Nusita Hadzidzi Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi
HADZIDZI kple gbegbɔgblɔ nye nu tɔxɛ siwo do ƒome kple amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ. Míate ŋu akpɔ alesi nuwo anɔ le xexeame ne ɖe nu eve siawo meli o la le susu me o. Agbalẽ si nye The Musical Mind gblɔ be: “Gbegbɔgblɔ kple hadzidzi siaa nye ameƒomevi vovovo siwo li ƒe nɔnɔme vevi aɖe, si dze abe ele xexeame katã ene.” Didi si le mía me be míaɖe nusi le mía me agblɔ ƒe mɔnuwoe wonye. Eyata woate ŋu agblɔ be ne hadzidzi “ƒo nu” la, míaƒe seselelãmewo “senɛ,” abe alesi wòle le gbegbɔgblɔ gomee ene.
Nukatae hadzidzi ƒoa nu na míaƒe seselelãmewo, eye aleke wòƒonɛ nɛ? Be míate ŋu aɖo biabia mawo ŋu la, ehiã be míade ŋugble le: (1) Haƒonuwo ƒe gbeɖiɖi vovovoawo ŋutɔ kple alesi míaƒe susu trɔa asi le wo ŋui ŋu; (2) alesi míaƒe seselelãme wɔa dɔe kple afisi míetso ƒe dekɔnu, siwo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nu ɖe hadzidzi ŋui; kple (3) gbe si míedona, si hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nu ɖe hadzidzi ŋui.
Haƒonuwo ƒe Gbeɖiɖi Vovovoawo
Woyɔna hagbe ƒe ɖiɖime vovovoawo be “haƒonuwo ƒe ɖiɖime.” Gbe si le haƒonu aɖe si hã le esia me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be kpẽ si nye French horn ƒe ɖiɖi “doa voɖi na ame,” alo gbe gã le esi, eye eƒe ɖiɖi to vovo kura na bubu si woyɔna be “haughty” trumpet tɔ. Togbɔ be ƒuƒoƒo alo hatsotso ɖeka ma ke, si nye haƒonu siwo me woɖoa ƒuƒu ɖo, mee wo ame evea siaa le hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ɖiɖime to vovo. Esiae na be haƒonu ɖesiaɖe ƒe “gbe” toa vovo tso bubuwo tɔ gbɔ. Hakpalawo zãa vovototo siawo siwo le wo dome tsɔ trɔa asi le hawo ŋu be wowɔa dɔ ɖe eselawo ƒe seselelãme dzi.
Ðewohĩ hadzidzi me nuwo dometɔ gbãtɔ si míenyae nye haa ƒe tsɔtsɔme—anye ɣeyiɣi si me míekpɔtɔ nɔ mía dada ƒe vidzidɔ me, eye míenɔ eƒe dzi ƒe tsotso ƒe tsɔtsɔme sem ye na. Wogblɔ be alesi míewɔa nu ɖe haa ƒe tsɔtsɔme ŋu ate ŋu atso alesi míaƒe dzi ƒe tsotsome ƒe tsɔtsɔme le alo kura gɔ̃ hã alesi míaƒe gbɔgbɔ ƒe tsɔtsɔme le ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe mía dzi le míaƒe manyamanya me gbɔ. Eyata menye nudogoɖenunu wònye be ame akpa gãtɔ lɔ̃a ha siwo me nyawo ƒe tsɔtsɔme si ɖina zi 70 vaseɖe 100 le aɖabaƒoƒo ɖeka me o—esia sɔ kple alesi ame tsitsi si le lãmesẽ me ƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ ɖea ablae le mama dedie nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me la tɔ. Ne mede ɖeke kura o la, esiae nye nusi magazine si nye Perceptual and Motor Skills me nyawo fia.
Woate ŋu ade dzesi haƒonuwo ƒe gbeɖiɖi vovovoawo, ne wose haƒonu vovovowo ƒe ɖiɖime kple alesi haa ƒe ɖiɖime trɔnae ne woƒoe le wo dzi. Dzigbɔdenamegbe si le kpẽ si nye bassoon si si wotsɔ dzi Mozart ƒe ha si wòkpa ɖe akpa vovovo me na haƒonu vovovowo ƒe akpa evelia la ate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi ayi eme ʋĩ. Japantɔwo ƒe dze si ŋkɔe nye shakuhachi ƒe konyifagbeɖiɖi ate ŋu ade dzi gbɔ na ame bɔkɔɔ. Gbeɖiɖi bɔbɔɖeanyi si me mekɔ o si le kpẽ si nye tenor saxophone si la naa nublanuiha tsia susu me na ame zi geɖe. Kpẽ gã si nye tuba, si si gbeɖiɖi gã le, si Germanytɔwo ƒe haƒolawo zãna ƒe ɖiɖi nana be amewo glina kple dzidzɔ. Alesi wonya senae ne wotsɔ kasaŋku si nye violin ƒo Strauss ƒe ha si nye waltz la, ʋãa esela geɖewo wodina be yewoage ɖe tome aɖu ɣe ɖe haa dzi. Clive E. Robbins, si le Nordoff-Robbins Kɔdzi si wotsɔa hadzidzi daa gbe le ame ŋu, le New York, gblɔ be nusitae hadzidzi kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi nenemae nye be “hadzidzi ƒoa nu na ameti bliboa.”
Gbeɖiɖivovovohawo, Ha Siwo ƒe Gbeɖiɖi Tɔtɔ, Kple Gbeɖiɖiɖekahawo
Gbeɖiɖivovovohawo, alo ha siwo wotsɔa ha ƒe gbeɖiɖi vovovo dzinae, ɖina le gbe vovovo siwo nya sena me, gake ha siwo ƒe gbeɖiɖi tɔtɔ ya ɖina le gbe vovovo siwo tɔa tome me. Gake ènya be gbeɖiɖivovovo siawo ƒe ɖekawɔwɔ le hadzidzi aɖewo me wɔnɛ be wo dometɔ ɖesiaɖe nya sena nyuie wua? Ðewohĩ ha ƒe gbeɖiɖi siwo tɔtɔ sɔ gbɔ ɖe ha aɖe si wodzi alo woƒo ɖe hadzigbe vovovowo me ɖekae me wu alesi nàsusui. Gbeɖiɖivovovoha kple ha si ƒe gbeɖiɖi tɔtɔ ƒe ɖekawɔwɔ edziedzi le hadzidzi me nana be dzodzro sẽŋu aɖe si nu gafana nɔa hohom ɖe ame me, si kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi le míaƒe manyamanya me zi geɖe. Seselelãme ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia si nu sẽna gabɔbɔna si yia edzi le míaƒe ŋutilã me nana be míeɖea dzi ɖi bɔkɔɔ, gake ha si ƒe gbeɖiɖi tɔtɔ ɖeɖe dzaa sese ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe lãmekawo dzi eye wòate ŋu ana dzi naku mí—abe alesi ame ƒe asinufewo tsɔtsɔ lili ɖe nuŋlɔkpe alo taflo dzi ƒe ɖiɖi wɔna ɖe lãme na amee ene. Nenema ke ne wotsɔ hagbeɖiɖi vovovo siwo sɔ ɖe wo nɔewo nu, siwo ŋu ha ƒe gbeɖiɖi si tɔtɔ mekpe ɖo o ɖeɖe dzi hae la, ate ŋu awɔe be hadzidzia nati tome na ame.
Gbeɖiɖiɖekaha nye ha si wotsɔ gbe ɖeka ƒomevi ko dzii. Ha ŋutinunyala aɖewo gblɔ be woɖe Eŋlisigbe me nya si wozãna na hadzidzi sia ƒomevi si nye melody la tso Helagbe me nya meʹlos, si gɔmee nye “hadzidzi,” me. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖewo ɖe melody gɔme be ha vivi, alo gbeɖiɖi ɖesiaɖe si vivina ko.
Gake menye gbeɖiɖi ɖesiaɖe siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ɖeɖekoe naa gbeɖiɖiɖekaha nya sena o. Le kpɔɖeŋu me, ne dometsotso gãwo le hagbea ƒe akpa vovovoawo me la, ate ŋu ana gbeɖiɖiɖekaha nawɔ dɔ ɖe ame dzi gake manya se o. Gake ne dometsotso gã siawo mesɔ gbɔ ɖe eme o eye hagbea ƒe akpa vovovoawo kplɔ wo nɔewo ɖo le ɖoɖo nyui nu la, ate ŋu ana gbeɖiɖiɖekaha nanya se. Ðoɖo si nu woɖo hagbea ƒe akpa vovovoawo kple dometsotsoawo ɖo ye naa gbeɖiɖiɖekaha ɖina nublanuihae loo alo dzidzɔhae. Abe alesi wòle le gbeɖiɖivovovohawo gome ene la, gbeɖiɖiɖekaha hã kpɔa ŋusẽ si nu sẽna eye wògabɔbɔna ɖe míaƒe lãmekawo dzi, eye esia hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi le alesi gbeɖiɖia nɔa dzi yim ganɔa anyi vamee ta—esia nɔa te ɖe hadzigbe aɖe ƒe dziyiyi alo eƒe bɔbɔ ɖe anyi dzi.
Gbeɖiɖi vovovo siawo katã ƒe ƒuƒoƒo te ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe seselelãmewo dzi alo wofaa akɔ na mí. Mɔ vovovo siwo nu míaƒe susu xɔa hadzidzi alo trɔa asi le eŋu le gbɔe wòtsona be wòkpɔa ŋusẽ sia ɖe ame dzi.
Hadzidzi Kple Ame ƒe Ahɔhɔ̃
Ame aɖewo gblɔna be ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe míakpa dzi koŋue wɔa dɔ le gbegbɔgblɔ kple nuŋububu nyui ƒe ŋutete ŋu, eye ahɔhɔ̃a ƒe ɖusikpa dzi, si ƒe dɔ koŋue nye dɔwɔwɔ le míaƒe seselelãmewo ŋu la wɔa dɔ le hadzidzi ŋu. Eɖanye aleae wòle alo menye aleae o, edze ƒã be hadzidzi nyɔa seselelãme si le dzɔdzɔme nu ɖe eselawo me. Ale magazine si nye Perceptual and Motor Skills gblɔe enye esi: “Ŋusẽ le hadzidzi si be wòade dzodzro alo seselelãme si nu sẽ mía me enumake le mɔ si wɔa dɔ nu. Zi geɖe la, woate ŋu ana seselelãme siwo wodi be wòaɖe agblɔ, siwo ahiã nya geɖe ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ me hafi woate ŋu agblɔe awu enu . . . , nadze le ha ƒe memama kpui ɖeka ko me alo le gbeɖiɖi vovovo etɔ̃ si woaƒo ɖekae le haƒonu dzi ko me.”
Le nukpɔkpɔ kple nusese ƒe ɖekawɔwɔ kple alesi míewɔa nu ɖe wo ŋui gome la, agbalẽ si nye Music and the Mind gblɔ nya ʋãme sia be: “Ƒomedodo kplikplikpli le nusese kple ame ƒe seselelãme ƒe hoho dome wu ƒomedodo si le nukpɔkpɔ kple seselelãme ƒe hoho dome. . . . Lã si xɔ abi alo amesi le veve sem, si zi ɖoɖoe kpɔkpɔ mate ŋu awɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlaa ƒe seselelãme dzi boo o. Gake ne wòdze ɣlidodo gɔme ko la, ewɔa dɔ ɖe eteƒekpɔlaa dzi vevie.”
Hadzidzi, Hagbewo, Kple Ŋusẽ si Wokpɔna Ðe Dziwò
Ame aɖewo gblɔna be hadzidzi ɖesiaɖe kpɔa ŋusẽ ma ke ɖe esela ɖesiaɖe dzi. Gake ame bubuwo gblɔna be alesi ame wɔa nu ɖe hadzidzi ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme si me amea le ɣemaɣi alo nɔnɔme siwo me wòto va yi dzi. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye ne ame aɖe si ame vevi aɖe ku na se ha aɖe, ɖewohĩ le mawusubɔƒe. Hadzidzia ate ŋu ana be wòagaɖo ŋku edzi eye wòana wòalé blanui alo wòana be aɖatsi nalólo ɖe ŋku dzi nɛ gɔ̃ hã. Ame bubu siwo dzi nusia medzɔ ɖo o ate ŋu adzi ha ma ke kple dzidzɔ.
De ŋugble le nya siwo wogblɔ do ŋgɔ le kpẽ siwo nye French horn kple trumpet hã ŋu kpɔ. Ðewohĩ màlɔ̃ ɖe edzi be French horn ƒe ɖiɖi doa voɖi na ame o. Ate ŋu aɖi toliɖeɖee alo modzakaɖenui ɖe tome na wò, gake trumpet ƒe ɖiɖi ya ate ŋu ana nàyi tame ʋĩ. Seselelãme tɔxɛ aɖewo si hadzidzi ate ŋu anyɔ ɖe mía me le mía dometɔ ɖesiaɖe me—eyata míewɔa nu ɖe eŋu le alesi míaƒe nɔnɔmewo le nu.
Wotoa hadzidzi dzi naa nyawo alo nukpɔsusuwo wɔa ɖeka kple seselelãmewo. Eyata, television alo radio dzi boblododo ʋɛ aɖewo koe wowɔna hadzidzi manɔmee. Zi geɖe la, susu menɔa nyaawo me boo o. Gake ne woƒo ha si anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme kpe ɖe boblododoa ŋu ko la, ewɔa dɔ ɖe eselawo ƒe seselelãme dzi. Aleke gbegbe wònye nyateƒee nye esi be taɖodzinu si le boblododo geɖe ŋue nye be wòanyɔ amewo ƒe seselelãme ɖe nuƒeƒle ŋu tsɔ wu be woawɔe susu nanɔ eme!
Togbɔ be boblododo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe alesi amewo zãa woƒe gae dzi hã la, hadzidzia kple eme nyaawo ƒe nugbegblẽ gavɔ̃ɖi wu kura. Magazine si nye Journal of Youth and Adolescence gblɔ be to hadzidzi me nyawo gbugbɔgagblɔ edziedzi me la, hadzilawo fiaa sɔhɛwo be womegatsɔ ɖeke le ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo me o, eye be “woawɔ nusi dze woa ŋutɔwo ŋu ko.” Agbalẽ bubu gblɔ be gbedasi si le “rap-ha siwo me nya ŋu woʋlia nya le me . . . , si me nyawo nu sẽ wu heavy metal hawo tɔ,” ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe haa selawo ƒe seselelãme dzi vevie eye ate ŋu ana be woava srɔ̃ nɔnɔme gbegblẽwo.
Ðe woate ŋu aƒo asa na ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ne wose haa ko eye wometsɔ ɖeke le haa me nyawo me oa? Ele be míade dzesii be esesẽ ŋutɔ hafi nàte ŋu ase heavy metal kple rap hawo me nyawo. Le nyateƒe me la, zi geɖe la, susu gobi aɖeke menɔa wo me wu woƒe ɖiɖi sesĩe la ko o. Gake susu ɖale nyagbeawo me alo meɖale wo me o, gbedasia kpɔtɔ li le eƒe ɖiɖi sesĩe dim-dim-dim kple gbeɖiɖiɖekaha si wogbugbɔ ƒona edziedzi la me!
Nukatae wòle alea? Hadzidziawo ƒe tanya aɖewo ɖeɖe hã ɖea nukpɔsusu si le wo me fiana. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, zi geɖe la, hadzidzi si ƒomevie wònye ŋutɔ gɔ̃ hã ɖea gbedasi si le eme fiana. Nya kawo tɔgbee wogblɔna na ame? Sɔhɛwo ƒe magazine aɖe gblɔ be: “Edze abe hadzidzi sia ƒomevi hea susu yia ŋusẽ triakɔ ƒe amesinɔnɔ, ŋutete, kple dziɖuɖu kpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me dzi ene.” Bubu gblɔ be “Nyati vevi siwo dzena le hadzidzi siawo me . . . ye nye aglãdzenuwɔna siwo gbɔ eme, ŋutasesẽ, atikevɔ̃ɖizãza kple ahasesẽnono, ame ɖokui ƒoƒo ɖe gbɔdɔdɔ me blibaa, nutovowɔwɔ, kple Satana-subɔsubɔ.”
Sɔhɛ aɖewo agblɔ be togbɔ be esia ate ŋu anye nyateƒe hã la, mekpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe yewo dzi o. Woahe glãka be hadzidzi sia ƒomevi ɖea vi na yewo elabena ekpena ɖe yewo ŋu ‘yewokpɔnɛ be yewonye’ amesiwo wòle be yewoanye. Nyateƒeea? Magazine si nye Journal of Youth and Adolescence gblɔ be: “Dzikudodo, tsitretsiɖeameŋunyawo gbɔgblɔ, kple ŋusẽ ɖeɖefia si ŋu ɖevi aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖo le heavy metal me la ate ŋu adzɔ dzi na ɖevi siwo medzea agbagba le suku o le kpakpã vɔ megbe, vevietɔ le dzidodo ŋkeke bliboa esi wose wogblɔ na wo le suku be wodo kpo nu.” Egblɔ kpee be: “Nusi wɔ nublanui alo tɔtɔa amee nye be sɔhɛwo ƒe didi be yewoakpɔ ametakpɔkpɔ eye woabu yewo ɖe ame me wɔnɛ be wokplɔa amewo ɖo, kpɔa gome le nusiwo wowɔna me. Le esi teƒe be sɔhɛwo nadi nuteƒekpɔkpɔ siwo aɖe vi na wo ne woawo ɖeɖe li la, wotrɔa susu ɖe nusiwo amesiame wɔna si asitsanuɖoanyia wɔ da ɖi xoxo la ŋu.” Ne míagblɔe bubui la, ame bubuwoe tsoa nya me na sɔhɛ siawo le alesi woabu tame kple alesi woase le wo ɖokui me ŋu.
Na míalé ŋku ɖe nusiwo yia edzi le rock-kɔnsɛtwo me ŋu kpɔ. Ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe ameha gbogbo siwo dena dzi? Agbalẽ si nye Music and the Mind ɖo eŋu be: “Ðikeke mele eme o be to seselelãme siwo nu sẽ nyɔnyɔ ɖe amehawo me kple nana be dzodzro sẽŋu mawo naho ɖe wo me zi ɖeka le esi teƒe be wòanye le ɣeyiɣi vovovo me dzi la, hadzidzi ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe nuŋububu nyui ƒe ŋutete ŋu vevie, eye wòana mɔɖeɖe ɖe nusi ame ƒe seselelãme bia le ɣeyiɣi aɖe me ŋu naɖu ame dzi, si nye nuwɔna si ŋu ame geɖewo kpɔa ŋudzedze ɖo si ŋu afɔku le la me.” Nya sia ƒe nyateƒenyenye dzena le nuwɔna siwo gbɔ eme si yia edzi le rock-kɔnsɛtwo me.
Eyata be míagana hadzidzi nakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe susu kple dzi dzi o la, ele be míatia ha siwo míesena la me nyuie. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míaƒe nyati mamlɛa aɖo nyabiase sia ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Hadzidzi ƒe ŋusẽ wɔnɛ be eselawo dina be yewoaɖu ɣe