INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 9/15 axa 27-28
  • “Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?
    Nyɔ!—2001
  • Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?
    Nyɔ!—2001
  • Fiaɖuƒenukua Wuwu le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 9/15 axa 27-28

“Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”

NENEMAE Poland gaxɔdzikpɔla aɖe gblɔ tso nyati aɖe si woŋlɔ ku ɖe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le si dze le míaƒe October 15, 1998, ƒe tata me ŋu. Nyati si nye “Ne Dzimesẽlawo Va Xɔ Nya La” ƒo nu tso dzidzedze si Yehowa Ðasefowo kpɔ le dɔwɔwɔ kple gaxɔmenɔla siwo le Wołów, Poland ŋu.

Hafi woaɖe Gbetakpɔxɔ magazine si míeyɔ le etame ɖe go la, wowɔ kpekpe tɔxɛ aɖe tso alesi woamae na Wołów gaxɔa me nɔlawo ŋu le September 13, 1998 dzi. Amesiwo wokpe be woava la dometɔ aɖewoe nye Ðasefo siwo nɔ nutoa me, gaxɔmenɔla siwo xɔ nyɔnyrɔ kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo kple gaxɔdzikpɔla aɖewo. Nya siwo vavalawo gblɔ dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Jerzy si nye Yehowa Ðasefo si xɔ nyɔnyrɔ le gaxɔ me ƒe atɔ̃ kple edzivɔe nye ma la gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be egbea mate ŋu axlẽ nu tso agbagba si gbegbe nɔvi siwo le hame siwo te ɖe mía ŋu me dzena be yewoakpe ɖe mía ŋu la ŋu.” Egblɔ kpee be: “Medzea agbagba ɣesiaɣi be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu wòanyo ɖe edzi, eye mekpɔ alesi Yehowa le asi trɔm le ŋunyee.”

Gaxɔmenɔla bubu si ŋkɔe nye Zdzisław gblɔ le gaxɔmeɖaseɖiɖidɔa ŋu be: “Gaxɔmenɔla ene le dzadzram ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ fifia, eye ɖetsɔlemetɔ yeyewo vaa kpekpeawo edziedzi le míaƒe akpataa me. Nyati sia nye ŋusẽdoame sẽŋu aɖe na mí be míagawɔ geɖe le dɔ sia me.” Nɔnɔme nyui kae nye esi, elabena egasusɔ ƒe 19 na Zdzisław be wòanɔ gaxɔ me!

Esi gaxɔdzikpɔla aɖe xlẽ Wołów gaxɔa ŋuti nyatia vɔ la, egblɔ be: “Miede bubu mía ŋu ŋutɔ. Nyemebui kpɔ be woaƒo nu nyui tso gaxɔ sia ŋu nenema le gbegbɔgblɔ 130 me le xexeame o. Melɔ̃ mi, eye mekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si dzem miele ɖe gaxɔmenɔlaawo ŋu la ŋu.” Amegã bubu gblɔ kpee be: “Mietrɔ nye nukpɔsusu ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Tsã la, mebua mi subɔsubɔ ƒe zazɛ̃nyahelawoe. Fifia mekpɔe be ame ɖɔʋuwoe mienye.”

Marek Gajos si nye Wołów gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ko alɔgbɔnui eye wògblɔ be: “Gbã la, míebu be miete ŋu le nu boo aɖeke wɔ ge o. Míebu be subɔsubɔha aɖe ko miawo hã mienye le didim vevie be yewoazã Biblia atsɔ aɖɔ gaxɔmenɔlawo ƒe agbe ɖoe. Gake esi míekpɔ dɔ si gɔme miedze me tsonuwo la, míetso nya me be míawɔ ɖeka kpli mi. Miele afisia vam ƒe asieke enye esia eye ɖeɖi mete mia ŋu o, mekpɔ ŋudzedze ɖe nusi miete ŋu wɔ vaseɖe fifia la ŋu ale gbegbe.”

Ke aleke gaxɔmenɔla siwo nɔ Wołów la xɔ nya lae? Gaxɔmenɔlaawo ɖe ɖetsɔleme fia ale gbegbe be Ðasefo siwo nɔ gaxɔa me ƒe magazineawo vɔ. Gaxɔdzikpɔlawo hã ɖe ɖetsɔleme fia eye wodɔ magazine 40 bubu na wo ɖokui. Be woakpɔ magazineawo na ame geɖe siwo gale edim la, hame siwo le nutoa me na kpekpeɖeŋu hedi magazine 100 bubu na nɔvi gaxɔmenɔlaawo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, amesiwo dea kpekpewo le gaxɔa me dzi ɖe edzi.

Piotr Choduń, si nye gaxɔdzikpɔla si wɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo vevie la gblɔ be: “Míeɖoe be míade magazine sia ahuhɔ̃eɖaka siwo katã le míaƒe gaxɔawo me la me wòanɔ dzedzem woakpɔ. Míele mɔ kpɔm be gaxɔmenɔla siwo katã mele Biblia srɔ̃m kpli mi haɖe o naxlẽ magazine sia.”

Nu nyui geɖe le dodom tso Ðasefowo ƒe kpɔɖeŋu nyui kple agbagba si dzem wole le gbeƒãɖeɖedɔa me la me. Tsɔ kpe ɖe gamenɔla 15 siwo wɔ ŋgɔyiyi ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ ŋu la, gaxɔdzikpɔla 2 hã tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye gaxɔdzikpɔla bubu bia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le nyateƒe me la, nɔvi siwo ɖea gbeƒã le Wołów gaxɔawo me tsɔ kafukafu ɖesiaɖe na Yehowa Mawu ɖe woƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 3:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðasefo etɔ̃ kple gaxɔmenɔla ɖeka esime wonɔ magazineawo mam le gaxɔmenɔlawo ƒe takpexɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe