INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g05 1/8 axa 10-11
  • Ɣekaɣie AIDS Nu Ayi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣekaɣie AIDS Nu Ayi?
  • Nyɔ!—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo ƒe Hehenana Le Vevie
  • Akɔfafa na HIV/AIDS Lélawo
  • Dɔdada na AIDS Lélawo—Ava Kpuie!
  • Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me
    Nyɔ!—2005
  • AIDS Kaka ɖe Afrika
    Nyɔ!—2002
  • AIDS Datike—Ehiã Kpata!
    Nyɔ!—2005
  • Aids Alesi Nàkpe Akɔ Kplii
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2005
g05 1/8 axa 10-11

Ɣekaɣie AIDS Nu Ayi?

Tso keke sɔhɛwo ƒe ɖevimeƒewo me ke la, wotsɔa nya kple nukpɔkpɔ gbogbo aɖewo siwo dea gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzi ƒo la ɖea fu na woe ale gbegbe. Atikemuamewo dodo ɖe ʋuka me, si nye mɔnu bubu si dzi wotona xɔa HIV dɔlékuia hã bɔ. Ðewohĩ ŋugbledede le alesi ame geɖewo wɔa nui egbea abe ɖe naneke mado tso woƒe nuwɔnawo me o ene ŋu ana nàbia be ɖe AIDS nu ava yi gbaɖegbe hã.

LÃMESẼDƆWƆLAWO gblɔe wòsɔ nyuie be amewo ƒe asitɔtrɔ le alesi wonɔa agbee ŋu nye mɔnu vevi aɖe si dzi woato akpɔ dziɖuɖu le aʋa si woho ɖe AIDS ŋu me. Mɔxexe na Dɔléle Kple Enuléle Dɔwɔƒewo ka nya ta be: “Sɔhɛwo ƒe dzidzime ɖesiaɖe hiã lãmesẽ ŋuti mɔfiame deto kple kpekpeɖeŋu le woƒe agbenɔɣi katã be woatu ŋutete si ana woaƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu ana woaxɔ HIV dɔlékuia la ɖo edziedzi. Ele be dzilawo kple nufialawo siaa nanɔ mɔfiame nana ƒe ɖoɖo deŋgɔ sia nalawo dome.”

Edze ƒã be ehiã be dzilawo nafia nu wo viwo tso afɔku siawo ŋu hafi wo hatiwo kple ame bubuwo nava gblɔ nusiawo ŋu nya masɔmasɔwo na wo. Menye ɣesiaɣie esia wɔwɔ nɔa bɔbɔe o. Gake ate ŋu akpɔ viwò ƒe agbe ta. Nufiafia ɖeviwo tso gbɔdɔdɔ kple atikevɔ̃ɖiwo ŋu magblẽ wo o. Ðe wòakpe ɖe wo ŋu woalé be na wo ɖokui boŋ.

Dzilawo ƒe Hehenana Le Vevie

Le Mawu ƒe amewo dome le blema la, wokpɔa mɔ be dzilawo nafia nu wo viwo tso gbɔdɔdɔnuwɔnawo kple alesi woakpɔ woƒe lãmesẽ tae ŋu. Dzidzɔtɔe la, agbenyuinɔnɔ mɔfiame siwo me kɔ kple nuwɔna siwo akpɔ blema Israel-viwo ta tso dɔléle si me la nɔ se siwo wode na wo la me. (Mose III, 18:22, 23; 19:29; Mose V, 23:13, 14) Aleke woafia se siawo ameawoe? Yehowa Mawu gblɔ na Israel-viawo be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.” Gbã la, ele be dzilawo nanya viɖe siwo le se siawo dzi wɔwɔ me kple afɔku siwo le wo dzi mawɔmawɔ me. Emegbe woxlɔ̃ nu wo be: “Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:6, 7.

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe ‘nya kuku ɖe to me na ame’ gɔme be “nufiafia wòatsi susu me na ame to nuxɔxlɔ̃ ame edziedzi me.” Edze ƒã be esia wɔwɔ bia ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe ame ŋu. Mɔkpɔkpɔ li be dzila siwo ɖoa ɣeyiɣi ɖi fiaa nu wo viŋutsu kple vinyɔnuwo tso atikevɔ̃ɖizazã kple gbɔdɔdɔ manɔsenu me fɔkuwo ŋu ƒe viwo nate ŋu aƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu ana woaxɔ HIV dɔlékuia kple dɔléle bubuwo.a

Akɔfafa na HIV/AIDS Lélawo

Asaƒoƒo na HIV/AIDS ŋu nyawo gbɔgblɔ na ame miliɔn siwo ŋu wòle xoxo mafa akɔ na wo boo o. Le fukpekpe siwo me dɔ sia lélawo tona megbe la, zi geɖe amewo nyɔa ŋu wo hetsria wo le woƒe dɔlélea ta. Nukatae? Nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe le ame geɖe si be yewoate ŋu axɔ HIV dɔlékuia ne yewo ŋuti ka elélawo ŋu dzaa ko hã. Eme kɔ be woavɔ̃ na HIV/AIDS dɔlélea xɔxɔ elabena enye dɔxɔleameŋu si wua ame. Ke hã dɔa vɔvɔ̃ na ame aɖewo tsri elélawo. Wogbea atikewɔwɔ na dɔa lélawo, wonyaa wo le woƒe sɔlemehawo me, eye wodzea wo dzi ŋɔdzitɔe gɔ̃ hã.

Ame aɖewo ʋlia nya be fiƒodee AIDS dɔlélea nye Mawu hena vaa ame vɔ̃ɖiwo dzii. Nyateƒee wònye be anye ne Biblia ƒe dzidzenuwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple ʋu ŋu dziwɔwɔ akpɔ dɔlélea xɔla geɖewo ta tso exɔxɔ me hafi. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Korintotɔwo II, 7:1) Ke hã Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be dɔléle menye Mawu ƒe tohehe na ame le nuvɔ̃ gobi aɖe ta ƒe kpeɖodzi o. Nya si Biblia gblɔ boŋue nye be: ‘Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, eye eya hã metea ame aɖeke kpɔna o.’ (Yakobo 1:13; Yohanes 9:1-3) Woate ŋu ana kakaɖedzi amesi xɔ HIV alo AIDS le Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenuwo dzi mawɔmawɔ ta gake wòva trɔ eƒe agbenɔnɔ la be Mawu magbee o.

Mawu ƒe veveseseɖeamenu kple lɔlɔ̃ na amesiwo ŋu dɔmavɔleameŋuwo le dze esime Via, Yesu, va anyigba dzi. Esime Yesu kpɔ anyidzela aɖe le eƒe mɔzɔzɔ aɖe me la, ‘eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu eye wòdo eƒe abɔ ɖa ka asi eŋu.’ Yesu zã eƒe ŋusẽ wɔnuku la heyɔ dɔ anyidzela la. (Marko 1:40-42) Yesu menyɔ ŋu dɔnɔwo o. Lɔlɔ̃ si wòɖe fia wo nye Fofoa si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia le mɔ deblibo nu.—Luka 10:22.

Dɔdada na AIDS Lélawo—Ava Kpuie!

Yesu ƒe nuku dɔyɔyɔwo mena míekpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti kakaɖedzi ko evɔ o. Biblia gblɔ na mí be Yesu Kristo le Fia ɖum le dziƒo fifia. (Nyaɖeɖefia 11:15) Eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa na míekpɔe be ŋusẽ le esi wòada dɔléle ɖesiaɖe si le fu wɔm ameƒomea, eye be elɔ̃ faa be yeadae hã. Esia tututu wɔ gee wòala.

Biblia ƒe nyagblɔɖi na kakaɖedzi mí be eteƒe madidi o “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Togbɔ be ameƒomea mete ŋu tsi AIDS dɔlélea ƒe kaka nu alo kpɔ atike si adae na dɔa lélawo katã o hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be woava ɖe AIDS ɖa. Fia Dawid gblɔ be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o! Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo [katã] ŋu.”—Psalmo 103:2, 3.

Ɣekaɣie esia ava eme? Nukae Mawu di tso amesiwo kpɔa mɔ be yewoaxɔ yayra mawo la si? Míekpe wò be nàte ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ŋu.—g04 11/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Dzila geɖewo kpɔe be agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si Yehowa Ðasefowo ta la zazã tsɔ fia nu ɖeviwo tso gbɔdɔdɔ kple agbenyuinɔnɔse veviwo ŋu edziedzi ɖea vi geɖe.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Biblia ƒe nyagblɔɖi na kakaɖedzi mí be eteƒe madidi o “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nufiafia viwòwo tso gbɔdɔdɔ kple atikevɔ̃ɖizazã ŋu ate ŋu akpɔ wo ta

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu ƒe ŋusẽ kple lɔlɔ̃ faa be yeayɔ dɔ dɔnɔwo ɖe nusi wòava wɔ le etsɔme fia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe