INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/11 axa 4-5
  • Ðe Míagate Ŋu Aka Ðe Ame Aɖe Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Míagate Ŋu Aka Ðe Ame Aɖe Dzia?
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmeɖose Nyuitɔwo
  • Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Esɔ Be Woafi Dɔ Akpɔ Ðe Dzesi Nyuiwo Xɔxɔ Ta?
    Nyɔ!—2012
  • Nu Ka Tae Dzinyelawo Mekana Ðe Dzinye o?
    Nyɔ!—2008
  • Àte Ŋu Aka Ðe Nɔviwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 1/11 axa 4-5

Ðe Míagate Ŋu Aka Ðe Ame Aɖe Dzia?

Wokafui be ewɔ akpa vevi aɖe le atike siwo tsia vevesese nu la toto vae me. Ke hã, ƒe ewo kple edzivɔ tso ƒe 1996 dzi la, ɖɔkta xɔŋkɔ sia kpa nya siwo wota ɖe atikewɔlawo ƒe nusrɔ̃gbalẽ siwo ŋu amewo dea bubui la me hegblɔ be wonye nu siwo ŋu yeke ɖo le yeƒe numekukuwɔwɔ me.

ÐƆKTA aɖe si ŋkɔe nye Steven L. Shafer gblɔ le agbalẽ aɖe (Anesthesiology News) me be: “Esesẽ nam be mase nu si tae ame aɖe awɔ nu sia ɖo la gɔme.”

Nu kae ana be dɔwɔla bibi si ŋu bubu le alea la nable ehavi amegbetɔ? Bu nu ene siwo gbɔ wòate ŋu atso la ŋu kpɔ.

● Ŋukeklẽ. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye New York Times ka nya ta be Ðɔkta Jerome Kassirer, si nye agbalẽ si ŋkɔe nye The New England Journal of Medicine me tola ɖe nu me ale: “Ne numekulawo se le wo ɖokui me be agba le yewo dzi be yewoadze dɔwɔƒe [siwo wɔa atikewo] ŋu, le esi wònye be woawo gbɔe wokpɔa woƒe ga akpa gãtɔ tsonɛ ta la, edzɔna bɔbɔe be woagblɔ nya siwo ade dɔwɔƒea dzi.”

● Ele be wòadze edzi godoo. Woxɔe se be sukuvi siwo srɔ̃a dzɔdzɔmeŋutinunya le Germany la naa ga si ƒe home de euro akpe gbogbo aɖewo woƒe nufialawo bene “yewoadze” na dzesideŋkɔ si nye Doktor, si dukɔ ma me tɔ geɖe buna be enye dzidzedzekpɔkpɔ ƒe dzesi. Numekuku aɖe si ŋu woka nya ta le le New York Times me la ɖee fia be sukuvi geɖe siwo meɖia anukware le sukudɔwo me o la gblɔ be “yewoɖoe be yewoalé gɔmeɖose nyuiwo me ɖe asi pɛpɛpɛ” ne nu dze edzi na yewo le agbe me vɔ.

● Kpɔɖeŋu nyui ɖolawo ƒe anyimanɔmanɔ. Nufialagã aɖe gblɔ ku ɖe sekɛndrisuku viwo ŋu le New York Times me be: “Ne míekpɔ nyuie o la, míagblɔ be ɖe womeganya woƒe ɖusi tso mia gbɔ le agbe nyui nɔnɔ ƒe nyawo gome o . . . Gake ɖewohĩ asɔ wu be míagblɔ be woƒe nufialawo, kpɔɖeŋuɖolawo, kple ame bubuwoe mekpe ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ahayi wotu ge ɖo o.”

● Nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo o. Le numekuku aɖe me la, sukuvi 30,000 siwo wobia gbee la dome ame 98 le alafa me gblɔ be yewoka ɖe edzi be anukwareɖiɖi le vevie le nuwɔwɔ kple amewo me. Gake sukuvi 8 le 10 me lɔ̃ ɖe edzi be yewoble yewo dzilawo, eye wo dome ame 64 le alafa me fi dɔ kpɔ le dodokpɔ me le ƒe si va yi me.

Gɔmeɖose Nyuitɔwo

Abe ale si wòdze le aɖaka si le axa sia ene la, edze abe wowɔ amegbetɔwo be woanye ame siwo kana ɖe ame dzi ene. Gake Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be “ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (1 Mose 8:21) Aleke nàwɔ aɖu nɔnɔme ma dzi ahaƒo asa na anukwaremaɖimaɖi si xɔ aƒe ɖe xexea me egbea la? Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò:

● “Mègabu vɔ̃ ɖe hawòvi ŋu, esime wòɖe dzi ɖi le gbɔwò o.”—Lododowo 3:29.

Lɔlɔ̃ na mía havi aʋã mí be míadi nyui nɛ, ke menye be míawɔ nu ɖe eŋu le anukwaremaɖimaɖi me o. Gɔmeɖose sia dzi wɔwɔ ate ŋu ana ŋukeklẽ, si nana amegbetɔwo tafaa wo nɔewo le mɔ vovovowo nu, abe atike manyomanyo ƒe asitsatsa, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gɔmedzedze ene la, nu nayi keŋkeŋ.

● “Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.”—Lododowo 12:19.

Ame geɖe susui egbea be nuwo made ame siwo ɖia anukware la dzi o. Gake bia ɖokuiwò be, ‘Kae nyo wu—be nàkpɔ viɖe ɣeyiɣi kpui aɖe loo, alo be nàkpɔ viɖe siwo nɔa anyi ɖaa, eye nàde bubu hã ɖokuiwò ŋu?’ Sukuvi ate ŋu aflu amewo le nu si wònya alo le eƒe ŋutetewo gome to anukwaremaɖimaɖi le dodokpɔ me dzi, gake ɖe wòate ŋu awɔ dɔ nyuiea?

● “Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.”—Lododowo 20:7.

Ne dzilae nènye la, ɖo kpɔɖeŋu nyui na viwòwo to ale si ‘nàzɔ le fɔmaɖimaɖi me’ dzi. Gblɔ viɖe siwo nèkpɔ tso nuteƒewɔwɔ me la na wo. Ne ɖeviwo kpɔe be yewo dzilawo le zɔzɔm le fɔmaɖimaɖi me la, anɔ bɔbɔe na wo wu be woawo hã woanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo.—Lododowo 22:6.

Ðe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ŋu nya míegblɔ la wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ? Ðe amewo li egbea siwo dzi míate ŋu aka ɖoa?—g10-E 10.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Figaro, gblɔ be Fransetɔ geɖe “susui be yewoƒe ŋgɔnɔlawo—le dunyahehe, asitsatsa, hadome, kple dekɔnu ƒe nyawo me—mewɔa nu nyui o, eya ta yewo hã yewomekpɔ nu si tae yewoanye nu nyui wɔlawo o.”

[Aɖaka si le axa 5]

ÐE WOWƆ MÍ BE MÍAKA ÐE MÍA NƆEWO DZIA?

Numekuku siwo Michael Kosfeld, si nye asitsatsa ŋuti nufialagã le Frankfurt University le Germany, wɔ la na wòƒo nya ta be, kaka ɖe ame nɔewo dzi nye “nu si wowɔ de amegbetɔ me.” Kosfeld ƒe numekukua fia be ne ame eve le dze ɖom la, susua dzia lãmetsi si woyɔna be oxytocin, eye lãmetsi sia ye nana wokana ɖe wo nɔewo dzi. Kosfeld gblɔ be: “Le nyateƒe me la, esiae nye nu si na amegbetɔwo to vovo na nu gbagbe bubuwo la dometɔ ɖeka.” Egagblɔ kpee be: “Ne kaka ɖe ame nɔewo dzi meli o la, ekema nu vevi aɖe bu le mía ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe