“Womagate Ŋu Aka Ðe Ame Akpa Gãtɔ Dzi O”
Woxɔ ŋutsuvi ƒe 12 vi aɖe ɖe kɔdzi le Ɣetoɖoƒe Afrika. Nu kae wɔe? Dadaa ƒle asrãtike aɖe nɛ tso atikedzraƒe si dzi woka ɖo, ke menya be atike manyomanyoe wodzra na ye o. Ðɔkta aɖe gblɔ be: “Ƒe 15 sɔŋue nye esia la, amewo le atike manyomanyowo dzram na mí.”a
Le Asia la, ewɔ nuku na vidzĩ aɖe dzilawo ŋutɔ esi wova nya be nane si gblẽa nu le ame ƒe lãmese ŋu vevie la nɔ vidzĩwo ƒe nuɖuɖu aɖe si wokafu be nunyiame geɖe le eme, si wonɔ wo via nam la me. Nublanuitɔe la, ɖevia ku.
Amerika asitsalagã aɖe si dzi amewo ka ɖo la ble eƒe asisiwo xɔ ga dɔlar biliɔn gbogbo aɖewo le wo si! Ame akpe geɖe va kpɔe be ga si woxe na yewo esi yewoxɔ dzudzɔ le dɔ me la bu zi ɖeka. Ame geɖe gblɔ be nudzɔdzɔ siae nye “ametafatafa gãtɔ kekeake le ƒe alafa sia me.”
LE EGBEXEXEA me la, edzɔ ɖe ame sia ame kloe dzi kpɔ be wòka ɖe ame aɖe dzi, evɔ amea meva ɖi anukware nɛ o. Kura gɔ̃ hã la, Franse nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye Le Monde la gblɔ be, ale si “womagate ŋu aka ɖe ame akpa gãtɔ dzi o” la koŋ gbɔe ganyawo ƒe tɔtɔ si le xexea me fifia la tso.
Nu kawo gbɔe wòtso be wòle sesẽm be ‘woaka ɖe ame akpa gãtɔ dzi’? Ðe ame aɖe li si dzi nàte ŋu aka ɖoa?—g10-E 10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyatakaka sia dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Figaro, si wotana le Paris, France la me.