INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/07 axa 3
  • Ðe Gayometiti Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Gayometiti Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
  • Nyɔ!—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Gblẽ le Gadidi Ŋu?
    Nyɔ!—1997
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukae Nye Ŋutilãmenudidi?
    Nyɔ!—2003
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2007
g 7/07 axa 3

Ðe Gayometiti Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?

TSƆE be ŋu ke etsɔ ko nèzu kesinɔtɔ gã aɖe, nu kae nàwɔ? Àɖe wò dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔ ahaɖu agbea? Àɖe asi le wò dɔwɔɖui ŋu ahazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ŋua? Alo àtrɔ ɖe dɔ aɖe si doa dzidzɔ na wò ŋutɔŋutɔ la wɔwɔ ŋu? Nukutɔe la, menye nu mawoe ame geɖe siwo va zu kesinɔtɔ la wɔna o. Ke boŋ wozãa woƒe agbenɔŋkeke mamlɛawo tsɔ nɔa ga geɖe wu dim—be yewoatsɔ axe yewo ŋuti fewo loo alo be yewoazu gatɔ gã aɖe.

Gake ame aɖewo siwo ti ga yome la va le dzesi dem nu si gblẽm wòle le woƒe lãmesẽ, woƒe ƒomea, kple wo viwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Le ŋkeke siawo me la, agbalẽwo, television dzi wɔnawo, kple videowo xlɔ̃a nu ku ɖe kesinɔnuwo yome titi vivivo ŋu eye wodea dzi ƒo boŋ be “ame ŋutɔ nalɔ̃ faa anɔ agbe tsɛ.” Numekuku geɖe ɖee fia be ame ɖokui ƒoƒo ɖe kesinɔnuwo didi me fũu akpa te ŋu gblẽa nu le ame ŋu—le susu, seselelãme, kple ŋutilã me gɔ̃ hã.

Nyateƒee, nuxɔxlɔ̃ tso afɔku siwo le kesinɔnuwo yome titi me ŋu menye nu yeye o. Ƒe 2,000 kloe enye esia la, Biblia gblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

Gake nyateƒee wònyea? Ðe ga kple kesinɔnuwo didi vivivo gblẽa nu le amewo ŋu ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe eme nyona na wo le goawo katã—kesinɔnu, lãmesẽ, kple ƒome kpɔdzidzɔ—mea? Nà míakpɔe ɖa.—g6/07

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe