INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 1/8 axa 13
  • Ðe Nusi Nèɖuna Le Dediea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nusi Nèɖuna Le Dediea?
  • Nyɔ!—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Ta Wotsi Dzi
  • Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu
    Nyɔ!—2002
  • Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame
    Nyɔ!—2002
  • Nuka Wɔmee Míele tso Míaƒe Nuɖuɖu Ŋu?
    Nyɔ!—2002
  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2002
g02 1/8 axa 13

Ðe Nusi Nèɖuna Le Dediea?

ÈÐUA nu zi etɔ̃ gbe ɖeka? Ne nenemae la, ekema kaka nàxɔ ƒe 70 la, àɖu nu zi 75,000 kple edzivɔ. Le Europatɔ akuakua gome la, ema afia koklozi 10,000, yevubolo 5,000, yevutee kotoku 100, nyi 3, kple alẽ 2—tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu. Ðe nusiawo katã ɖuɖu nye dɔ sesẽ aɖea? Kura o! Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míi enye si ne míese nyagbɔgblɔ si nye ‘nuɖuɖua sɔ gbe’ alo ne wogblɔ na mí be “bon appétit”! Nuɖaɖasrɔ̃suku dzikpɔla aɖe gblɔ gɔ̃ hã be: “Nuɖuɖu enye agbemenu vevitɔ kekeake.”

Zi geɖe la, míetsɔnɛ be nusi míeɖuna la le dedie henyo. Gake ne aɖinu aɖe anɔ nuɖuɖu 75,000 mawo dometɔ ɖeka pɛ me la, míate ŋu adze dɔ vevie ŋutɔ. Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be nusi míeɖuna la le dediea? Le ŋkeke siawo me la, edze abe ɖikeke va ɖo ame geɖe me le nya sia ŋu ene. Le dukɔ aɖewo me la, wotsi dzi ɖe nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ŋu vevie ŋutɔ. Nukatae?

Nusiwo Ta Wotsi Dzi

Ƒe sia ƒe la, dɔ siwo woxɔna tsoa nuɖuɖu me dzea Europatɔwo ƒe alafa memama 15 dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze la, nuɖami gbegblẽ aɖe wu ame 1,000 lɔƒo eye wòna ame 20,000 bubuwo dze dɔ vevie le Spain. Le ƒe 1999 me la, ŋɔdzi lé Belgiumtɔ gbogbo aɖewo esime woka nya ta be aɖi aɖe si ŋkɔe nye dioxin anya ɖo kokloziwo, xewo, nyinotsibabla, kple bɔta me. Nyitsɔ laa sia la, dzidzi ƒo Britain ƒe asisiwo—eye eƒe nyilãdɔwɔƒewo ƒe asitsatsa ɖo afɔku me—esime nyidzeaɖaʋadɔ dze nyiwo dzi. Emegbe dɔléle si naa lãwo ƒe afɔ kple nu wɔa abi hã do, si na be wowu nyi, alẽ, ha, kple gbɔ̃ miliɔn gbogbo aɖewo tsɔ ƒu gbe.

Togbɔ be afɔku siawo dzi ŋɔ hã la, nu bubuwo hã si li siwo ɖea fu na amewo le nuɖuɖu ƒe nyaa me. Mɔ̃ɖaŋu yeye siwo ŋudɔ wɔm wole le agblemenuwo ƒaƒã kple asitɔtrɔ le wo ŋu me la mele dzi dzɔm na nuƒlelawo o. Europatɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Dzikpɔha ŋlɔ le ƒe 1998 me be: “Mɔ̃ɖaŋununya yeyewo abe keklẽŋusẽ tsɔtsɔ kpɔ nuɖuɖu tae kple agblemenuwo ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ ene he nyaʋiʋli geɖe vɛ.” Ðe mɔ̃ɖaŋununya yeye siawo naa míaƒe nuɖuɖu nyona ɖe dzi loo alo ɖe wògblẽnɛ? Eye nukae míate ŋu awɔ atsɔ ana míaƒe nuɖuɖu nanɔ dedie?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe