Tɔtrɔ Ðedzesi Si Na Nuwo Ka Ðe eme
“Le ƒe 1900 me la, xexeame ɖo tɔtrɔɣi ɖedzesi vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka ƒe agbo nu le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me. Nuɖoanyi yeye aɖe va le xɔxɔm ɖe xoxoa teƒe.”—The Times Atlas of the 20th Century.
ATLAS si me woyɔ nya tsoe le etame gblɔ be le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, “xexeame ge ɖe ɣeyiɣi aɖe si ɖe dzesi etɔxɛe le ʋunyaʋunya kple ŋutasesẽ nuwɔnawo me la me.” Aʋa si wowɔ le ƒe alafa sia me sɔ gbɔ wu esiwo wowɔ le ƒe alafa bubu ɖesiaɖe me, siwo me wowu ame miliɔn 100 kple edzivɔwo le.
Aʋawɔwɔ wu dumevi dzro geɖewo le ɣeyiɣi sia me wu aʋa siwo katã wowɔ kpɔ le ŋutinya me. Amesiwo ku le Xexemeʋa I me dometɔ 15 le alafa me nye dumevi dzrowo. Gake le Xexemeʋa II me le dukɔ aɖewo me la, dumevi dzro siwo ku sɔ gbɔ wu asrafo siwo ku. Tso ɣemayi vaseɖe fifia la, ame miliɔn geɖe siwo kuna le aʋawɔwɔ me dometɔ akpa gãtɔ nye dumevi dzrowo. Ŋutasẽnuwɔna siawo katã wɔe be Biblia ƒe nyagblɔɖi si ƒo nu tso sɔdola aɖe si le ‘sɔ dzĩ’ aɖe dzi, amesi “wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi” la va eme.—Nyaɖeɖefia 6:3, 4; Mateo 24:3-7.
Tɔtrɔ Va Le Dzidzenuwo Me
Nyagblɔɖi si le Timoteo II, 3:1-5, va eme le ƒe alafa 20 lia me, si gblɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.”
Amegbetɔ madeblibowo ɖea nɔnɔme siawo ƒomevi fiana ɣesiaɣi vaseɖe afi aɖe. Le ƒe alafa 20 lia me la, nɔnɔme mawo ƒomevi va do fievo hexɔ aƒe ɖi. Tsã la wobua amesiwo nɔa agbe siwo míeyɔ le etame be wonye amesiwo ƒe nɔnɔme tsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu—alo amesiwo vɔ̃ɖi ale gbegbe. Fifia “amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le” gɔ̃ hã va le agbenɔnɔ siawo bum be wonye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu.
Tsã la, mawuvɔ̃lawo bui be enye nusi me susu mele o be nyɔnu kple ŋutsu nanɔ anyi ɖekae srɔ̃maɖemaɖee. Wobua vidada siwo si srɔ̃ mele o kple ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ ŋukpenanuwɔlawoe. Ame akpa gãtɔ meda asi ɖe fugege kple srɔ̃gbegbe dzi kura o. Wobu anukwaremaɖimaɖi le dɔwɔnyawo me agɔdzedze gãe. Gake abe alesi agbalẽ aɖe gblɔ ene la, egbea woda asi ɖe edzi be “nu ɖesiaɖe nyo.” Nukata? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be “ede ɖokuitɔdila siwo melɔ̃na be woaɖo aɖaŋu na yewo le nusiwo menyo be woawɔ o la ŋu dzi.”
Asiɖeɖe le agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu le ƒe alafa sia me na be nusiwo wobuna nu veviwoe va trɔ. The Times Atlas of the 20th Century gblɔ be: “Le ƒe 1900 me la, dukɔwo kple amewo metsɔa ga home si le ame si bua asixɔxɔ si le ame ŋu kokoko o. . . . Kaka ƒe alafa la ƒe nuwuwu lɔƒo naɖo la, dukɔwo dze woƒe dzidzedzekpɔkpɔ le nusianu kloe me dzidzedzidze gɔme le ganyawo gome. . . . Tɔtrɔ siawo ƒomevi va kpɔ ŋusẽ ɖe alesi amewo bua kesinɔnuwoe dzi.” Alesi tsatsadada bɔe egbea hea galɔlɔ̃ vɛ, eye radio, television, sinimawo, kple videowo dea ŋutilãmenudidiwo ƒe dzodzro ƒe dzi ƒo. Hoʋlifefe siwo woɖena fiana kple boblododo hoʋiʋliwo gɔ̃ hã, le gbeƒã ɖemee, ne mede ɖeke o hã, be ne menye gae nye nu vevitɔ kekeake o la, ke ede nu vevitɔ kekeake nye ge kloe.
Wote Ƒo Ƒu Gake Mama Le Wo Dome
Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, ame akpa gãtɔ nɔ kɔƒenutowo me. Wogblɔ be le ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, amesiwo wu ame agbɔsɔsɔ siwo le xexeame ƒe afã anɔ dugãwo me. Agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet gblɔ be: “Dɔ siwo wòlɔ ɖe eme be woana amesiwo le dugãwo me egbea ƒe agbenɔnɔ nanyo alesi dze, kaka woahayi amesiwo womekpɔ dzi haɖe o tɔwo tsɔ ge akpe ɖe wo ŋuti la, dze abe kuxi siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o ene.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe magazine si nye World Health gblɔ be: “Ame agbɔsɔsɔ siwo le xexeame dometɔ siwo le dugãwo me ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba. . . . Wo dometɔ miliɔn alafa geɖewo . . . le nɔnɔme siwo agblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu eye woade woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã me fifia.”
Aleke gbegbe nunya mele emee o enye si be esi amewo va le aƒe tsom ɖe wo nɔewo xa wu le dugãwo me la, mama le amewo ya dome ɖom! Togbɔ be television, telefonwo, kple Internet, kpakple asiƒeƒle le kɔmpiutawo dzi dea ame dzi hã la, eɖe ŋkume kple ŋkume ƒomedodo ɖa. Eyata Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Berliner Zeitung ƒo nya ta be: “Menye ɖeko ƒe alafa 20 lia nye ƒe alafa si me amewo sɔ gbɔ le akpa o. Ke enye ƒe alafa si he akogotsitsi hã vɛ.”
Esia he afɔkuwo vɛ abe esi dzɔ le Hamburg, Germany, afisi woke ɖe ŋutsu aɖe si ku ɖe eƒe xɔme, ƒe kukua ŋu le ƒe atɔ̃ sɔŋ megbe! Der Spiegel gblɔ be: “Ame aɖeke mese le eɖokui me be yemegakpɔe kpɔ o, eɖanye eƒe ƒometɔwo loo alo aƒelikawo, alo dziɖuɖumegãwo o. Dukɔmevi geɖewo bui be esia ɖe ɖekematsɔmatsɔ si le amewo me nukutɔe si amewo ɖena fiana gbesiagbe la fia eye eɖe alesi ƒomedodo nyui mele amesiwo le dugã la me dome o fia.”
Menye dzɔdzɔmeŋutinya kple mɔ̃ɖaŋununya gbɔ koe nɔnɔme wɔnublanui sia ƒomeviwo ƒe fɔɖiɖi tso o. Amewo gbɔ koŋ ye wòtso. Amesiwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame madakpewo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, . . . amesiwo melɔ̃a nu nyui o, . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu,” bɔ ɖe ƒe alafa sia me wu ƒe alafa siwo katã va yi.—Timoteo II, 3:1-5.
Ƒe 1914, Ƒe si Ðe Dzesi
Winston Churchill gblɔ be, “ƒe alafa blavelia ƒe gɔmedzedze dze abe ƒe alafa si ahe etsɔme nyui kple ŋutifafa vɛ ene.” Ame geɖewo susui be ahe ŋutifafa kple nudzedziname ƒe ɣeyiɣi si ɖeke mesɔ kpli o vɛ. Gake Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, September 1, 1905 tɔ, xlɔ̃ nu be: “Eteƒe madidi o la woawɔ aʋa geɖe,” eye egblɔ kpee be “afɔku gã” aɖe adze egɔme le ƒe 1914 me.
Le nyateƒe me la, magazine ma gblɔ do ŋgɔ le ƒe 1879 me ke be ƒe 1914 nye ƒe si le etɔxɛ. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, egblɔ be Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo le Daniel ƒe agbãlea me ƒo nu tso ƒe ma ŋu be enye ɣeyiɣi si woaɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo. (Mateo 6:10) Togbɔ be ƒe 1914 menye ɣeyiɣi si Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzinyawo dzi bliboe o hã la, enye ɣeyiɣi si wòadze dziɖuɖu gɔme.
Biblia ƒe nyagblɔɖiwo gblɔ ɖi be: “Le fia mawo [siwo li le míaƒe ɣeyiɣia me] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [le dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.” (Daniel 2:44) Fiaɖuƒe ma si dzi Kristo anye Fia ɖo la dze egɔme le mawuvɔ̃la siwo le anyigba dzi, amesiwo di vevie be yewoanye fiaɖuƒe ma teviwo nu ƒoƒo ƒu gɔme.—Yesaya 2:2-4; Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 7:9-15.
Le ɖekawɔwɔ me kple nusi dzɔ le dziƒo la, ƒe 1914 va zu ƒe si me “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme le, si nye ɣeyiɣi si awu enu kple nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si me míele fifia. Yesu gblɔe ɖi be nusiwo ade dzesi ɣeyiɣi ɖoɖi siae nye xexemeʋawo, nuɖuɖu ƒe veve, dɔvɔ̃wo, anyigbaʋuʋu gãwo, kple numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒe dzidziɖedzi kpakple amewo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple amegbetɔwo siaa si nu atsi. Egblɔ be esiawo katã ade dzesi ‘fuɖuame ƒe gɔmedzedze.’—Mateo 24:3-12.
Xexe Yeye si To Vovo Kura Ava Kpuie
Ƒe 85 enye esia si “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme, eye míele tetem ɖe nuɖoanyi madeamedzi sia ƒe nuwuwu alɔtsɔtsɔe. Eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te “agbã fiaɖuƒe mawo katã [siwo li fifia], eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ [tɔ] anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44; Petro II, 3:10-13.
Ẽ, Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ eye wòakplɔ dzianukwaretɔwo ayi xexe yeye aɖe si to vovo kura me. “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”—Lododowo 2:21, 22.
Gbedasi lédziname ka gbegbee nye esi—le nyateƒe me enye gbedasi si dze be woaɖe gbeƒãe le afisiafi! Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ kuxi siwo ƒe alafa 20 lia na wokeke ta ɖe edzi la gbɔ: siwo nye aʋawɔwɔ, hiãkame, dɔléle, madzɔmadzɔnyenye, fuléle, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, dɔmakpɔwɔ, nuvlowɔwɔ, dzidzɔmakpɔmakpɔ, kple ku.—Kpɔ Psalmo 37:10, 11; 46:9, 10; 72:12-14, 16; Yesaya 2:4; 11:3-5; 25:6, 8; 33:24; 65:21-23; Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ðe mɔkpɔkpɔ si nye agbenɔnɔ le dzɔdzɔenyenye xexe si me dzidzɔ manyagblɔ anɔ dzro wòa? Bia Yehowa Ðasefowo ne woana nyatakaka geɖe wò tso eŋu. Woafia wò le wò ŋutɔ wò Biblia me be eteƒe madidi o tɔtrɔɣi sesẽ siwo ƒe alafa 20 lia he vɛ awu enu eye ema megbe la, àte ŋu ase vivi na yayra siwo mawu enu gbeɖe o!
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Eteƒe madidi o xexe yeye si to vovo kura ava