INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 26-27
  • Alesi Woanɔ Te Ðe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Nui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Woanɔ Te Ðe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Nui
  • Nyɔ!—2000
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu
  • Yehowa Ðea Amesi Le Fu Kpem
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Yehowa Léa Be Na Eƒe Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Alesi Dzi Aɖo Ƒowò ne Mɔkpɔkpɔ Bu Ðe Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Esusɔ Vie—Xexe si me Mɔkpɔkpɔ Magabu Ðe Ame O Ava
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 26-27

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Alesi Woanɔ Te Ðe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Nui

MƆKPƆKPƆBUÐEAME ɖea fu na amegbetɔwo katã, ne mede ɖeke o la, vaseɖe afi aɖe ya teti. Gake le ame aɖewo gome la, woƒe dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo nu sẽ ale gbegbe be wodi be yewoaku wu be yewoanɔ agbe.

Biblia ɖee fia be mawusubɔla nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã meto le kuxi kple nyaƒoɖeamenu siwo ɖea dzi le ame ƒo ƒe fuwɔame me o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Eliya kple Hiob ŋu kpɔ—wo ame evea siaa nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu. Esi Eliya si le Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel nu megbe la, ‘ebia Yehowa bena, nena yeaku.’ (Fiawo I, 19:1-4, NW) Afɔku siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, si me dɔléle nyɔŋu aɖe kple via ewo ƒe ku hã nɔ, dzɔ ɖe ame dzɔdzɔe Hiob dzi. (Hiob 1:13-19; 2:7, 8) Egblɔ mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe be: “Medi ku wu nye fukpekpewo katã.” (Hiob 7:15, The New English Bible) Eme kɔ ƒã be mawusubɔla wɔnuteƒe siawo to dzimaɖitsitsi siwo nu sẽ ŋutɔ me.

Le ame aɖewo gome egbea la, dziɖeleameƒo ate ŋu atso tsitsi, kpeɖeŋutɔ ƒe ku, alo ganyawo ƒe sesẽ si gbɔ eme ƒe nugbegblẽ le ame ŋu ɖudzinamewo gbɔ. Ame bubuwo kpɔe be xaxa siwo nu gbea tsotso, nuteƒekpɔkpɔ veame aɖe ƒe nugbegblẽ le ame ŋu si nu gbea yiyi, alo ƒomekuxiwo nana wosena le wo ɖokui me abe atsiaƒu titinae wotsi eye ƒutsoetsoe ɖesiaɖe na wòsesẽna ɖe edzi be woade gota ene. Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Àse le ɖokuwò me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o—abe ɖe ame aɖeke masusu ŋuwò ne mègali o ene. Akogotsitsi si wosena le ame ɖokui me nu sẽna ɣeaɖewoɣi ale gbegbe.”

Le ame aɖewo gome la, nɔnɔmeawo va kana ɖe eme, si naa gbɔdzɔe wo. Ke ne míaƒe nɔnɔmeawo gbe tɔtrɔ ɖe? Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame nui?

Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

Ŋutete kple ŋusẽ le Yehowa si wòte ŋu lé Eliya kple Hiob ɖe te le woƒe xaxawo me. (Fiawo I, 19:10-12; Hiob 42:1-6) Aleke gbegbe sidzedze sia faa akɔ na mí egbeae nye si! Biblia gblɔ be: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” (Psalmo 46:2; 55:23) Togbɔ be adze abe ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãmewo wu tsɔtsɔ na mí ene hã la, Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ yeƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé mí ɖe te. (Yesaya 41:10) Aleke míawɔ be kpekpeɖeŋu sia naɖe vi na mí?

Biblia ɖe eme be to gbedodoɖa dzi la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Míaƒe fukpekpewo ate ŋu ana wòawɔ na mí be míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu aɖeke meli o. Gake ne ‘míedo gbe ɖa kutrikukutɔe la,’ Yehowa ate ŋu adzɔ míaƒe dzi kple míaƒe tamesusu ŋu, ahana ŋusẽ si hiã la mí be míado dzi.—Romatɔwo 12:12; Yesaya 40:28-31; Korintotɔwo II, 1:3, 4; Filipitɔwo 4:13.

Ade mía dzi ne míegblɔ nusi tututu hiã mí ne míele gbe dom ɖa. Togbɔ be míaƒe nyawo mazɔ tẽ abe alesi míedi ene o hã la, ele be míagblɔ míaƒe seselelãmewo kple nusi míebu be eya gbɔe kuxia tso la na Yehowa faa. Ehiã be míaƒo koko nɛ be wòalé mí ɖe te gbesiagbe. Kakaɖedzi le mía si be: “[Yehowa] wɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.”—Psalmo 145:19.

Hekpe ɖe gbedodoɖa ŋu la, ele be míatsri mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga. (Lododowo 18:1) Kpekpe ɖe amewo ŋu do ŋusẽ ame aɖewo. (Lododowo 19:17; Luka 6:38) Bu nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria, si ŋu kansa nɔ eye nublanuitɔe la, eƒe ƒometɔ enyi ku le ƒe ɖeka ko me la ŋu kpɔ.a Eva hiã be Maria nasẽ ŋkume ŋutɔ hafi afɔ le aba dzi ayi eƒe gbesiagbedɔwɔnawo dzi. Edoa go gbesiagbe kloe va fiaa nu amewo tso Biblia me, eye wòdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɣesiaɣi. Ne Maria gbɔ va aƒeme la, eƒe nuteɖeamedziwo nu gasẽna ɖe edzi. Gake ne Maria bu alesi wòana kpekpeɖeŋu amewoe ŋu la, ete ŋu doa dzi.

Ke ne gbedodoɖa sesẽna na mí alo wòdze abe míate ŋu akpɔ mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga ƒe kuxia gbɔ le mía ɖokui si o ene ya ɖe? Le go ma me la, ele be míadi kpekpeɖeŋu. Biblia de dzi ƒo na mí be míate ɖe “hamemegãwo” ŋu. (Yakobo 5:13-16) Ŋutsu aɖe si le blanuiléle sesẽ si nu gbe tsotso ƒe fu kpem la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nuƒoƒo kple ame aɖe si dzi nèka ɖo naa susua dzea akɔ anyi eye wònaa gbɔdzɔe ame, si wɔnɛ be wobua tame le mɔ si sɔ nu.”(Lododowo 17:17) Gake ne edze abe dɔléle aɖe gbɔe dziɖeleameƒo sẽŋu si gbɔ didi la tso ene la, ahiã be woadi eŋutinunyala ƒe kpekpeɖeŋu si sɔ hã.b—Mateo 9:12.

Togbɔ be egbɔkpɔmɔnu bɔbɔe aɖeke meli o hã la, mele be míabu Mawu ƒe ŋutete be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu la nu tsɛe o. (Korintotɔwo II, 4:8) Gbedodoɖa kutrikukutɔe, ɖokuiɖeɖeɖeaga tsitsri, kple eŋutinunyala bibiwo ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ akpe ɖe mía ŋu míagali ke. Biblia do ŋugbe be Mawu aɖe nusiwo hea mɔkpɔkpɔbuɖeame sesẽ vaa mía dzi la ɖa keŋkeŋ. Kristotɔwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu esime wole ŋkeke si dzi ‘womagaɖo ŋku nusiawo siwo ava zu gbaɖegbenyawo dzi o’ la lalam.—Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔe o.

b Nyɔ! mekafu atikewɔmɔnu aɖe koŋ o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ nyuie be atike ɖesiaɖe si woawɔ la metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 15, 1988, axa 25-9, hena numeɖeɖe bubuwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe