INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 10/8 axa 9-10
  • Nukpɔsusu si Da Sɔ Nenɔ Asiwò Ðe Hadzidzi Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukpɔsusu si Da Sɔ Nenɔ Asiwò Ðe Hadzidzi Ŋu
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Da Sɔ
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ðe Haƒoƒo Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋunye Vavãa?
    Nyɔ!—1993
  • Hadzidzi Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nusita Hadzidzi Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi
    Nyɔ!—1999
Nyɔ!—1999
g99 10/8 axa 9-10

Nukpɔsusu si Da Sɔ Nenɔ Asiwò Ðe Hadzidzi Ŋu

HADZIDZI va zu dɔ si me wokpɔa ga dɔlar biliɔn geɖe le egbea. Hadzila xɔŋkɔwo kple amesiwo daa megbe na wo le ga gome le ga gbogbo aɖe wɔm. Gake enye nyateƒe be, dzidzɔ makpɔmakpɔ, kukpo, kple ameɖokuiwuwue nye nusi dzɔna ɖe hadzila kpɔdzidzedzewo dometɔ aɖewo dzi le agbe me. Wonye nuwɔna siwo ɖo kpe edzi bliboe be toɖoɖo ha aɖewo ɖia gbɔ ame le agbenyuinɔnɔ, seselelãme, kple gbɔgbɔ me gome, eye ate ŋu ana ame nawɔ ŋutasẽnu, kple nuwɔna siwo tsia tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu.

Gake anyo be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ɖe hadzidzi ŋu. Togbɔ be ha aɖewo mesɔ o eye wògblẽa nu geɖe hã la, ha bubu aɖewo ate ŋu ana ame ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi eye woana ame nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vaseɖe afi aɖe. Ate ŋu atu mí ɖo le seselelãme kple gbɔgbɔme gome. De ŋugblẽ le kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Nuŋlɔɖi deŋgɔ ŋutɔe Biblia ƒe psalmo 150-awo nye​—hakpanyawo, hadzidzi kɔkɔewo, kple gbedodoɖawoe le eme. Woxlẽa wo kple dzidzɔ le gbegbɔgblɔ alafa geɖewo me egbea. Gake menye ɖeko blema Hebritɔwo xlẽa psalmoawo ko o; ke wotsɔnɛ dzia hae hã. Zi geɖe la, woƒoa haƒonu siwo nya sena ɖe wo dzi​—si nye mɔnu sẽŋu aɖe si dzi wotona tsɔa woƒe Mawu, Yehowa ƒe nunya, si dze le nyaawo me, wɔa ɖeka kple seselelãme siwo hadzila siwo xɔ hehe nyuie dzina wodea dzi gbɔ na eselawo. Hebritɔwo ƒe hawo menye esiwo mele ɖeke me alo nye tsigãdzihawo kura o, woƒe nyonyome kple atsyã si me wodzi wo ɖo nye esi deŋgɔ sã wu dukɔ siwo ƒo xlã wo ɣemaɣi la tɔ.

Emegbe la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzi psalmo hawo kple ha kɔkɔe bubuwo tsɔ kafu Mawu eye wotsɔ wo fa akɔ na wo ɖokui le esi wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Eyata hadzidzi na dzidzɔ nɔ woƒe agbe me. Eye woto ha siwo wotu ɖe Biblia dzi dzidzi me na Mawu ŋuti sidzedzea li ke ɖe woƒe dziwo me geɖe wu, si nye nusi wohiã be woatsɔ afia mɔ wo ɖokui.​—Mateo 26:​30; Dɔwɔwɔwo 16:⁠25.

Blema Helatɔwo xɔe se be hadzidzi tua amegbetɔ ƒe amenyenye ɖo eye wònana ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔme nyona ɖe edzi. Ƒe alafa 20 lia sia, si me wotea gbe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya, gaŋutinunya, kple tamebubuŋutete tutuɖo ƒe hehexɔxɔ dzi le la, woŋea aɖaba ƒua seselelãme gome ƒe amenyenye tutuɖo to aɖaŋunuwo wɔwɔ ya dzi.

Da Sɔ

Viɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ ate ŋu ado tso toɖoɖo ha si me nyawo nyo la me. Gake haƒonuwo tsɔtsɔ ƒo hae alo hadzidzi le ƒuƒoƒo me kple xɔlɔ̃wo ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ geɖe wu gɔ̃ hã. Hadzidziŋutinunya ƒe amesi susu ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mɔnu nyui aɖe vɛ na ame.

Gake dadasɔ, nuŋububu nyuie, kple tiatia nyui wɔwɔ hiã le modzakaɖeɖe sia ƒomevi me, abe alesi wòhiã le nu nyui bubu ɖesiaɖe wɔwɔ gome le agbe me ene. Menye ha si ƒomevi ame ɖoa toe gome koe esia hiã le o, ke ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si amea tsɔ ɖoa to alo ƒoa ha sia hã le vevie.

Ne ha ƒomevi aɖe dze ŋusẽ gbegblẽ kpɔkpɔ ɖe wò seselelãmewo, nuwɔnawo, kple wò hadede dzi gɔme la, ke tia ha bubuwo. Eyata ƒo asa na nu manyomanyowo sese be nàte ŋu akpɔ wò seselelãme, wò dzi kple wò susu ta!

Esia nye nyateƒe vevietɔ le haa me nyawo gome. Woate ŋu adze egɔme anɔ amesiwo ƒe nukpɔsusu le agbe kple agbenyuinɔnɔ ŋu to vovo na tɔwò, eye wonye amesiwo doa mawumavɔ̃mavɔ̃gbenɔnɔ kple agbegblẽnɔnɔ boŋ ɖe ŋgɔ la, ƒe didiwo ƒãm ɖe mewò. Le go aɖewo me la, ha aɖewo ƒe tanya gɔ̃ hã ate ŋu anyɔ seselelãme siwo mesɔ o la ɖe ame me.

Mawu ƒe Nya, Biblia, xlɔ̃ nu amesiwo di be yewoadze eŋu be, ‘woatsɔ woƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye subɔsubɔ kɔkɔe si woawɔ kple woƒe tamebubu ƒe ŋutete.’ (Romatɔwo 12:⁠1) Edze ƒã be míaƒe seselelãmewo nye ‘vɔsa gbagbe,’ ma ƒe akpa aɖe. Eyata ne míekpɔe dze sii le ɣeyiɣi aɖe me be hadzidzi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na míaƒe seselelãmewo va dze egɔme le nu gblẽm le míaƒe nyametsotso kple tamebubu nyui ŋu eye wòle ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi la, ekema ehiã be míawɔ tɔtrɔ le ha siwo míeɖoa toe ŋu. Ðo ŋku edzi be: Hadzidzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò dzi kple susu dzi​—le mɔ si ade ame dzi loo alo esi made ame dzi o nu!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nusɔsrɔ̃ Ŋutete Tutuɖo

“Numekuku ɖee fia be toɖoɖo gbeɖiɖivovovohawo edziedzi ate ŋu adzi vidzĩ ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete ɖe edzi. Gake le aƒe geɖewo me la, womedzia ha na wo kura o.”​—Audio, March 1999.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe