Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Madzɔmadzɔnyenye Nu?
“Amesiwo si ga le ŋu koe wodea bubui, gake wowɔa nu ɖe mí amesiwo mekpɔ nu aɖu alo teƒe si míamlɔ gɔ̃ hã o ŋu abe alesi wowɔa nu ɖe lãwo ŋui ene. Ne makpɔ mɔ na nane le etsɔme gɔ̃ hã la, ke eyae nye be ne meku la, ame aɖeke manya gɔ̃ hã o.”—Arnulfo, si nye ŋutsuvi tsigbɔdome si xɔ ƒe 15.
MADZƆMADZƆNYENYE bɔ ɖe xexeame ale gbegbe. Nyatakaka aɖe si tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) gbɔ gblɔ be: “Le ƒe ewo siwo va yi me la, wowu ɖevi siwo sɔ gbɔ wu miliɔn 2 le aʋawɔwɔwo me, eye ɖevi siwo sɔ gbɔ wu miliɔn 4 siwo tsi agbe le aʋawɔwɔ siawo me zu nuwɔametɔwo, eye wo dometɔ siwo wu miliɔn 1 zu tsyɔ̃eviwo alo aʋawɔwɔ ma wo ɖa tso woƒe ƒometɔwo gbɔ.” Dɔwuame kple hiãkame hã le nu gblẽm le amesiwo le xexeame ƒe akpa gã aɖe ŋu, evɔ zi geɖe le ɣeyiɣi ma ke me la, kesinɔnu kple nuɖuɖu bɔ ɖe ame aɖewo ya si. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, mɔnukpɔkpɔ mesua ɖevi geɖe siwo le abe Arnulfo ene si be woade suku o.
Ne amesiwo wòle be woalɔ̃ wò alo akpɔ tawòe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò koŋue tena ɖe ame dzi wu. De ŋugblẽ le nyɔnuvi ƒe 17 vi aɖe si woyɔna be Susana ƒe nya sia ŋu kpɔ. Dadaa gblẽ eya kple nɔviaŋutsu sue eve ɖi dzo le wo gbɔ. Susana gblɔ kple vevesese be: “Ƒe geɖe va yi gake danye megblɔ nam kpɔ be mava nɔ ye gbɔ o, togbɔ be du ɖeka ma ke mee mía kplii siaa míenɔ hã. Megblɔ nam kpɔ be, ‘Melɔ̃ wò’ o, eye esia na medoa dziku le ɖokuinye me vevie ɣesiaɣi eye egana megadoa dziku kokoko.” Ne wowɔ nu manyomanyo sia ƒomevi ɖe ŋuwò la, asesẽ na wò be nàɖu wò dziku dzi. Nyɔnu aɖe si ŋu wowɔ ŋutasẽnu ɖo le eƒe ɖevime gblɔ be: “Ena medo dziku ɖe Mawu ŋu gɔ̃ hã.”
Enye nusi le dzɔdzɔme nu be nàse veve eye nàdo dziku ne wowɔ ŋutasẽnu ɖe ŋuwò. Biblia gblɔ be: “Elabena sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo.” (Nyagblɔla 7:7) Ne wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò gbesiagbe la, ate ŋu ana be nàlé blanui. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 43:2.) Eyata esia ate ŋu ana nàdi vevie be woahe madzɔmadzɔnyenye ava nuwuwui. Nyɔnuvi dzaa aɖe si tso Titina Amerika gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 13 la, mege ɖe sukuviwo ƒe habɔbɔ aɖe me. Enye nye taɖodzinu vevie be mawɔ tɔnye sinua be nɔnɔmeawo natrɔ ale be dɔ magawu ɖeviwo azɔ o. . . . Emegbe mege ɖe aʋawɔwɔ me.” Gake le esi teƒe be wòakpɔ be asrafowo lé dzɔdzɔenyenye me ɖe asi la, ehati asrafowo wɔ nu manyomanyo siwo gbɔ eme ɖe eŋu.
Nudzɔdzɔ sia ƒomevi ɖo ŋku edzi na mí be ame akpa gãtɔ mele klalo be yewoatrɔ asi le nɔnɔme si me wole ŋu be wòaka ɖe eme o. Ke aleke amesiwo ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖo ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nui?a Aleke nàte ŋu awɔ nu ɖe veve heliheli kple dziku si nàse le ɖokuiwò me la nui?
Asiɖeɖe Le Veve Heliheli Kple Dziku Ŋu
Ehiã be nàɖo ŋku edzi na ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo me.” Biblia gblɔ ɖi be amesiwo anɔ míaƒe ŋkekea me anye “busunyagblɔlawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea tsɔtsɔke, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ŋutasẽlawo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo.” (Timoteo II, 3:1-4, New International Version) Ame geɖe ƒe “dzitsinya ku atri.” (Efesotɔwo 4:19) Eyata madzɔmadzɔnyenye va zu nyateƒenya si nu womate ŋu asi le le agbe me o. Eyata “ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔenyenyetsitsri kpɔm le anyigba dzi la, nya la megawɔ nuku na wò o.”—Nyagblɔla 5:7.
Eyata susu nyui ye Biblia tsɔ gblɔ be mele be míana veve heliheli nagblẽ nu le mía ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku . . . ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Nukatae? Elabena afɔku le dziku heliheli léle ɖe dɔme eteƒe nadidi me eye ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 14:30; Efesotɔwo 4:26, 27.) Esia nye nyateƒe vevietɔ ne ‘dzi ku wò ɖe Yehowa ŋu.’ (Lododowo 19:3) Dzikudodo ɖe Mawu ŋu agblẽ ƒomedodo si le mia kple Mawu amesi ko ate ŋu akpe ɖe ŋuwò bliboe la dome. Biblia gblɔ be Yehowa “ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—Kronika II, 16:9.
Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu hã be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzee he madzɔmadzɔnyenye vɛ. (Nyagblɔla 7:29) Amegbetɔ—menye Mawu o—ye “ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Ðo ŋku edzi hã be, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la [Satana Abosam] me.” ( Yohanes I, 5:19) Satana, ke menye Yehowa o, ye le megbe na numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo katã yia edzi le xexeame.
Madzɔmadzɔnyenye ƒe Nuwuwu
Dzidzɔtɔe la, madzɔmadzɔnyenye mayi edzi tegbee o. Esia léle ɖe susu me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe nɔnɔmea nu. De ŋugble le ŋutsu aɖe si woyɔna be Asaf si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Madzɔmadzɔnyenye nɔ edzi yim ƒo xlãe, tɔgbɔ be enɔ amesiwo gblɔ be yewo le Yehowa subɔm dome hã. Le esi teƒe be woahe to na ame siawo le nu manyomanyo si wɔm wole ɖe ame bubuwo ŋu la, edze abe ŋutasẽla siawo mekpea fu aɖeke o eye nu nɔ edzi dzem na wo le agbe me ene! Asaf lɔ̃ ɖe edzi be: “Meʋã ŋu . . . esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.” Asaf ƒe gbɔgbɔmenyenye ɖo afɔku me ɣeyiɣi kpui aɖe le esi wòna nu mawo xɔ susu me nɛ vevie ta.—Psalmo 73:1-12.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Asaf va kpɔ nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi aɖe dze sii. Egblɔ le ame vɔ̃ɖiwo ŋu be: “Nyateƒee, [Mawu tsɔ] wo ɖo ɖiɖiƒe, eye nèxlã wo ɖe anyi wozu anyiglãgo.” (Psalmo 73:16-19) Ẽ, Asaf va kpɔe dzesii mlɔeba be ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu asi le nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ la nu o. Zi geɖe la, wokpɔa nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ la me tsonuwo eye wokpea gaxɔmenɔnɔ, agbaɖuɖu, dɔwɔɖui ƒe gege le ame si, alo wo ɖeɖeɖa le ɖoƒe kɔkɔ si wole la ƒe fu. Mlɔeba la, ‘woaxlã ame vɔ̃ɖiwo ɖe anyi woazu anyiglãgo’ ne Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi.—Psalmo 10:15, 17, 18; 37:9-11.
Nyanya be Mawu aɖɔ nɔnɔmea ɖo le etsɔme kpuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu wò dziku kple dziɖeleameƒo dzi. Biblia xlɔ̃ nu be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’ ”—Romatɔwo 12:17-19; tsɔe sɔ kple Petro I, 2:23.
