Ðe Ame Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Nɔ Agbe Didi Nenema Gbegbea?
JEANNE LOUISE CALMENT ku le August 4, 1997 dzi le wo de le France ƒe anyieheɣedzeƒe. Exɔ ƒe 122 sɔŋ hafi ku!
Ale si wowɔ ŋgɔyiyi le dzɔdzɔmeŋutinunya, atikewɔnyawo, kple nu bubuwo me la wɔe be ame geɖe ƒe agbenɔƒewo dzi ɖe edzi le dukɔ geɖe me egbea. Ke hã, ame akpa gãtɔ mexɔa ƒe alafa ɖeka hafi kuna o. Esia tae woɖea gbeƒã ame siwo nɔ agbe didi nenema la ŋu nya le nyadzɔdzɔgbalẽwo me abe ale si wònɔ le Aƒenɔ Calment gome ene.
Le Biblia ƒe nya nu la, amewo nɔ agbe wòdidi wu ema sãsãsã le blema, eye le wo dometɔ aɖewo gome la woƒe agbenɔƒewo de ƒe akpe ɖeka kloe. Ðe nya mawo nye nyateƒenya siwo dzi míate ŋu aka ɖoa? Ðe ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ agbe didi nenema gbegbea? Eye ɖe wòle be esia naka mí egbea?
Ame Siwo Nɔ Agbe Didi
Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ yɔ ame adre aɖewo siwo nɔ agbe ƒe 900 kple edzivɔwo. Wodzi wo katã do ŋgɔ na Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa. Woawoe nye Adam, Set, Enos, Kenan, Yered, Metusala, kple Noa. (1 Mose 5:5-27; 9:29) Ame akpa gãtɔ menya nu tso ame siawo dometɔ geɖe ŋu o, gake wo katã wonye amegbetɔƒomea ƒe dzidzime ewo gbãtɔa me tɔwo. Metusalae amewo nya wu le ale si wònɔ agbe didi wu ta. Exɔ ƒe 969 sɔŋ!
Ne mede ɖeke o la, Biblia gayɔ ame 25 bubu siwo nɔ agbe didi wu ƒe siwo amewo xɔna egbea hafi kuna. Wo dometɔ aɖewo ƒe agbenɔƒewo de 300, ɖewo 400, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nɔ agbe wòde ƒe 700, alo esi wu nenema. (1 Mose 5:28-31; 11:10-25) Gake ame geɖe ya xɔe se be nya si Biblia gblɔ tso ƒe gbogbo mawo siwo amewo xɔ ŋu la nye nyakpakpawo. Ðe esia nye nyateƒea?
Nyakpakpawoe Wonye Loo Alo Nyateƒenyawoe?
Le nyatakaka aɖe si habɔbɔ aɖe (Max Planck Institute for Demographic Research) si le Germany ɖe ɖe go me la, wogblɔ be numekulaawo te ŋu ɖo kpe ƒe si Aƒenɔ Calment, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, xɔ dzi to ŋkuléle ɖe “nya ʋɛ aɖewo siwo ŋu kpeɖodzi le,” siwo wògblɔ la ŋu me. Woku ɖe nya siwo wògblɔ ku ɖe eɖokui kple eƒe ƒometɔwo ŋu le ɣeyiɣi si me nanewo dzɔ la ŋu. Wotsɔ nya siwo wògblɔ la sɔ kple dziɖuɖua kple sɔlemea ƒe nuŋlɔɖiwo, kpakple nyadzɔdzɔgbalẽ me nyatiwo kple amewo xexlẽ ŋuti nyatakakawo. Togbɔ be womete ŋu kpɔ kpeɖodziwo na nya siwo katã wògblɔ o hã la, wote ŋu nɔ te ɖe kpeɖodzi vovovo siwo ŋu woke ɖo la dzi ƒo nya ta be ƒe mae wòxɔ vavã.
Ke nya siwo Biblia gblɔ tso ƒe si amewo xɔ ŋu ya ɖe? Ðe míate ŋu aka ɖe wo dzia? Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe wo dzi bliboe! Togbɔ be numekugbalẽwo meɖo kpe nya sia nya si Biblia gblɔ dzi o hã la, kpeɖodziwo ɖee fia enuenu be nya siwo wògblɔ la wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya kple ɣeyiɣiwo ŋuti kɔntabubuwo.a Mele be esia nawɔ nuku na mí kura o, elabena Biblia ŋutɔ gblɔ bena: “Mawu nanye nyateƒetɔ, togbɔ be ame sia ame nye aʋatsokala hã.” (Romatɔwo 3:4) Ɛ̃, esi wònye be Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ta la, nyakpakpa aɖeke mele eme o.—2 Timoteo 3:16.
Ðikeke mele eme o be ele be míabu Mose, ame si dzi Yehowa Mawu to ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo be enye ame siwo xɔ ŋkɔ kple ame siwo ŋu bubu le wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Yudatɔwo bunɛ be eyae nye yewoƒe nufiala gãtɔ. Moslemtɔwo bunɛ be enye yewoƒe nyagblɔɖila vevitɔwo dometɔ ɖeka. Le Kristotɔwo gome la, Mose nye ame si ta mɔ na Yesu Kristo. Ðe wòasɔ be míaƒo nya ta be nya siwo ame ma, si xɔ ŋkɔ nenema gbegbe le ŋutinya me, ŋlɔ la manye nya siwo dzi míate ŋu aka ɖo oa?
Ðe Ale Si Woxlẽ Ŋkekewoe La To Vovoa?
Ame aɖewo gblɔna be ale si woxlẽa ŋkekewo le ɣeyiɣi mawo me la to vovo na ale si wòle egbea, eye be le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, nu si Biblia yɔ be ƒe ɖeka la nye ɣleti ɖeka. Gake ŋkuléle ɖe Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me nyawo ŋu na míeka ɖe edzi bliboe be ale si amewo xlẽa ŋkekeawo ɣemaɣi la sɔ kple ale si míexlẽnɛ egbea. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ. Ku ɖe Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa ŋu la, Biblia gblɔ be Tɔɖɔɖɔa dze egɔme “le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu,” esime Noa xɔ ƒe 600. Eyome Biblia gblɔ kpee be tsia nɔ ɖɔɖɔm ɖe anyigba dzi ŋkeke 150, eye be “le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi aɖakaʋu la va xa ɖe Ararat-towo dometɔ ɖeka me.” (1 Mose 7:11, 24; 8:4) Eya ta le ale si woxlẽ ŋkekeawo nui la, tso ɣleti evelia ƒe ŋkeke 17 lia dzi va de asi na ƒe ma ke ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke 17 lia dzi le ŋkeke 150, si nye ɣleti atɔ̃. Eya ta eme kɔ ƒãa be kpeɖodzi aɖeke kura mele nya si wogblɔna be ƒe ɖeka nye ɣleti ɖeka la ŋu o.
Azɔ bu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Wogblɔ le 1 Mose 5:15-18 be Mahalaleel dzi ŋutsuvi esime wòxɔ ƒe 65, eyome wòganɔ agbe ƒe 830, eye wòku esime wòxɔ ƒe 895. Tɔgbuiyɔvia Henox hã dzi ŋutsuvi esime wòxɔ ƒe 65. (1 Mose 5:21) Ne vavãe ƒe ɖeka nye ɣleti ɖeka la, ekema efia be ŋutsu eve mawo dzi vi esime woxɔ ƒe atɔ̃ pɛ ko! Ðe esia anya wɔa?
Nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe ŋuti numekulawo ke ɖo hã ɖo kpe nya siwo Biblia gblɔ tso ame siwo nɔ agbe didi la ŋu. Biblia gblɔ tso blemafofo Abraham ŋu be etso du si nye Ur me, emegbe eyi ɖanɔ Xaran kple Kanaan nutowo me, eye be ewɔ aʋa kple Kedorlaomer, si nye Elam fia, eye wòɖu edzi. (1 Mose 11:31; 12:5; 14:13-17) Nu siwo ŋu numekulawo ke ɖo la ɖo kpe edzi be ame mawo kple du siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ anyi kpɔ vavã. Numekulaawo gana numekɔkɔ geɖewo mí ku ɖe teƒe siwo Biblia yɔ tɔ ɖe Abraham ŋu kple ame siwo nɔ afi mawo la ƒe dekɔnuwo ŋu. Esi wònye be nya mawo siwo Biblia gblɔ tso Abraham ŋu la le eteƒe pɛpɛpɛ la, nu ka tae wole be míake ɖi nya si wògblɔ be Abraham xɔ ƒe 175 ya?—1 Mose 25:7.
Eya ta susu aɖeke meli si ta míake ɖi nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe ƒe gbogbo siwo ame siwo nɔ anyi le blema xɔ ŋu o. Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be ‘Nenye be nya si wogblɔ tso ƒe si ame mawo xɔ ŋu le eme alo mele eme o hã la, aleke wòkamee?’
Àte Ŋu Anɔ Agbe Didi Wu Ale Si Nèsusu!
Ƒe gbogbo mawo siwo ame siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa xɔ la ɖo kpe edzi be ŋutete wɔnuku aɖe le amegbetɔwo ƒe ŋutilã ŋu be wòanɔ agbe didi. Egbegbe mɔɖaŋununya kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu be woganya nu geɖe wu tso amegbetɔ ƒe ŋutilã kple ale si wowɔe nukutɔe kpakple ŋutete tɔxɛ si le eŋu be wòaɖɔ eɖokui ɖo, eye wòawɔ avu kple dɔlékuiwo la ŋu. Aleke woƒo nya tae? Amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe tegbee hafi. Atikeŋutinunya ƒe Nufialagã Tom Kirkwood gblɔ bena: “[Amegãkuku] gakpɔtɔ nye nu siwo gɔme sese ɖua ta na atikeŋutinunyalawo vevie la dometɔ ɖeka.”
Ke le Yehowa Mawu gome ya la, nu si gbɔ wòtsona be amegbetɔwo kua amegã la medo viviti ɖee o, eye egbɔkpɔkpɔ hã menye kuxi nɛ o. Ewɔ ame gbãtɔ Adam wòde blibo, eye wòɖo tame be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee hafi. Gake nublanuitɔe la, Adam gbe toɖoɖo Mawu. Le esia ta eva zu nuvɔ̃me, eye megade blibo o. Azɔ ŋuɖoɖo si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mete ŋu le kekem ɖo o lae nye esi: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Eya ta esi míenye nuvɔ̃mewo, eye míede blibo o tae míedzea dɔ, kua amegã hekuna ɖo.
Ke hã, tame si mía Wɔla lɔ̃ame la ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la metrɔ o. Esia ƒe kpeɖodzi wɔdɔɖeamedzi aɖee nye esi wòtsɔ Via, Yesu Kristo, na be wòatsɔ eƒe agbe axe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta bene wòanya wɔ be míava de blibo, ahanɔ agbe tegbee. Biblia gblɔ be: “Ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo la me.” (1 Korintotɔwo 15:22) Ame siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la te ɖe blibodede ŋu wu mí, eye esia tae wonɔ agbe didi sãsãsã wu mí ame siwo li egbea ɖo. Gake esusɔ vie míawo hã míakpɔ ŋugbe siwo Mawu do la me vava teƒe. Eteƒe madidi o, Mawu aɖe nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome míenyi la ɖa keŋkeŋ, eye amegbetɔwo magagbɔdzɔ le tsitsi ta ahaku o.—Yesaya 33:24; Tito 1:2.
Nu kae wòle be nàwɔ be nàkpɔ yayra siawo? Mègabui be ŋugbe si Mawu do la nye drɔ̃e dzro aɖe ko o. Yesu gblɔ be: “Ame si sea nye nya, eye wòxɔa ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi.” (Yohanes 5:24) Eya ta srɔ̃ Biblia, eye nànɔ agbe ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la nu. Ne èwɔe alea la, ekema èle ame siwo wɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be, “woadzra gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi sesĩe” la ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. (1 Timoteo 6:19) Ka ɖe edzi be Mawu, si na ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ agbe didi nenema gbegbe la, ate ŋu ana nànɔ agbe tegbee!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi esia ŋuti numeɖeɖe geɖewo la, kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible : Parole de Dieu ou des hommes ?). Yehowa Ðasefowoe tae.
[Akɔntabubu si le axa 12]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
1000
969 METUSALA
950 NOA
930 ADAM
900
800
700
600
500
400
300
200
100 AME SIWO LI EGBEA
WOƑE ƑEWO