INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 3-4
  • Europa Ƒe Ðekawɔwɔ—Nukatae Wòhiã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Europa Ƒe Ðekawɔwɔ—Nukatae Wòhiã?
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Europa Ava Wɔ Ðeka Vavãa?
    Nyɔ!—2000
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2000
  • Ðekawɔwɔ Xɔasi Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Xexeame Awɔ Ðekaa?
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 3-4

Europa Ƒe Ðekawɔwɔ—Nukatae Wòhiã?

WOƲU ahawo nu henɔ nonom. Woda azãɖukaɖiwo ɖe yame wòklẽ hẽ. Azã ka ɖumee wole? Ƒe akpe yeyea yea? Ao, ɖikeke mele eme o be azã sia le vevie wu ƒe xexlẽdzesi ƒe tɔtrɔ yi bubu dzi ko. Ŋkekeae nye January 1, 1999. Gbemagbe la, woɖe ga yeye aɖe si ŋudɔ Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU) awɔ azɔ—si woyɔ be euro—la ɖe go.

Europatɔ geɖe bui be ga ɖeka si wo katã woazã sia si woto vɛ nye afɔɖeɖe vevi aɖe le agbagba siwo dzem wole tso blema ke be Europa dukɔwo nawɔ ɖeka la me. Netherlandstɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Telegraaf kafu euro si woɖe ɖe go la be enye “fiakuku si woɖɔ na Europa dukɔwo ƒe ɖekawɔwɔ.” Le nyateƒe me la, edze abe le nuɖoɖowo, dukɔwo dome numedzodzrowo, kple megbelelehehe ƒe bla nanewo megbe la, Europatɔwo gogo ɖekawɔwɔ fifia wu ene.

Ne míagblɔe la, zitɔtɔ sia awɔ mo yaa na amesiwo mele Europa o. Ðewohĩ woabui be euro si woadze ɖuɖu kple agbagba siwo woadze be Europa nawɔ ɖeka la makpɔ ŋusẽ gobii aɖeke ɖe yewoƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi o. Gake ne Europa wɔ ɖeka la, ana wòazu xexeame ƒe asitsaƒe gãtɔ kekeakewo dometɔ ɖeka. Eyata womate ŋu aŋe aɖaba aƒu Europa ƒe ɖekawɔwɔ dzi bɔbɔe o—eɖanye afika ke ame aɖe le o.

Le kpɔɖeŋu me, United States ƒe Dɔnunɔlawo ƒe Tatɔ ƒe Kpeɖeŋutɔ, Marc Grossman, gblɔ na eƒe nyasela siwo tso Dziehe Amerika be: “Míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ do ƒome kple Europa.” Nukatae? Nusiwo wògblɔ dometɔ ɖekae nye be “Adzɔnuwɔƒe dɔwɔla siwo le United States dometɔ ɖeka le12 ɖesiaɖe me wɔa dɔ le dɔwɔƒe 4,000 siwo Europatɔwo ɖo le United States la me.” Woka nya ta hã be Europa ƒe ga yeyea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe adzɔnu siwo tso duta—kple awɔbanu si wotsɔ doa ga le gadzraɖoƒewo gɔ̃ hã—dzi le dukɔ siwo le adzɔge ʋĩ tso Europa gbɔ me.

Ate ŋu aɖe vi na dukɔ madeŋgɔwo. Aleke? Numekuku aɖe ɖee fia be: “Ne euro la va xɔ ɖe Europa dukɔwo ƒe ga vovovoawo teƒe la, awɔe be dukɔ madeŋgɔwo ƒe asitsatsa kple EU-dukɔwo nanɔ bɔbɔe.” Gakpe ɖe eŋu la, ame aɖewo gblɔ be Japantɔwo kple United States dɔwɔƒe siwo le Europa akpɔ viɖe. Ne wodze euro zazã gɔme la, Europa dukɔwo ƒe ga vovovoawo gbagba kple wo nɔewo si nɔa tɔtrɔm maganɔ anyi o. Eyata dɔwɔwɔ le Europa aɖe vi wu.

Ne èle ɖoɖo wɔm be yeazɔ mɔ le Europa la, wò hã àte ŋu akpɔe be Europa ƒe ɖekawɔwɔ aɖe vi na ye. Madidi o, àte ŋu azã ga ɖeka si nye euro, si sɔ kple United States dɔlar la aƒle nu, axe fe le Europa dukɔ vovovowo me. Tsaɖimɔzɔlawo ƒe fukpekpe, atsɔ akɔntabumɔ̃ suewo anɔ gulden, francs, lire, kple deutsche marks gawo ƒe home bumee maganɔ anyi o.

Gake nu nyui bubu aɖe kura gale Europa ƒe agbagbadzedze be yeazu anyigbagã ɖeka la ŋu—eyae nye mɔkpɔkpɔ. Wò ya bu eŋu kpɔ, ƒe bla nane koe nye si va yi la, Europa dukɔwo nɔ aʋa wɔm vevie. Ne míebu eŋu le mɔ ma nu la, Europa ƒe ɖekawɔwɔ anye nudzɔdzɔ wɔnuku aɖe. Amewo le ŋku lém ɖe eŋu le xexeame godoo.

Ame geɖe bua eŋu ne xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ nye mɔkpɔkpɔ si ava eme nyateƒe. Mɔkpɔkpɔ dzroame aɖee wònye vavã! Ðe Europa ƒe ɖekawɔwɔ ŋuti afɔɖeɖewo ana ameƒomea nate ɖe xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ ŋu wua? Hafi míaɖo biabia ma ŋu la, ehiã be míalé ŋku ɖe Europa ƒe ɖekawɔwɔ ŋu tsitotsito. Ðekawɔwɔ ŋuti mɔxenu kawoe kpɔtɔ li wòhiã be woaɖe ɖa?

[Box/Chart on page 4]

ÐEKAWƆWƆ ƑE GƆMEDZEDZE YEA?

Menye nu yeyee Europa ƒe ɖekawɔwɔ nye o. Ðekawɔwɔ aɖe nɔ anyi le Roma Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi, azɔ le Charlemagne, kple emegbe Napoléon I te. Ɣemaɣi la, akpa sesẽ kple aʋadziɖuɖu dzie woto ƒo amewo nu ƒui. Gake le Xexemeʋa II megbe la, dukɔ siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le dometɔ aɖewo kpɔe be ehiã be yewoato nuwɔwɔ aduadu dzi awɔ ɖeka. Dukɔ siawo nɔ mɔ kpɔm be menye ɖeko nuwɔwɔ aduadu nenema akpe ɖe yewo ŋu yewoagasu te le ganyawo gome o, ke boŋ ana yewoaxe mɔ ɖe aʋawɔwɔ nu hã. Afɔɖeɖe vevi siwo wowɔ do ŋgɔ na fifinɔnɔmeawoe nye esiwo gbɔna:

• 1948 Europa dunyahela alafa geɖe kpe ta le The Hague, Netherlands, heka atam be: “Míagawɔ aʋa kple mía nɔewo akpɔ gbeɖe o.”

• 1950 France kple Germany dze nuwɔwɔ aduadu bene yewoatsɔ akpɔ yewoƒe tomeka kple gakpo dɔwɔƒewo tae. Dukɔ geɖewo va kpe ɖe wo ŋu, eye esia na wova ɖo Europa Dukɔwo ƒe Aka kple Gakpo Dɔwɔƒewo, alo ECSC. ECSC dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 1952 me, eye Belgium, France, Italy, Luxembourg, Netherlands, kple West Germany ye nɔ eme.

• 1957 ECSC me dukɔ adeawo ɖo habɔbɔ eve bubuwo: Europa Dukɔwo ƒe Ganyawo Ŋuti Ðoɖowɔha (EEC) kple Europa Dukɔwo ƒe Atɔmik Ŋusẽ Habɔbɔ (Euratom).

• 1967 EEC, kple ECSC, kpakple Euratom ƒo ƒu ɖo Europa Dukɔwo ƒe Habɔbɔ (EC).

• 1973 Woxɔ Denmark, Ireland, kple United Kingdom ɖe EC me.

• 1981 Greece ɖo EC me.

• 1986 Portugal kple Spain ɖo EC me.

• 1990 Wokeke EC ɖe nu esi West Germany kple East Germany wɔ ɖeka, ale be dukɔ si nye East Germany tsã hã va ɖo habɔbɔa me.

• 1993 Agbagba siwo dzem wonɔ be woana ɖekawɔwɔ naɖo EC dukɔwo dome le ganyawo kple dunyahenyawo me na woɖo Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU).

• 2000 Dukɔ 15 ye le EU me—woawoe nye Austria, Belgium, Denmark, Finland, France, Germany, Greece, Ireland, Italy, Luxembourg, Netherlands, Portugal, Spain, Sweden, kple United Kingdom.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Euro la axɔ ɖe Europa dukɔwo ƒe ga geɖe teƒe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Euro gawo kple woƒe dzesiwo le axa 3, 5-6, kple 8: © European Monetary Institute

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe