INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/12 axa 16-18
  • Esɔ Be Woafi Dɔ Akpɔ Ðe Dzesi Nyuiwo Xɔxɔ Ta?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Esɔ Be Woafi Dɔ Akpɔ Ðe Dzesi Nyuiwo Xɔxɔ Ta?
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòbɔ Alea?
  • Nu Ka Tae Mele Be Nàfi Dɔ Akpɔ O?
  • Anukwareɖiɖi Nye Nu Vevitɔ Si Nana Wokpɔa Dzidzedze
  • Nukae Gblẽ le Dodokpɔ Fifikpɔ Ŋu?
    Nyɔ!—2003
  • Anukwaremaɖimaɖie Wònye Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Míagate Ŋu Aka Ðe Ame Aɖe Dzia?
    Nyɔ!—2011
  • Nu Ka Tae Wòle Be Manye Anukwareɖila?
    Sɔhɛwo Biana Be
Nyɔ!—2012
g 10/12 axa 16-18

Esɔ Be Woafi Dɔ Akpɔ Ðe Dzesi Nyuiwo Xɔxɔ Ta?

SUKUVIE nènyea? Ekema anɔ eme be èdze si mia tɔ sukuvi aɖewo siwo fina dɔ kpɔna bene yewoaxɔ dzesi nyuiwo le dodokpɔwo me. Le nyateƒe me la, kuxi sia bɔ ŋutɔ. Le ƒe 2008 me, esime habɔbɔ aɖe (Josephson Institute) bia gbe sukuvi siwo ade 30,000 kloe le United States la, wo dometɔ 64 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be yewofi dɔ kpɔ le sukudodokpɔ me le ƒe ma me. Ke hã, ame bubuwo bu akɔnta be ame siwo fi dɔ kpɔ la ƒe xexlẽme sɔ gbɔ sãsãsã wu—wogblɔ be woawu 75 le alafa me.

Le Europa hã la, kuxi sia le fu ɖem ŋutɔ, vevietɔ ame bubuwo ƒe nuŋlɔɖiwo dzi kpɔkpɔ agbugbɔ aŋlɔ. Wogblɔ le Internet dzi nyadzɔdzɔ aɖe (Digithum) me be: “Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo dzraa dɔ si sukuvi bubuwo wɔ xoxo kple numekuku siwo agbalẽnyalawo wɔ ɖe sukuviwo nu si woɖatsɔna fiana be enye yewo ŋutɔ tɔ la va zu kuxi yeye si le fu ɖem ŋutɔ fifia.”

Nu ka tae fififi le sukudodokpɔ me nye kuxi gã? Ðe nuwɔna sia ɖea vi na ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme la ŋutɔŋutɔa? Ne anukwareɖiɖi ana ame naxɔ dzeside si ɖiɖi wu gɔ̃ hã la, ɖe wògakpɔtɔ nye afɔɖeɖe nyuitɔa?

Nu Ka Tae Wòbɔ Alea?

Agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi. Agbalẽ aɖe (American School Board Journal) gblɔ be: “Nufiala geɖe gblɔna be nu si gbɔ wòtso be fififi le dodokpɔ me va bɔ ɖoe nye be ame geɖe dia wo ɖokui tɔ, si wɔnɛ be womeganɔa agbe nyui o.” Sukuvi aɖe gblɔ tso wo kple eƒe sukuxɔmehatiwo ŋu be: “Mí katã . . . míefi dɔa kpɔ, elabena ehiã be míaxɔ dzeside nyuiwo hafi woaxɔ mí ɖe suku nyuiwo me. Sukuvi ɖɔʋuwoe míenye; menye be ɖe míenye nu tovo wɔlawo o . . . Nya la koe nye be ehiã be míakpɔ yunivɛsiti nyuiwo ade.” Nukpɔsusu sia kpɔ ŋusẽ ɖe dzila aɖewo gɔ̃ hã dzi. Esi wotsi dzi vevie ɖe wo viwo ƒe “dzidzedzekpɔkpɔ” ŋu ta la, wodaa asi ɖe nuwɔna sia dzi loo alo woŋea aɖaba ƒua edzi, si wɔnɛ be wo viwo ƒe agbe nyui nɔnɔ gayia to ɖe edzi.

Hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ. Aƒetɔ Donald McCabe, si ɖo habɔbɔ aɖe (International Center for Academic Integrity) la gblɔ be, sukuvi siwo fia dɔ kpɔna la xɔe se be anukwareɖiɖi made yewo dzi o, elabena sukuvi bubuwo ya fia dɔ kpɔna, gake womeléa wo o.

Akpa si mɔɖaŋunuwo wɔna. Mɔɖaŋunutovɛwo wɔe be sukuviwo tea ŋu toa mɔ deŋgɔwo dzi fia dɔ kpɔna le dodokpɔwo me bɔbɔe. Ewɔe be wotea ŋu kpɔa dodokpɔwo kple sukudɔdeasiwo ƒe ŋuɖoɖowo le Internet dzi hemana na ame bubuwo. Zi geɖe la, ame ʋɛ aɖewo ko dzie asi suna ɖe nuwɔna sia ta, si wɔnɛ be dzi ɖoa ame bubuwo hã ƒo ɖe ewɔwɔ ŋu.

Ame tsitsiwo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ. Menye sukuviwo dome koe nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖo o—exɔ aƒe ɖe adzɔha gãwo, dunyahehe kple kamedefefewo me. Le aƒewo gɔ̃ hã me la, dzilawo wɔa nu fitifiti le adzɔxenyawo kple nugblẽfexeɖoɖowo me zi geɖe. David Callahan gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (The Cheating Culture) me be: “Ne ɖoƒe kɔkɔ nɔlawo kple ame siwo wòle be woaɖo kpɔɖeŋu nyui la wɔa nu fitifiti la, ke ɖeviwo hã asusui be naneke megblẽ le nu fitifiti wɔwɔ ŋu o.” Gake nenemae nyaa lea? Ðe wòsɔ be woaxa ɖe dzesi nyuiwo xɔxɔ ta awɔ nu fitifiti le dodokpɔ mea?

Nu Ka Tae Mele Be Nàfi Dɔ Akpɔ O?

Bia ɖokuiwò be, ‘Taɖodzinu kae le hehe nyui xɔxɔ le suku ŋu?’ Ðe menye sukuviwo dzadzraɖo ɖe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ, abe ale si woade ŋugble le kuxiwo ŋu le dɔwɔƒe ahakpɔ wo gbɔ ene tae oa? Sukuvi siwo tsɔ nu fitifiti wɔwɔ ɖo dɔe la doa kpo ŋutete vevi sia tutu ɖo. Eya ta sukuvi siwo lɔ̃a nu fitifiti wɔwɔ la medea dzesi nu siwo me wogbɔdzɔ le o, eye esia ate ŋu ana wòasesẽ be woakpɔ dzidzedze le agbemenya bubu geɖewo me.

Gakpe ɖe eŋu la, Callahan gblɔ be: “Ame siwo wɔa nu fitifiti tso ɖevime, le kpɔɖeŋu me, to fififi le dodokpɔ me la va ɖea nɔnɔme sia ke fiana le dɔwɔƒe.” Le mɔ aɖe nu la, ame siawo le abe awu alo gaƒoɖokui si dze abe nu adodoea ene, evɔ wònye nu manyomanyoe wònye hafi la ene.

Azɔ hã, ate ŋu adzɔ be woalé nu fitifiti wɔlawo ahahe to na wo. Ne mede ɖeke o la, esia hea ŋukpe kple vlodoame vanɛ. Ate ŋu ana woanyã ame le suku alo be woahe to si sesẽ wu la gɔ̃ hã nɛ. Biblia gblɔe kɔtɛ be: “Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Ke hã, menye vɔvɔ̃ be woava lé ame ye nye susu vevitɔ si tae wòle be woaɖi anukware o. Susu siwo le vevie wu la li siwo tae wòle be ame naɖi anukware.

Anukwareɖiɖi Nye Nu Vevitɔ Si Nana Wokpɔa Dzidzedze

Sɔhɛ nyanuwo tua nɔnɔme siwo aɖe vi na wo le dodokpɔwo ŋɔŋlɔ kple agbemenya bubuwo siaa me la ɖo. Eya ta wokua kutri le sukunusɔsrɔ̃ me, eye wodzea agbagba tua nɔnɔme nyui siwo ana bubu nanɔ wo ŋu, eye wòana woƒe dɔtɔwo nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu le etsɔme la ɖo, si wɔnɛ be wokpɔa dzidzɔ le agbe me wu.

Biblia ƒo nu tso nɔnɔme nyui mawo ŋu, eye eme nyona na sɔhɛ siwo nɔa agbe ɖe wo nu. Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, 2 Timoteo 3:16, 17 gblɔ be wova ‘dzena bliboe henɔa dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ Sukuvi aɖe si ŋkɔe nye Jorge gblɔ be: “Nye sukuxɔmehatiwo fia dɔ kpɔna le esi wodi be yewoaxɔ dzeside nyuiwo agbagba aɖeke madzemadzee ta. Gake medi be nye nu nadze Mawu ŋu. Biblia gblɔ le Lododowo 14:2 be ‘ame si vɔ̃a Yehowa la, toa mɔ dzɔdzɔe dzi; ke ame si toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, doa vloe.’ Menya be nyemate ŋu aɣla naneke ɖe Mawu o. Eya ta nyemefia dɔ kpɔna o, eye nyemedoa alɔ ame siwo wɔnɛ la hã o.”

Togbɔ be ɖewohĩ sukuvi siwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu manye ame siwo ƒe tagbɔ ɖa wu le wo tɔwo dome o hã la, woawo sie nunya le wu, elabena wole gɔmeɖoanyi sesẽ si ana woakpɔ dzidzedze le agbe me la ɖom na wo ɖokui. (Psalmo 1:1-3; Mateo 7:24, 25) Gawu la, woate ŋu aka ