INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 7/1 axa 30-31
  • Mawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 7/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Mawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Axab, Izebel, Nabot kple Eliya

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Izebel ƒe nyaƒoɖeamenu na Fia Axab wu ame hexɔ eƒe waingble.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆAWO ŊU.​—XLẼ 1 FIAWO 21:1-26.

Le wò susu nu la, aleke ame ene siwo ŋu ŋutinyaa ku ɖo la ƒe dzedzeme nɔ?

Axab ․․․․․

Izebel ․․․․․

Nabot ․․․․․

Eliya ․․․․․

Le kpukpui 5-7 lia me la, seselelãme kae nède dzesii le Izebel kple Axab ƒe gbe me?

․․․․․

Ƒo nu tso hoowɔwɔ si yi edzi le kpukpui 13 lia me ŋu esi nèle nudzɔdzɔa kpɔm le susu me.

․․․․․

Le Eliya kple Axab ƒe gododo si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 20-26 lia me la, seselelãme kawoe nède dzesii le woƒe gbe me?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Nɔnɔme kawoe dze le Izebel ŋu le kpukpui 7 kple 25 lia me?

․․․․․

Nɔnɔme kae dze le Axab ŋu le kpukpui 4 lia me?

․․․․․

Hafi Axab ƒe asi nate ŋu asu Nabot ƒe waingblea dzi la, ame kawo hãe wòahiã be wòawu? (Xlẽ 2 Fiawo 9:24-26.)

․․․․․

Ame ka ƒomevie Axab nye le Yehowa ŋkume? (Gaxlẽ kpukpui 25 kple 26. Xlẽ 1 Fiawo 16:30-33 hã.)

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Nu si Yehowa nya tso nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo ŋu.

․․․․․

Ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo.

․․․․․

Ale si Yehowa ɖenɛ fiana be yenye Mawu dzɔdzɔetɔ. (Xlẽ 5 Mose 32:4.)

․․․․․

4 MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Aleke nɔnɔme si dze le Izebel ŋu la dzena le ame aɖewo ŋu egbeae? (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:18-21.)

․․․․․

Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu abia le be dzi nanɔ ƒowò abe Eliya ene?

․․․․․

Ne èkpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe alo wowɔe ɖe ŋuwò gɔ̃ hã la, nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo?

․․․․․

5 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Te esia kpɔ Gbugbɔ ŋutinya sia gblɔ abe nyadzɔdzɔ ene, eye nàwɔ nu abe ɖe nèle gbe biam ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo kpakple nuteƒekpɔlaawo ene.

Yi ɖe www.jw.org

Be nàxlẽ Biblia le afi ma

Alo awɔ nyati sia ƒe kɔpi alo atae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe