INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/07 axa 30
  • Ðe Wonɔ Agbe Didi Nenema Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wonɔ Agbe Didi Nenema Ŋutɔŋutɔa?
  • Nyɔ!—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Ame Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Nɔ Agbe Didi Nenema Gbegbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Wowɔ Mí Be Míanɔ Agbe Tegbee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Noa ƒe Nuŋlɔɖi—Ðe Viɖe Le Eŋu Na Mía?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Akpa 3
    Ðo To Mawu
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2007
g 7/07 axa 30

Ðe Wonɔ Agbe Didi Nenema Ŋutɔŋutɔa?

Biblia gblɔ be Adam nɔ agbe ƒe 930, Set nɔ agbe ƒe 912, eye Metusala hã nɔ agbe ƒe 969, si fia be ƒe 31 koe susɔ ne wòaxɔ ƒe akpe ɖeka! (Mose I, 5:5, 8, 27) Ðe ƒe mawo ƒe didime sɔ kple ale si ƒewo ƒe didime le egbea, alo ɖe woƒe didime le kpuie wu egbegbetɔwo, ɖewohĩ be ɣemaɣi ƒe ƒe ɖeka anɔ abe egbegbe ƒe ɣleti ɖeka ko ene, abe ale si ame aɖewo bunɛ enea?

Kpeɖodziwo le Biblia ŋutɔ me siwo ɖee fia be ƒe mawo ƒe didime sɔ kple egbegbe ƒewo. Le kpɔɖeŋu me: Ne ɖe ɣemaɣiwo ƒe ƒe ɖeka nɔ abe egbegbe ɣleti ɖeka ko ene la, anye ne ƒe ade koe Kenan axɔ esime wòte vidzidzi, eye Mahalalel kple Henox axɔ abe ƒe atɔ̃ kple nu vi aɖe ko ene esime wote vidzidzi, evɔ mate ŋu adzɔ be ame mawo nate vidzidzi kaba nenema gbegbe o.—Mose I, 5:12, 15, 21.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, blematɔwo hã xlẽa ŋkekewo, ɣletiwo, kple ƒewo. (Mose I, 1:14-16; 8:13) Le nyateƒe me la, ale si woyɔ ɣeyiɣi siwo me Noa ŋɔli me nudzɔdzɔwo dzɔ le pɛpɛpɛ la kpe ɖe mía ŋu be míanya ale si ɣleti ɖeka ƒe didime nɔna ɣemaɣi. Ne míetsɔ Mose I, 7:11, 24 sɔ kple Mose I, 8:3, 4 la, míakpɔe be ɣleti atɔ̃ ƒe didime, si tso ɣleti evelia ƒe ŋkeke 17 lia dzi va se ɖe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke 17 lia dzi la, nye ŋkeke 150. Eya ta edze ƒãa be ŋkeke 30 ye Noa tsɔ bu ɣleti ɖeka, si ƒe teƒe 12 wɔa ƒe ɖeka.—Mose I, 8:5-13.a

Gake aleke wɔ amewo te ŋu nɔ agbe hena ƒe 900 alo esi wu nenema? Biblia na míenya be ɖe Mawu wɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe tegbee eye be Adam ƒe nu vɔ̃a ye he blibomademade kple ku vae na ameƒomea. (Mose I, 2:17; 3:17-19; Romatɔwo 5:12) Ame siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la te ɖe blibodede ŋu wu mí ame siwo li egbea, eye ɖikeke mele eme o be, esiae nye nu vevi si na ame mawo te ŋu nɔ agbe didi nenema gbegbe ɖo. Le kpɔɖeŋu me, dzidzime enyilia koe Metusala nye ne míexlẽ tso Adam dzi.—Luka 3:37, 38.

Eteƒe madidi o, Yehowa Mawu aɖe Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonu ɖe sia ɖe ɖa le ame siwo katã ɖe Via, Yesu Kristo, ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi dzixɔxɔse fia la me. “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Ɛ̃, ɣeyiɣi li gbɔna si me ƒe 969 si Metusala xɔ la maɖi naneke o!—g7/07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 1214 (Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 127), si Yehowa Ðasefowoe ta.

[Akɔntabubu si le axa 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

1000

Metusala

Adam

Set

900

800

700

600

500

400

300

200

100

Ƒe si ame akpa gãtɔ xɔna egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe