Aʋatsodzixɔsewo Nukatae Wogali Vaseɖe Fifia?
ÐEWOHĨ ènyae be ame geɖe gabunɛ kokoko be ne dadi yibɔ tso mɔ me na yewo la, efia be dzɔgbevɔ̃e gbɔna alo wovɔ̃na na zɔzɔ to atrakpui gɔme. Ame geɖe hã xɔe se be Fiɖa si dze dzinuŋkeke 13 lia dzi nye dzɔgbevɔ̃eŋkeke eye be afɔku le xɔ dzisasrã 13 lia me nɔnɔ me. Aʋatsodzixɔse siawo gakpɔtɔ li togbɔ be susu mele wo me o hã.
Bu eŋu kpɔ. Nukatae ame aɖewo léa fɔmizifɔti ɖe asi alo ƒua asi ati dzi ne wole nya si dzi woka ɖo gblɔm? Ðe menye esi togbɔ be kpeɖodzi aɖeke mele eŋu o hã la, woxɔe se be nuwɔna siawo ahe dzɔgbenyui vɛ tae oa? Agbalẽ si nye A Dictionary of Superstitions gblɔ be: “Amesi xɔ aʋatsodzixɔsewo dzi se susunɛ be nanewo, teƒe aɖewo, lã aɖewo, alo nuwɔna aɖewo nye dzɔgbenyui ƒe dzesi (dzesi si fia be nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna) eye bubuwo nye dzɔgbevɔ̃e ƒe dzesi (dzesi si fia be dzɔgbevɔ̃e gbɔna).”—Kpɔ Galatiatɔwo 5:19, 20.
Agbagba Siwo Wodze be Woaɖee Ða le China
Edze ƒã be aʋatsodzixɔse ɖu agbagba siwo wodze le egbeŋkekea me be woaɖee ɖa la dzi. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1995 me la, People’s Congress si nye sewɔtakpekpe kɔkɔtɔ si le Shanghai de se si dzi dziɖuɖua da asi ɖo tsɔ ɖo asi aʋatsodzixɔsewo dzi, wogblɔ be wonye nusiwo blemakɔnu siwo me tsɔɖu mele o gblẽ ɖi. Sea ƒe taɖodzinue nye be “wòaɖe aʋatsodzixɔse siwo dea dzre amewo dome ɖa, atrɔ asi le ku kɔnuwo ŋu eye wòade dzi ƒo na ameawo be woatso dugã si me ŋkuʋuʋu le wu.” Gake nukae do tso eme?
Nyatakaka aɖe gblɔ be Shanghaitɔwo galé ɖe woƒe aʋatsodzixɔsewo ŋu. Wodze aglã ɖe se si dziɖuɖua de tsɔ ɖo asi Chinatɔwo ƒe kɔnu si nye dzotɔtɔ yeaɖi gagbalẽwo le wo tɔgbuiwo ƒe yɔdo dzi ŋu, eye ame aɖe si wɔ kɔnua le yɔdo aɖe dzi vɔ gblɔ be: “Míetɔ dzo ga yuan biliɔn 19 [si anɔ dɔlar biliɔn etɔ̃].” Egblɔ kpee be: “Kɔnuae nye ema. Ena dzi dzɔa mawuawo.”
Nyadzɔdzɔgbalẽ si ame geɖe xlẽna si nye Guangming Daily ƒo nu tso alesi sea do kpo nui ŋu gblɔ be: “Nukala siwo le China ade miliɔn atɔ̃, evɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala kple mɔ̃ɖaŋununyalawo ya nye miliɔn 10 ko.” Nyadzɔdzɔgbalẽa de dzesii be “edze abe nɔnɔmeawo le nukalawo dzi dem wu ene.”
The Encyclopedia Americana, Dukɔwo Dome Tataa, gblɔ tso aʋatsodzixɔsewo ƒe anyinɔnɔ ŋu be: “Le gbe ɖesiaɖe dolawo dome la, menye ɖeko woléa kɔnu xoxo aɖewo me ɖe asi ko o, ke woɖea wo me eye woganaa gɔmesese yeye wo.” The New Encyclopædia Britannica ƒe tata si do nyitsɔ laa lɔ̃ ɖe edzi be: “Le egbeŋkeke siwo me woadea asixɔxɔ kpeɖodzi siwo ŋu gɔmesese le ŋu gɔ̃ hã me la, ne wobia ame akpa gãtɔ la, woalɔ̃ ɖe edzi be yewodea bubu dzixɔse alo aʋatsodzixɔse ɖeka alo eve siwo me susu aɖeke mele o ŋu.”
Dzidzenu Eve
Edze ƒã be dzidzenu eve le ame geɖe si elabena womalɔ̃ ɖe nusi wowɔna le adzame dzi le gaglãgbe o. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be nusita womedina be yewoagblɔe o ye nye be wovɔ̃na be yewoava ɖi bometsilawo. Eyata ame mawo dina be woayɔ yewoƒe aʋatsodzixɔse nuwɔnawo be kɔnu alo numamewo ko. Le kpɔɖeŋu me, lãmesẽfefewɔlawo agblɔ be dzo dede lãme hafi hoʋiʋli nadze egɔme ƒe nu ko wònye yewo wɔna.
Nyitsɔ laa la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ɖe alɔme le lɛta siwo woɖona ɖe ame geɖewo be woawo hã naɖoe ɖe ame bubuwo woaxlẽ ƒe kɔnua ŋu. Zi geɖe la, wogblɔna be amesi atsɔ lɛtaa na ame bubu akpɔ dzɔgbenyui, gake amesi matsɔe na ame bubu o akpɔ dzɔgbevɔ̃e. Eyata nyadzɔdzɔŋlɔla la va xɔ lɛta la eye wògblɔ be: “Medi be mianya be menye esi mexɔ aʋatsodzixɔwo dzi se tae mege ɖe eme ɖo o. Ðeko nyemedi be dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe dzinye o.”
Amegbetɔŋutinunyalawo kple dekɔnuŋutinunyalawo susui be nusi amewo yɔna be “aʋatsodzixɔse” nɔ te ɖe woƒe nukpɔsusu dzi; womelɔ̃na yɔa nuwɔnawo be aʋatsodzixɔse o. Wolɔ̃a nyagbe siwo “me kɔ” gake woƒe gɔmeɖeɖe meto mɔ ɖeka o abe “blemakɔnuwo dzixɔse,” “dekɔnuwo,” alo “dzixɔsewo,” ene zazã. Dick Hyman gblɔe eme kɔ le eƒe agbalẽ si nye Lest Ill Luck Befall Thee—Superstitions of the Great and Small, me be: “Abe alesi wòle le nuvɔ̃ kple wɔɖi gome ene la, ame ʋɛ aɖewo koe ʋlia aʋatsodzixɔse ta, gake ame geɖe kpɔa gome le eme.”
Gake ŋkɔ ka ke woɖayɔ nɛ o, aʋatsodzixɔse gakpɔtɔ li. Nukatae wòle alea le egbeŋkeke siwo me wowɔ ŋgɔyiyi le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya kple dzɔdzɔmeŋutinunya me ɖo?
Nusita Wògabɔ Alea Gbegbe
Ame aɖewo gblɔna be enye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu be aʋatsodzixɔsewo nanɔ amegbetɔwo si. Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be aʋatsodzixɔse ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le míaƒe domenyiŋusẽ me nugbagbeviwo me. Gake numekukuwo ɖee fia be mele nenema o. Kpeɖodziawo ɖee fia be nusiwo wofia amewoe nana aʋatsodzixɔsewo va nɔa wo si.
Nufialagã Stuart A. Vyse gblɔ be: “Agbe mee wosrɔ̃a aʋatsodzixɔse nuwɔnawo le abe alesi wosrɔ̃a numame bubu ɖesiaɖee ene. Míenɔ asi ƒum ati dzi hafi wodzi mí o; ɖe míesrɔ̃e.” Wogblɔ be amewo xɔa akunyawɔwɔ dzi sena le ɖevime eye aʋatsodzixɔse gakpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi ne “ametsitsisusu” va su wo si vɔ hã. Eye afikae wosrɔ̃a aʋatsodzixɔse geɖe tsonɛ?
Ƒomedodo kplikplikpli le aʋatsodzixɔse geɖe kple mawusubɔsubɔ dzixɔse siwo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo dome. Le kpɔɖeŋu me, aʋatsodzixɔse nye amesiwo nɔ Kanaan-nyigba dzi hafi Israel-viwo va xɔe ƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Biblia gblɔ be enye Kanaantɔwo ƒe kɔnu be woakpɔ gome le afakaka, goloɖoɖo, zidoedodo kple dzosasa, busudodo, adzewɔwɔ, nukaka, kple ŋɔliyɔyɔ me.—Mose V, 18:9-12.
Wode dzesi blema Helatɔwo hã be aʋatsodzixɔsewo nɔ woƒe mawusubɔsubɔ me. Woxɔ afakaka, goloɖoɖo, kple akunyawɔwɔ dzi se abe Kaanantɔwo ene. Babilontɔwo léa ŋku ɖe lãwo ƒe aklã ŋu kple susu be afia yewo nusi wòle be yewoawɔ. (Xezekiel 21:26) Wode dzesii hã be wodaa tsatsa eye wodia kpekpeɖeŋu tso nusi Biblia yɔ be “aklama” gbɔ. ( Yesaya 65:11) Vaseɖe egbe la, wonya tsatsadalawo nyuie be aʋatsodzixɔsewo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.
Nukutɔe la, sɔlemeha geɖe dea tsatsadada ƒe dzi ƒo. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Katoliko Sɔlemeha si daa megbe na nuwɔnawo abe bingo ene. Tsatsadala aɖe gblɔ le nya sia ŋu be: “Meka ɖe edzi be Katoliko Sɔlemeha la de dzesii be [aʋatsodzixɔsewo kpɔa ŋusẽ ɖe tsatsadalawo dzi,] elabena nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo tsɔa nudzɔɖakawo ɖe asi yia sɔwo ƒe duɖimekeƒe ɣesiaɣi. Aleke wòate ŋu adzɔe be mí ame geɖe siwo nye Katolikotɔwo ɣemaɣi la dometɔ aɖe nakpɔ mɔ be yeƒe sɔ aɖu dzi ne egbe nudzɔdzɔ na nyɔnu saɖagaxɔmenɔlaawo? Eyata míedzɔnɛ. Eye ne míeɖu dzi gbemagbe la, míewɔa dɔmenyonunana geɖe kple susu be ana míayi edzi anɔ dzi ɖum.”
Kpɔɖeŋu siwo ɖe ƒomedodo kplikplikpli si le mawusubɔsubɔ kple aʋatsodzixɔsewo me fia la ƒe vevitɔwo dometɔ ɖekae nye aʋatsodzixɔse ƒe nuwɔna siwo wowɔna le Kristmas si nye azã si Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ɖo la me. Esiawo ƒe ɖee nye be nugbugbɔ na ame le logblati te ana woazu srɔ̃tɔwo, kple Santa Claus ŋuti aʋatsodzixɔse geɖe.
Lest Ill Luck Befall Thee gblɔ be “didi be woanya etsɔme” ye na wova to aʋatsodzixɔsewo vɛ. Eyata abe alesi wònɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me ene la, egbea ame tsɛwo kple xexemedziɖulawo siaa dea nukalawo kple amesiwo gblɔna be akunyawɔŋusẽwo le yewo si gbɔ. Agbalẽ si nye Don’t Sing Before Breakfast, Don’t Sleep in the Moonlight gblɔ be: “Ehiã be amewo naxɔe ase be atiblɛ kple gbesawo li siwo ate ŋu atsi dzɔgbevɔ̃e siwo wonya kple esiwo womenya o la nu.”
Eyata wotoa aʋatsodzixɔse nuwɔnawo dzi be woana amegbetɔwo naɖu nusiwo doa ŋɔdzi na wo la dzi. Agbalẽ si nye Cross Your Fingers, Spit in Your Hat gblɔ be: “Nusi na aʋatsodzixɔsewo nɔ [amewo] si tso blema ke ye gana wòle [wo si]. Ne [woge] ɖe nɔnɔme siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me—si bia be woatrɔ ɖe ‘aklama’ alo ‘dzɔgbese’ ŋu la—aʋatsodzixɔsewo nana [wosena] le wo ɖokui me be yewole dedie.”
Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya na amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ka ɖe eme le mɔ geɖe nu hã la, wogasena le wo ɖokui me be yewomele dedie o. Le nyateƒe me la, kuxi siwo dzɔdzɔmeŋutinunya he vɛ ye na dediemanɔmanɔ gadzi ɖe edzi. Nufialagã Vyse gblɔ be: “Aʋatsodzixɔse kple gbɔgbɔ makpɔmakpɔwo dzixɔse va tsaka míaƒe dekɔnuwo me ale gbegbe . . . elabena alesi nuwo le le míaƒe egbexexeame wɔe be míenya nusi ava dzɔ le etsɔme o.” The World Book Encyclopedia ƒo nya ta ale: “Ðewohĩ aʋatsodzixɔsewo akpɔtɔ anɔ anyi zi alesi amewo . . . menya nusi ava dzɔ le etsɔme o.”
Ne míagblɔe kpuie la, aʋatsodzixɔsewo kpɔtɔ li elabena wodzɔ tso nusiwo amegbetɔwo vɔ̃na na me eye mawusubɔsubɔ dzixɔse siwo ŋu wodoa vivi ɖo geɖe da megbe na wo. Ekema ɖe wòle be míaƒo nya ta be viɖe le aʋatsodzixɔsewo ŋu, le esi wokpena ɖe amewo ŋu wonɔa te ɖe etsɔme manyamanya nu taa? Ðe afɔku aɖeke mele eme oa? Alo enye nane si me afɔku le si wòle be míatsria?
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Afakala siwo le China ɖeɖe dzaa ade miliɔn atɔ̃
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Sɔlemeha geɖe to bingo si wodaa megbe na dzi lé aʋatsodzixɔse ɖe te
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Aʋatsodzixɔse dzie wotu Kristmas ƒe kɔnuwo abe nugbugbɔ le logblati te ene ɖo