INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 25
  • Nukae Xevi Ate Ŋu Afia Gamenɔla?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Xevi Ate Ŋu Afia Gamenɔla?
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?
    Nyɔ!—2001
  • Dzidzɔ Si Le Xewo Kpɔkpɔ Me
    Nyɔ!—2001
  • “Milé Ŋku Ðe Dziƒoxewo Ŋu Nyuie”
    Nyɔ!—2014
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 25

Nukae Xevi Ate Ŋu Afia Gamenɔla?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

LE Durban ƒe Sunday Tribune, si le South Africa ƒe nya nu la, xeviwo le akpa aɖe wɔm be dzi bɔbɔe le gamenɔlawo si sum le Pollsmoor Gaxɔwo me. Fifi laa la, gamenɔla 14 le gome kpɔm le ɖoɖo aɖe me, si bia be woanɔ ako ƒomevi eve aɖewo dzi kpɔm le woƒe gaxɔwo me.

Aleke ɖoɖoa le? Wotsɔ mɔ̃ aɖe si wotsɔ ƒoa azii na gamenɔla siwo le ɖoɖoa me la dometɔ ɖesiaɖe wòle egbɔ le gaxɔa me. Wotsɔa vi si woƒo la dea asi na gamenɔla la, eye wòzãa asi tsɔ naa nuɖuɖu xevi sue sia si ŋu wɔna aɖeke mele o gaƒoƒo ɖeka alo eve ɖesiaɖe, ŋkeke kple zã, hena kwasiɖa atɔ̃ lɔƒo. Emegbe wodea xevia axadza me, eye wònɔa gaxɔa me. Ne xevia tsi la, wodzranɛ na amewo. Gamenɔla aɖewo va lɔ̃a woƒe xeviawo ale gbegbe be ne eva dzɔ be woatsɔ xeviawo adzoe la, wofaa avi.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wode dzesii be nuvlowɔla vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã va nɔ nu wɔm le lɔlɔ̃ kple tufafa me wu le esi woƒoa nu na xeviawo hekpɔa wo dzi gbesiagbe ta. Gamenɔla aɖe gblɔ be: “Memlã xeviawo, gake woawo hã womlãm.” Ame bubu gblɔ be xeviawo fia ye dzigbɔɖi kple ɖokuidziɖuɖu. Fiafitɔ aɖe si wode game gblɔ be beléle na xevi na yeva de dzesii be “agbanɔamedzi gã aɖee” dzilanyenye nye—agbanɔamedzi si eya ŋutɔ gbe tsɔtsɔ esime wònɔ ablɔɖe me hegblẽ eya ŋutɔ viawo ɖi.

Viɖe bubu gale beléle na xevi siawo me na gamenɔlaawo. Wikus Gresse, si to ɖoɖoa vɛ gblɔ be: “Nusiwo wosrɔ̃ le afisia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dɔwɔɖui le xevi nyilawo alo lãwo ƒe dɔléleŋutinunyalawo gbɔ ne woɖe asi le wo ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe