔlawo ƒom kutɔkutɔe zi geɖe. Ele be mado dzi le dzudzu enuenu le nye ameƒomevinyenye kple nye dukɔmevinyenye ta. Le vlodoame kple ƒoƒo ta la, megbe nuɖuɖu si asu nam la ɖuɖu le ɣeyiɣi siwo katã menɔ ameɖekɛgaxɔ me, si nɔ abe ɣleti etɔ̃ ene. Esia wɔe be nye kpekpeme ɖiɖi pounde 50 kloe.

Esi fofonye bia gbe gaxɔdzikpɔlawo le nusi gbɔ nye lãmegbegblẽ tso la, wogbe egbɔgblɔ nɛ. Esia na be mɔkpɔkpɔ bu ɖem eye esia wɔe be meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dunyahelawo le kpekpeɖeŋu biam tso wo gbɔ le ŋutasẽnu siwo wɔm wole ɖe ŋunye ta.

Fofonye na nutsotso nyadzɔdzɔgbalẽwo enuenu tso ƒoƒo, gbɔɖiame, kple atike siwo dem wole nuɖuɖu me na gamenɔla siwo woɖe ɖe aga ɖe gaxɔ tɔxɛwo me la ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ ɖeka pɛ si nye Amsterdam News, koe na nyatakaka tso nɔnɔme wɔnublanui si me míele ŋu. Fofonye yi Dudzikpɔla si Kpɔa Ðɔɖɔɖowɔwɔwo Gbɔ le Albany, New York, gbɔ zi geɖe eye wogblɔ nɛ ɣesiaɣi si wòyi be mele gaxɔ si me gamenɔla ɖesiaɖe nɔna la me. Dunyahelawo ŋe aɖaba ƒu nutsotso siwo mena wo le nɔnɔme si me míenɔ le gaxɔ me la dzi. Mɔkpɔkpɔ bu ɖem azɔ wu tsã, le esi wòdze abe teƒe aɖeke meli si mate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tsoe o ene ta.

Ɣemaɣie meɖo ŋku nusiwo ŋu fofonye ƒo nu tsoe nam la dometɔ aɖewo dzi. Meɖoe be mado gbe ɖa na Mawu abia kpekpeɖeŋu tso egbɔ.

Tɔtrɔ Ðe Mawu Ŋu

Hafi mado gbe ɖa la, meɖo ŋku fofonye ƒe dzideƒoname enuenu be mado gbe ɖa na Yesu Fofo si ŋkɔe nye Yehowa ke menye na Yesu o dzi. Medze klo ɖe anyigba le gaxɔa me eye meɖe kuku vevie ɖe agbe siwo menɔ va yi, si wɔe be mezã nye agbenɔƒe ƒe akpa si wu afã le gaxɔ me la ta. Meƒo koko na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye be mado le nɔnɔme sia me elabena mekpɔe dzesii fifia be eya ɖeka ko si ŋusẽ le be wòaɖem le nɔnɔme sia me.

Nyemenya ɣeyiɣi didi kae metsɔ do gbea ɖa ya o, gake meƒo nu tso nye tsãgbenɔnɔwo ŋuti eye meɖe kuku na Yehowa le dzimetɔtrɔ blibo me be wòatsɔe akem. Medo ŋugbe be madze agbagba asrɔ̃ nu geɖe tso eŋu. Eteƒe medidi o, woɖem le ameɖekɛgaxɔ ma si ɖi tomegaxɔ me yi afisi ame hahooawo le. Esia he nye numaɖumaɖu wòasum va nuwuwu.

Le ɖekawɔwɔ me kple ŋugbe si medo be masrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu me la, medze Biblia si nye New World Translation of the Holy Scriptures xexlẽ gɔme. Nu ɖeka si do dzidzɔ nam le Biblia ƒe gɔmeɖeɖe sia ŋue nye eƒe akpa ƒe amadede si nye gbemu si le eŋuti la. Esia lé dzi nam elabena gaxɔa ƒe nudodowo, xɔwo, gliwo, kple akpatawo katã ƒe amadede le kpii, amadede kpii si nana be ame léa blanui. Ewɔ nuku nam emegbe be wova trɔ nusiawo katã ƒe amadedewo zu amadede siwo ɖi ave dama ƒe amadede. Dɔwɔƒe si Kpɔa Ðɔɖɔɖowɔwɔwo Gbɔe tsɔ amadede sia abe woƒe dzesidenu ene le aglãdzenuwɔna si wowɔ le Attica gaxɔa me megbe.

Medze Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine siwo fofonye wɔ ɖoɖo be woatsɔ nam la me nyatiwo xexlẽ gɔme. Yehowa Ðasefo geɖe siwo wode ga me ɖe woƒe xɔse si me wolé ɖe asi sesie ta kple alesi woto fuwɔame geɖe wu esi mekpe me ƒe nuteƒekpɔkpɔwo xexlẽ wɔ dɔ ɖe dzinye vevie ŋutɔ. Wonye amesiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o, gake wokpe fu madzemadzee le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta. Le gonyeme la, mekpe fu siwo medze na. Le nuteƒekpɔkpɔ siawo xexlẽ vɔ megbe la, ewɔ dɔ ɖe dzinye, eye edo ŋusẽm be masrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa kple eƒe amewo ŋu.

Mlɔeba le ƒe ɖeka megbe la, meyi amesiwo kpɔa asiɖeɖeleameŋunyawo gbɔ. Wotrɔ lé ŋku ɖe nye agɔdzedzea kple nɔnɔme siwo me meto le ameɖekɛgaxɔa me ŋu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi mese be woaɖe asi le ŋunye le ga me le ƒe 1972 me gake woanɔ ŋku lém ɖe nye agbenɔnɔ ŋu.

Kwasiɖa eve le asiɖeɖe le ŋunye megbe la, mede kpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le Spanish Harlem la me. Gake mebui kokoko be nyemedze be manɔ ha dem kple Yehowa ƒe amewo o. Eye nu geɖe gali masrɔ̃ tso Yehowa, eƒe habɔbɔ, kple eƒe amewo ŋu. Mehiã ɣeyiɣi hã be magasrɔ̃ alesi wonɔa hadomegbee le ɣeyiɣi geɖe zãza le gaxɔ me ta.

Nublanuitɔe la, nyemete ŋu ɖe asi le nye tsã gbenɔnɔwo ŋuti o. Megadze atikemuamewo zãza, nuvlowɔwɔ, kple agbenɔnɔ siwo meɖea mawuvɔvɔ̃ fiana o gɔme ake. Mlɔeba la, esia wɔe be wogadem mɔ ƒe 15 bubu. Ke mese le ɖokuinye me be Yehowa anya kpɔ nyuiwɔwɔ aɖe le nye dzi me, si ta magbe nu le gbɔnye o ɖo. Mate ŋu agblɔ na wò ko be èɖale gaxɔ me loo alo mèle eme o, Yehowa megblẽa amesiwo di be yewoasrɔ̃ nu tso eŋu ɖi alo naa ta le wo ŋu gbeɖe o.

Biblia Sɔsrɔ̃ le Gaxɔ Me

Fifia le Dannemora gaxɔ me la, mewɔ kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnukpɔkpɔ si nɔ anyi la ŋudɔ to nusɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefo gbeƒãɖela aɖe dzi. Emegbe woɖem yi Mid-Orange Correctional Facility, si nye ametakpɔgaxɔ kpokploe aɖe si le New York ƒe dzigbe nutome. Afisia to vovo kura tso Dannemora gaxɔ si me nɔnɔ sesẽ eye ablɔɖe aɖeke kura mele o gbɔ.

Ƒe eve megbe le nye gaxɔ me nɔnɔ le Mid-Orange Correctional Facility la, medze gomekpɔkpɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ si wonɔ wɔwɔm kple hati gamenɔla bubu aɖe me edziedzi, si dzi gaxɔa dzikpɔlawo da asi ɖo. Dadaa, si nye Yehowa Ðasefowoe wɔ ɖoɖo be woasrɔ̃ nua kplii. Mlɔeba esi mekpɔtɔ yi edzi nɔ sidzedze xɔm la, medze Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ gɔme le nye agbenɔnɔ me, si wɔe be mlɔeba la, meva nɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm.

Esi mebia be woaɖe asi le ŋunye le ɖoɖo si nye dzimetɔtrɔ ƒe ŋugbedodo te eye wogbe zi adre sɔŋ megbe la, wova lɔ̃ bebli ɖe asi le ŋunye le nye biabia zi enyilia me. Susu siwo woɖe gblɔ be woawo tae yewogbe asiɖeɖe le ŋunye le nye biabia siwo va yi me lae nye “didi sesẽ si le menye na hlɔ̃dodo.” Woɖe asi le ŋunye esi menɔ ga me ƒe 8 le ƒe 15 si wobe manɔ mɔ ase ɖo la megbe.

Woɖem tso Viviti me Mlɔeba

Le asiɖeɖe le ŋunye megbe la, megatra mɔ, eye megazã atikemuamewo ɣeyiɣi kpui aɖe. Menɔ anyi kple nyɔnu aɖe hã le srɔ̃ɖeɖe si mele se nu o me. Esia dze egɔme tso ƒe 1972 me. Gake le ƒe 1983 me la, megadze Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo gɔme. Fifia la, medze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi gɔme. Gake hafi madze nusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede gɔme la, medzudzɔ atikemuamewo kple atamanono.

Ke hã mekpɔtɔ yi edzi nɔ anyi kple nyɔnu si nyemeɖe le se nu o, si nye nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe se siwo wòde ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Esia nɔ fu ɖem na nye dzitsinya, eyata medze agbagba be mana wòalɔ̃ asrɔ̃ Biblia eye míaɖe mía nɔewo le se nu. Gake egblɔ be Biblia la nye amegbetɔwo ƒe agbalẽ si wowɔ be woatsɔ ate nyɔnuwo ɖe anyi eye be srɔ̃ɖeɖe mehiã o.

Mekpɔe dze sii be nyemate ŋu anɔ ƒomedodo si mele se nu o me kple nyɔnu si medea bubu aɖeke Mawu ƒe se le srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Eyata metso míaƒe ƒomedodoa me eye meʋu dzo yi Brooklyn. Menya be nyemate ŋu aƒo nu na ame bubuwo tso Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋu ne nye ŋutɔ nye nuwɔna mele ɖekawɔwɔ me kple eƒe sewo o.

Esime mevo tso mɔxeɖenu siwo mele ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo o me eye metsɔ dzitsinya dzadzɛ srɔ̃ Bibliae ƒe etɔ̃ la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ eye meɖo kpe edzi kple nyɔnyrɔxɔxɔ le takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ me. Ŋugbe si medo be manya Mawu si ƒe ŋkɔ fofonye yɔna ɣesiaɣi nye nusi mevem kpɔ gbeɖe o. Eye madze agbagba vevie awɔ ɖe ŋugbe si medo na Yehowa le tomegaxɔ si le Dannemora me dzi vaseɖe esime wòana yayra gbogbo si ƒe ŋugbe wòdo le eƒe Nya la me nava eme.

Mɔkpɔkpɔ na Paradiso La

Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si Yehowa atrɔ anyigba sia wòava zu paradiso dzeani aɖe. (Psalmo 37:​11, 29; Luka 23:​43) Eye megale mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodo bubu​—ame kukuwo ƒe tsitretsitsi be woana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. ( Yohanes 5:​28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:​15) Ɣeyiɣi wɔnuku kae nye si wòanye esime mate ŋu ado dzaa na nye lɔlɔ̃tɔ siwo ku esime woafɔ tso yɔdo me, siwo dome fofonye, nɔvinyeŋutsu sue kple ame bubu siwo menya siwo ku kukpo hã le! Medea ŋugble le mɔkpɔkpɔ sia ŋu enuenu, eye ena be dzidzɔ yɔa menye fũ. Dzidzɔ bubu si kpɔm mele fifia ye nye be nɔvinyenyɔnu eve kple wo viwo dometɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ.

Fifia esi meƒoa nu tsoa nye xɔse ŋu na ame bubuwo eye meƒoa nu le nye agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋu na wo la, edoa dzidzɔ nam ale gbegbe be mana woanya akɔfanya siwo hakpala la gblɔ, si woŋlɔ ɖe Psalmo 72:​12-14 be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”

Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ ɖi nam do dzidzɔ na nye dzi eye ena mɔnukpɔkpɔm be masrɔ̃ nɔnɔme siwo wòdi tso eƒe amewo si eye matsɔe ade dɔwɔna me, menye abe amesiwo wɔa adã abe dzata ene o​—ke boŋ amesiwo ɖea ŋutifafa, dɔmenyonyo, kple gbɔgbɔ fatu ƒe nɔnɔme si ɖi alẽvi tɔ fiana ene. Esia le vevie, elabena abe alesi Mawu ƒe Nya gblɔe ene la, “evea ame bɔbɔɖeanyiwo ya nu.”​—Lododowo 3:⁠34.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]

“Wogalém ɖe adzodada ta eye menɔ gaxɔ me ƒe eve le Rikers Ƒukpo dzi le New York City, vaseɖe esime woɖe asi le ŋunye le ƒe 1965 me. Gake le ƒe ma ke me la, wogalém le amewuwu ta. Nɔnɔme wɔadã si ɖi dzata tɔ ka gbegbee nye esi nɔ menye!”

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ŋkeke si dzi mexɔ nyɔnyrɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe