INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/03 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?
    Nyɔ!—2001
  • Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?
    Nyɔ!—2001
  • “Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Mina Míawɔ Nu Nyui na Amesiame”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 4/03 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Nukawo mee wòle be míakpɔ nyuie le ne míele ɖase ɖim na gamenɔlawo?

Gaxɔmenɔla siwo ade miliɔn enyi ya teti ye le xexeame godoo, amesiwo dometɔ aɖewo ɖea ɖetsɔleme fiana ɖe nyanyuia ŋu. (Tim. I, 2:4) Alɔdzedɔwɔƒe aɖe xɔa lɛta siwo ade 1,400 ɣleti sia ɣleti tsoa gaxɔmenɔlawo kple woƒe ƒometɔwo gbɔ be woaɖo agbalẽwo ɖe yewo alo woava srã yewo kpɔ. Togbɔ be gaxɔmenɔlawo dometɔ geɖe ɖea ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ si tso dzime fiana hã la, nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be wo dometɔ aɖewo bua wɔa nu ayetɔe be yewoato Mawu ƒe amewo dzi atsɔ akpɔ woƒe ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo gbɔ. Le susu sia ta anyo be amesiame nalé fɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna ŋu ku ɖe ɖaseɖiɖi na gaxɔmenɔlawo ŋu.

Zi geɖe la, amewo ɖia ɖase na gamenɔlawo to agbalẽŋɔŋlɔ dzi. Masɔ gbeɖe be nɔvinyɔnuwo naŋlɔ agbalẽ na ŋutsu siwo nye gamenɔlawo, ne taɖodzinuae nye be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo gɔ̃ hã o. Nɔviŋutsu siwo dze ɖeɖe koe atsɔ agbanɔamedzi ma. Woate ŋu atia nɔvinyɔnu siwo dze be woaɖi ɖase na nyɔnu gamenɔla siwo ɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ fia ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu. Mele be woaɖo ga alo nunana aɖeke ɖe gaxɔmenɔlawo o, togbɔ be woate ŋu abiae hã.

Ne gamenɔla aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, ekema woaɖo eƒe ŋkɔ kple adrɛs ɖe hame si le nuto si me gaxɔa le. Zi geɖe la, nɔviŋutsu siwo dze siwo le afima nya alesi woawɔ nu ɖe nɔnɔme vovovo siwo ate ŋu ado mo ɖa la ŋu. Ne womenya hame si le afima o la, ke ele be woaɖo nyatakakaa ɖe alɔdzedɔwɔƒea.

Naneke megblẽ le eŋu ne nɔviŋutsu siwo wode dɔ asi na wɔ kpekpe kple gamenɔlawo be wo dometɔ geɖe nate ŋu asrɔ̃ nu le ɣeyiɣi ɖeka me o. Gake mele be woawɔ hadede tɔxɛ aɖeke si me gbeƒãɖelawo ade ha kple gamenɔlawo faa ŋumaɖɔɖotɔe ƒe ɖoɖo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, manyo be gbeƒãɖelawo nanɔ gakpɔa me dem kabakaba be kadodo kplikplikpli nava nɔ woa kple gamenɔlawo dome o.

Neva eme be ‘míadze aɖaŋu abe dawo ene eye míadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ esi míele nyanyuia gblɔm na gamenɔlawo.—Mat. 10:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe