INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 8/15 axa 5-7
  • Míagate Ŋu Ava Ka Ðe Ame Dzi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míagate Ŋu Ava Ka Ðe Ame Dzi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Do Tso Eme? Wo Domee Meganyo O
  • Ameka Ŋue Míate Ŋu Aɖo Ŋu Ðo?
  • Nana be Kakaɖeamedzi Naganɔ Anyi
  • Nukatae Kakaɖeamedzi Megabɔ O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Alesi Míado Ŋusẽ Míaƒe Kaka Ðe Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nu Ka Tae Míetsina Eye Míekuna?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ele Be Yehowa Nanye Míaƒe Ŋuɖoɖeŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 8/15 axa 5-7

Míagate Ŋu Ava Ka Ðe Ame Dzi!

TOGBƆ be alesi kakaɖeamedzi megabɔ egbea o nye “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi hã la, makamakaɖeamedzi do mo ɖa ƒe akpe geɖe enye siwo va yi hã. (Timoteo II, 3:1) Afisi womekpɔ mɔ kura be ado mo ɖa le o ye wòdze le zi gbãtɔ—le paradiso me. Biblia gblɔ le teƒea ŋu be: “Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima. Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina.”—Mose I, 2:8, 9.

Kpukpui siwo kplɔe ɖo na míenya alesi nusia do ƒome kple alesi kakaɖeamedzi megabɔ egbea o. Míexlẽ be: “Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Ðe susu aɖe le Adam si si ta wòake ɖi nya si Yehowa gblɔa?

Míexlẽ yi edzi be: “Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã? Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃. Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame . . . la, egbe eƒe tsetse aɖe heɖu, eye [emegbe wòna srɔ̃a, esime wòva egbɔ, eye wòte eɖuɖu, NW].”—Mose I, 3:1-6.

Esi Adam kple Xawa ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nuxlɔ̃amenya si me kɔ ƒã dzi la, woɖee fia be yewomeka ɖe Yehowa dzi o. Woɖe Mawu ƒe futɔ Satana, amesi ƒo nu to da ŋutɔŋutɔ dzi na Xawa la ƒe nɔnɔme fia. Satana meka ɖe alesi Yehowa nɔ dzi ɖum dzi o. Le susu sia kpakple dada kple nugãdidi si le eƒe dzi me ta la, edze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòna amegbetɔwo hã dze aglã. Ena wosusu be Mawu medze woaka ɖe edzi o.

Nukae Do Tso Eme? Wo Domee Meganyo O

Ðewohĩ èkpɔe be xɔlɔ̃ mete ŋu nɔa amesiwo mekana ɖe ame bubuwo dzi o la si o. Publilius Syrus si nye Latin agbalẽŋlɔla le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me ŋlɔ be: “Kakaɖeamedzi koe blaa xɔlɔ̃wo ɖekae.” Aglãdzenu si Adam kple Xawa wɔ la fia be womeka ɖe Mawu dzi o. Eyata susu aɖeke kura meli si ta Mawu aka ɖe wo dzi o. Le amegbetɔ gbãtɔawo ƒe ŋumaɖomaɖo ɖe Mawu ŋu, alo makamaka ɖe edzi ta la, womegava nye exɔlɔ̃wo o. Naneke meli si fia be esi Yehowa bu fɔ wo ɖe woƒe aglãdzedzea ta megbe la, egaƒo nu kple wo o.

Adam kple Xawa hã dome megava nyo o. Yehowa na Xawa nya be: “Àlé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.” (Mose I, 3:16, míawoe te gbe ɖe edzi.) The Jerusalem Bible gblɔ be: “Aɖu aƒetɔ ɖe dziwò.” Le esi teƒe be Adam nawɔ tanyenye ŋudɔ lɔlɔ̃tɔe ɖe srɔ̃a dzi abe alesi Mawu dii ene la, fifia eva zu eƒe aƒetɔ, heɖua aƒetɔ ɖe edzi.

Esi wowɔ nuvɔ̃ megbe la, Adam te kpɔ be yeatsɔ fɔbubua ada ɖe srɔ̃a dzi. Eƒe susu gblɔ nɛ be nusi nyɔnua wɔ tae wonyã yewo le abɔ debliboa me ɖo ɖe anyigba si womedzra ɖo vɔ o dzi, eye yewoanye kluviwo tegbee le nɔnɔme madeblibowo me hafi ava trɔ azu anyi. (Mose I, 3:17-19) Míate ŋu abui wòasɔ be nusia na dzre nɔ wo ame evea dome. Ðewohĩ Adam bi dzi gbɔ eme, hegblɔ be yemagaɖo to Xawa gbeɖe o. Ðewohĩ esusu be yetɔ dzɔ esime wògblɔ nya sia ƒomevi nɛ be, ‘Tso egbe dzi la, nyee nye amegã!’ Ðewohĩ Xawa hã kpɔe be Adam do kpo eƒe wɔƒe si nye ƒome ƒe ta ŋudɔwɔwɔ, eye ena megaka ɖe edzi o. Aleke ke nya la le o, esi amegbetɔwo ɖee fia be yewomeka ɖe Mawu dzi o ko la, womeganye exɔlɔ̃wo o eye woawo ŋutɔ hã dome megava nyo o.

Ameka Ŋue Míate Ŋu Aɖo Ŋu Ðo?

Abe alesi Adam kple Xawa ƒe kpɔɖeŋua fiae ene la, menye amesiamee dze míaka ɖe edzi o. Aleke míawɔ anya amesi dze be míaka ɖe edzi kple amesi medze o?

Psalmo 146:3 ɖo aɖaŋu na mí be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Eye míexlẽ le Yeremya 17:5-7 be: “Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!” Gake “woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, [amesi] ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa!”

Nyateƒe wònye be menye ɣesiaɣie wògblẽ ne woɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu o. Ðeko mawunyakpukpui mawo le fiafiam be menye dadaƒu kura be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu o, gake ɣeaɖewoɣi ne woɖo ŋu ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu la, ana woaɖo afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo ɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu be woawɔ nusi Mawu ko ate ŋu awɔ—be woana woakpɔ xɔxɔ eye woana ŋutifafa kple dedienɔnɔ blibo nava—la, atsi asi.—Psalmo 46:10; Tesalonikatɔwo I, 5:3.

Le nyateƒe me la, ne amegbetɔwo kple amegbetɔ habɔbɔwo wɔa nu ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo nu eye mawumegɔmeɖosewo dzena le wo ŋu ko hafi woadze woaɖo ŋu ɖe wo ŋu. Eyata hafi amewo naka ɖe mía dzi la, ele be míato nyateƒe, aɖi anukware eye míanye dziɖoɖeŋutɔwo. (Lododowo 12:19; Efesotɔwo 4:25; Hebritɔwo 13:18) Ne míenɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ko hafi wòasɔ be amewo naɖo ŋu ɖe mía ŋu eye wòanye nusi ana kadodo sesẽ nanɔ mía dome eye míade dzi ƒo na mía nɔewo.

Nana be Kakaɖeamedzi Naganɔ Anyi

Kpeɖodzi sesẽ le Yehowa Ðasefowo si si ta woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu hele dzi dem ƒo na ame bubuwo be woawo hã naɖo ŋu ɖe eŋu. Yehowa nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla, amesi ŋu woate ŋu aɖo dzi ɖo ɣesiaɣi be awɔ nusi wògblɔ dzi, elabena “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.” Ŋuɖoɖo ɖe Mawu lɔlɔ̃tɔ ŋu mana woatsi asi gbeɖe o.—Hebritɔwo 6:18; Psalmo 94:14; Yesaya 46:9-11; Yohanes I, 4:8.

Ameʋãŋusẽ sesẽ aɖe ʋãa amesiwo wɔ ɖeka le ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu hele agbe nɔm ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu be woaka ɖe wo nɔewo dzi. Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na amee nye si be woakpɔ dziɖoɖeŋutɔwo le xexe si kakaɖeamedzi megabɔ o me! Bu alesi xexeame anɔ ne wòadzɔ be míaka ɖe nusianu si ame aɖe agblɔ alo awɔ dzi ŋu kpɔ! Nusia ava eme le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do me. Magadzɔ gbeɖe be kakaɖeamedzi nazu kuxi o!

Àdi be yeanɔ agbe ɣemaɣia? Ne èdii la, ke Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva srɔ̃ nu geɖe tso nusi Mawu di hena agbekpɔkpɔ ŋu bene nàgaka ɖe eya kple eƒe ŋugbedodowo dzi vevie wu. Biblia sɔsrɔ̃ ana kpeɖodzi nasu asiwò be Mawu li, be etsɔ ɖe le ameƒomea ƒe nyonyo me, eye be madidi o aɖe afɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖɔ xexeame ƒe kuxiwo ɖo. Ame geɖe srɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Mawu kple eƒe Nya, Biblia la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woawɔ dutoƒodɔ si nye Biblia sɔsrɔ̃ si wowɔna femaxee afia wò. Alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo hena numeɖeɖe bubuwo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Makamaka ɖe Mawu dzi naa amewo dome gblẽna

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ne amegbetɔwo wɔa nu ɖe mawumegɔmeɖosewo nu ko hafi woadze be woaɖo ŋu ɖe wo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe