INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/09 axa 31
  • Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
  • Nyɔ!—2009
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Gblẽ Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu?
  • Tso Tata Sia Me
  • Nu Kae Nède Dzesi Le Nyagblɔɖila Siawo Ŋu?
  • Ŋuɖoɖoawo
  • Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
    Nyɔ!—2008
  • Mawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2010
  • Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
    Nyɔ!—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2009
g 4/09 axa 31

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Nu Kae Gblẽ Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu?

Xlẽ Yosua 2:15-18; 6:15-21; 7:1, 20, 21. Azɔ lé ŋku ɖe nɔnɔmetataa ŋu. Eƒe akpa kawoe mesɔ o? Ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fli siwo le ete dzi.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

3. ․․․․․

4. ․․․․․

HENA NUMEDZODZRO:

Nu ka tae mele be nàtsɔ nu si menye tɔwò o? Nu ka tae nya sia le vevie?

Tso Tata Sia Me

Ðo biabia siawo ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia ƒe akpa si(wo) susɔ.

AXA 6 Nu kae wòle be nàna amewo katã nanya? Filipitɔwo 4:․․․

AXA 11 Nu ka wɔwɔ mee míaɖee afia le be míetiae be míanɔ agbe? 5 Mose 30:․․․

AXA 19 Nu ka tae mele be nàdze xɔlɔ̃ ame ɖe sia ɖe ko o? Psalmo 26:․․․

AXA 23 Ne gadodo zu numame na wò la, ame ka ƒomevie nàva zu? Lododowo 22:․․․

Nu Kae Nède Dzesi Le Nyagblɔɖila Siawo Ŋu?

Xlẽ 2 Kronika 18:1–19:3. Emegbe ɖo biabia siwo gbɔna ŋu.

5. ․․․․․

Nyagblɔɖila si Fia Axab lé fui la ƒe ŋkɔ ɖe?

6. ․․․․․

Nu ka tae Axab lé fu nyagblɔɖila ma ɖo?

7. ․․․․․

Nya kae nyagblɔɖilaa gblɔ na Axab, eye alekee Axab wɔ nui?

HENA NUMEDZODZRO:

Ɣekaɣie wòahiã be nàwɔ nu dzinɔameƒotɔe abe nyagblɔɖila sia ene?

Ŋuɖoɖoawo

1. Yerixo gliwo mu dze anyi hafi Israel viwo ho aʋa.

2. Ka si Raxab ti ɖe fesrea nu ƒe amadede nɔ dzĩ, ke menye blɔ ye o.

3. Awu ʋlaya, sikakpɔti, kple klosalo sekelwo ye Axan fi, ke menye legba ye o.

4. Menye zã mee wodze dua dzi o.

5. Mixa.

6. Egblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi na Axab.

7. Egblɔ na Axab be atsi aʋa. Axab na wolé Mixa de gaxɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe