Aʋatsodzixɔse Aleke Gbegbe Wòbɔe Egbea?
EDZƆNA le afisiafi—le dɔme, suku, ʋuwo me, kple le mɔdodowo dzi. Ne ènyẽ la, amesiwo mèkpɔ kpɔ o, siwo tso eme va yina gblɔna be “Wò ta nefa” alo be, “Fafa neva.” Nya siawo tɔgbe bɔ le gbegbɔgblɔ geɖewo me. Le Germanygbe me la, wogblɔna be “Gesundheit.” Arabtɔwo gblɔna be “Yarhamak Allah,” eye Anyiehe Pacific Polynesiatɔ aɖewo gblɔna be “Tihei mauri ora.”
Esi nèxɔe se be nudzeamewɔwɔ dzro si wotu ɖe hadomebubudedeameŋu dzi koe wònye ta la, ɖewohĩ màde ŋugble le susu si tae amewo gblɔa nya siawo ŋu boo o. Gake aʋatsodzixɔsewo mee woɖe nya mawo tsoe. Moira Smith si nye agbalẽdzraɖoƒedzikpɔla le Dekɔnuwo Ŋu Nusrɔ̃ƒe si le Indiana Yunivɛsiti le Bloomington, Indiana, U.S.A., gblɔ tso nyagbɔgblɔ sia ŋu be: “Nusita wogblɔnɛ ɖoe nye be woxɔe se be èle wò luʋɔ nyẽm do goe le ɖokuiwò me. Gbɔgblɔ be “Wò ta nefa” fia be Mawu negagbugbɔ wò luʋɔ vɛ.
Enye nyateƒe be ɖewohĩ ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be susu mele eme be woaxɔe ase be luʋɔ la doa go le ame me ne ènyẽ o. Eyata mewɔ nuku o be nyagɔmeɖegbalẽ si nye Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe aʋatsodzixɔse gɔme be “enye dzixɔse alo nuwɔna si wowɔna le manyamanya me, vɔvɔ̃ na nusiwo womenya o, ŋuɖoɖo ɖe akunyawɔwɔ alo dzɔgbese ŋu, alo nusi na nuwo dzɔna ŋuti dzixɔse totro.”
Mewɔ nuku o be ƒe alafa 17 lia me atikeŋutinunyala aɖe gblɔ tso aʋatsodzixɔse siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋu be wonye “vodada madzeto” si agbalẽmanyalawo wɔna. Eyata esi ameƒomea ge ɖe ƒe alafa 20 lia me kple ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me la, numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica, ƒe 1910 tɔ, gblɔ kple kakaɖedzi be ɣeyiɣi aɖe ava esime “aʋatsodzixɔse aɖeke [magakpɔ] ŋusẽ ɖe ŋkuʋuʋu dzi o.”
Egabɔ Fifia abe Tsã Ene
Susu aɖeke menɔ nusi wonɔ mɔ kpɔm na ƒe blanyi enye esia la me o, elabena edze abe aʋatsodzixɔse gaƒo ke ɖe to fifia abe alesi wònɔ tsã ene. Enye nusi bɔ be aʋatsodzixɔsewo nanɔ anyi didi nenema. Woɖe nya “aʋatsodzixɔse” tso Latingbe me nya siwo nye super si gɔmee nye “ƒo eta” kple stare si fia “be woanɔ te” me. Le nyateƒe me la, woyɔa aʋawɔla siwo tsi agbe le aʋawɔwɔ me be superstites, le esi wotsi agbe le wo tɔ aʋawɔla bubuwo dome ta, eye ne míagblɔe la, “wonɔ te” wu wo. Agbalẽ si nye Superstitions lɔ̃ ɖe numeɖeɖe sia dzi gblɔ be: “Aʋatsodzixɔse siwo kpɔtɔ li egbea nɔ te wu dzidzime siwo tee kpɔ be yewoaɖe wo ɖa.” De ŋugble le alesi aʋatsodzixɔsewo nɔa anyi didii ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ:
◻ Esi Asiatɔwo ƒe dugã aɖe ƒe mɔmefia ku kpata la, dɔwɔla siwo le eƒe aƒeme, amesiwo ƒo dzi ɖe le ŋutɔ ɖo aɖaŋu na mɔmefia yeye si axɔ ɖe eteƒe be wòate ɖe ŋɔliyɔla tɔxɛ aɖe ŋu, eye woɖo aɖaŋu be woawɔ tɔtrɔ aɖewo le aƒeawo me. Dɔwɔlawo bui be tɔtrɔawo atsi dzɔgbevɔ̃ewo nu.
◻ United States adzɔha aɖe si kpɔa ga dɔlar miliɔn geɖe ƒe zimenɔla tsɔa kpe tɔxɛ aɖe ɖe eɖokui ŋu yia afisiafi si wòyina. Tso esime wòɖe eƒe adzɔnuwo fia hekpɔ dzidzedze la, megblẽa kpe sia ɖi yia afi aɖeke o.
◻ Hafi Asia asitsala gãwo naɖe afɔ si lɔ ga geɖe ɖe eme la, woyia nukalawo gbɔ va xɔa aɖaŋuɖoɖo.
◻ Togbɔ be lãmesẽfefewɔla dea kame geɖe hã la, ebunɛ be awu aɖe si yedoe na yeɖu dzi. Eyata ayi edzi ado awu ma—manyãe o—le etsɔme hoʋiʋli ɖesiaɖe me.
◻ Sukuvi aɖe zã nuŋlɔti aɖe tsɔ ŋlɔ dodokpɔe eye wòxɔ dzesi gã. Eyata ebui be “dzɔgbenyui” le nuŋlɔtia me.
◻ Le srɔ̃kpegbe la, ŋugbetɔa trɔa asi le eƒe nudodowo ŋu nyuie be “nu xoxo, nu yeye, nusi wòɣe, kple nusi ƒe amadede nye blɔ” nanɔ eme.
◻ Ame aɖewo ʋua Biblia vlavo eye woxlẽa mawunyakpukpui si wokpɔ gbã, eye woxɔe se be nya siwo le afima ana mɔfiame si tututu hiã le ɣeyiɣi ma me yewo.
◻ Ne yameʋu le hohom la, ʋua me nɔla geɖe wɔa atitsogadzesi. Ne ʋua le yame la, ame bubuwo nɔa asi lilim Christopher “Kɔkɔe” ƒe numeme si le wo si ŋu.
Edze ƒã be aʋatsodzixɔse bɔ ale gbegbe le míaƒe ɣeyiɣia me hã. Le nyateƒe me, Stuart A. Vyse, susuŋutinunya ƒe nufialagãtenɔla le Connecticut College gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Believing in Magic—The Psychology of Superstition me be: “Togbɔ be míele xexe si yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me hã la, aʋatsodzixɔse gabɔ abe alesi wònɔ tsã ene.”
Aʋatsodzixɔse ƒo ke ɖe to le míaƒe ŋkekea me ale gbegbe be agbagba ɖesiaɖe si wodze be woaɖee ɖa do kpo nu. Nukatae?