Kpekpeɖeŋu Kple Akɔfafa Kpɔkpɔ
Gake ɖewohĩ seselãmebiwo, abe ŋkuɖodzi veamewo ene tsi susu me na wò. UNICEF ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, “tɔtrɔ gã aɖe vana zi geɖe le ɖevi siwo kpɔ ŋutasẽnuwɔnawo teƒe ƒe dzixɔsewo kple nɔnɔmewo, hekpe ɖe makamaka ɖe ame bubuwo dzi gome. Esia nye nyateƒe vevietɔ le ɖevi siwo dzi amesiwo wòbuna tsã be wonye yewo ƒe aƒelikawo alo xɔlɔ̃wo dze alo dɔ wo gbɔ sesẽe gome.”
Kuxi mawo gbɔkpɔnu tsɛ aɖeke meli o. Gake ne seselelãme siwo mesɔ o alo ŋkuɖodzi veamewo xɔ susu me na wò la, ke ɖewohĩ ehiã na kpekpeɖeŋu. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 119:133.) Gbã la ele be nàxlẽ agbalẽ siwo ƒo nu tso nɔnɔme sesẽ siwo tututu me nèto ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Nyɔ! magazinea ta nyati vovovowo siwo ɖo aɖaŋu siwo sɔ na amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe, woda adzo wo, kple ɖevi siwo ŋu wowɔ ŋutasẽnuwo le. Wò dzimaɖitsitsiwo kple wò seselelãmewo gbɔgblɔ na ame tsitsi si aɖo to ase veve ɖe nuwò ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe. (Lododowo 12:25) Ðewohĩ àte ŋu agblɔ nusiwo le fu ɖem na wò na dziwòlawo.
Gake ne dziwòlawo mete ŋu na kpekpeɖeŋu wò o ɖe? Ekama di kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea gbɔ. Le Yehowa Ðasefowo dome la, hamemegãwo le abe sitsoƒe ene na amesiwo le fu kpem. ( Yesaya 32:1, 2) Menye ɖeko woase wò nyawo ko evɔ o, ke boŋ woate ŋu aɖo aɖaŋu nyui siwo aɖe vi na wò. Nenɔ susu me na wò hã be Kristotɔ bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu anɔ na wò abe “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo” ene. (Marko 10:29, 30) Èɖo ŋku Susana si dadaa gblẽ ɖi dzia? Eya kple nɔviawo xɔ kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea gbɔ. Kristotɔ subɔla aɖe ɖe ɖetsɔleme fia Susana ƒe ƒomea ale gbegbe be eyɔnɛ be ye fofo si xɔ ye nyi. Susana gblɔ be, kpekpeɖeŋu mawo “kpe ɖe mía ŋu be míetsi heli ke le nyateƒea me.”
Eŋununyala bibiwo gblɔ be gomekpɔkpɔ le dɔwɔna tuameɖowo me ɣesiaɣi ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Suku yiyi kple aƒeme dɔwo wɔwɔ ate ŋu awɔe be nàɖe susu ɖa le susu manyomanyowo dzi. Gake gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwɔna siwo gbɔna me aɖe vi geɖe na wò—Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:16.
Madzɔmadzɔnyenye nu mayi le anyigba dzi o vaseɖe esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava eye wòana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba blibo la dzi. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Hafi ɣemaɣi naɖo la, wɔ nusi nàte ŋui atsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Na ŋugbedodo sia nalé wò ɖe te be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe fia Yesu Kristo “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”—Psalmo 72:12, 13.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Togbɔ be nyati sia le nu ƒom tso nu madzɔmadzɔ siwo ƒe fu sɔhɛ siwo le dukɔ dahewo me kpena ŋu hã la, gɔmeɖose siwo le nyatia me ku ɖe nu madzɔmadzɔ ɖesiaɖe ƒomevi si wowɔna ɖe ame ŋu hã ŋu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]
“Ena medo dziku ɖe Mawu ŋu gɔ̃ hã”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]
Hati Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu ana nànɔ te ɖe madzɔmadzɔnyenye nu