INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 8-9
  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?
    Nyɔ!—2012
  • Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu
    Nyɔ!—2002
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • Nuɖuɖu si le Dedie Anɔ Anyi na Amesiame
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 8-9

Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!

ÀTE ŋu atrɔ asi le wò nuɖuɖu ŋu be wòanɔ dedie wu. Gake nu geɖewo li si ŋu màte ŋu awɔ naneke le o. Le kpɔɖeŋu me, wò ŋutɔ màte ŋu alé ŋku ɖe nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋu tsitotsito hafi aƒle alo aɖa o. Ahiã be nàƒle nuɖuɖu aɖewo siwo tso duta siwo ŋu wotrɔ asi le xoxo. Eye aɖi gblẽnu siwo le ya, tsi, alo anyigba me anya ge ɖe nuɖuɖu aɖewo me hafi nèƒle.

Le nyatakaka aɖe si ƒe tanyae nye “Nuɖuɖumedɔlékuiwo Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ: Dukɔwo Dome Kuxie” me la, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe akameti aɖewo gblɔ be nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ƒe kuxi aɖewo ya la, “dukɔ ɖekaɖekawo ƒe dziɖuɖu vovovoawo ɖeɖe mate ŋu akpɔ wo gbɔ o; ehiã be dukɔwo nawɔ ɖeka akpɔ wo gbɔ.” Nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo ge ɖo nye kuxi le xexea me godoo!

Eya ta eme kɔ be ame geɖe mase nu si tae míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be eteƒe madidi o ame sia ame akpɔ nu nyuiwo aɖu la gɔme o. Gake “anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa,” do ŋugbe be yeakpɔ amegbetɔ ƒe nuɖuɖu ŋuti kuxiwo gbɔ. (Yosua 3:13) Ame aɖewo ate ŋu agblɔ be nuɖuɖu ƒe dediemanɔmanɔ nye kpeɖodzi be míate ŋu aka ɖe Mawu dzi o. Gake bu eŋu kpɔ: Ne kplɔ̃ŋusubɔla aɖe ƒe bemalémale na nuɖuɖu wɔe be nuɖuɖua dome gblẽ la, ɖe wòasɔ be woabu fɔ ame si ɖa nua? Ao.

Nenema kee amegbetɔwoe míabu fɔe ɖe nuɖuɖu nyui siwo míekpɔna tso anyigba me la dome gbegblẽ ta, ke menye Wɔla la o. Ale si nuɖuɖu siwo mele dedie o va bɔe la tso amegbetɔ ƒe bemalémale na nu gbɔ. Ŋugbe si Mawu doe nye be yeahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:18.

Nyateƒeae nye be Mawu na wòdze ƒãa be yetsɔ ɖe le ale si míakpɔ nu nyuiwo aɖu la me. Eyae wɔ anyigba la hewɔ atiwo ɖe edzi, mewɔ atiawo be ‘woanya kpɔ’ ko o, ke woƒe tsetse hã “nyo na ɖuɖu.” (1 Mose 2:9) Esi dɔléle va ge ɖe amegbetɔwo dome gɔ̃ hã la, Yehowa Mawu na mɔfiame aɖewo koŋ eƒe amewo be wòakpe ɖe wo ŋu be woawo ŋutɔwo kple woƒe nuɖuɖuwo nanɔ dedie.—Kpɔ aɖaka si nye “Lãmesẽmenɔnɔ Ŋuti Se Aɖewo.”

Nuɖuɖu ka ƒomevie Mawu di be míaɖu? Biblia gblɔe na mí be: “Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋu dɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me. Wein doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.” (Psalmo 104:14, 15) Biblia gagblɔ na mí be ‘nu gbagbe siwo katã ʋãna nanye miaƒe nuɖuɖu,’—1 Mose 9:3.

Eƒe Nya la do ŋugbe ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu be: “Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, si tso wò agblemenukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.” (Yesaya 30:23) Ɛ̃, gbeƒãɖeɖe si ava xɔ ɖe egbegbe nyadzɔdzɔgbalẽwo me tanya dovoɖinamewo teƒee nye: “Ame sia ame akpɔ nu nyuiwo aɖu!”—g12-E 06.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Wɔla la do etsɔme nyui aɖe si me nuɖuɖu nyuiwo abɔ ɖo la ƒe ŋugbe na mí

[Aɖaka si le axa 8]

“LÃMESẼMENƆNƆ ŊUTI SE AÐEWO”

Anɔ abe ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi ene la, wotsɔ Mose ƒe Se la na Israel viwo. Se ma kpɔ Israel viwo ta tso dɔléle geɖe siwo tsoa nuɖuɖu siwo mele dedie o gbɔ me la si me. De ŋugble tso mɔfiame siwo gbɔna ŋu kpɔ:

● Miƒo asa na agba kple nuɖuɖu siwo ka lã kuku aɖe ŋu: “Nu sia nu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ; emegbe hafi woŋu agakɔ.”—3 Mose 11:31-34.

● Migaɖu lã si ku le eɖokui si la o: “Migaɖu lã kuku aɖeke o.”—5 Mose 14:21.

● Miɖu nuɖuɖu siwo tsi anyi la kaba: “Ne ŋu ke ɖe dzi hã, wokpɔ mɔ aɖu mamlɛa. Vɔsalã, si tsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe.”—3 Mose 7:16-18.

Ewɔ nuku na Ðɔkta A. A. Rendle Short be “lãmesẽmenɔnɔ ŋuti se siwo me nunya le eye wosɔ nyuie nenema gbegbe” la le Mose ƒe Sea me—ne wotsɔ wo sɔ kple dukɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ƒe sewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe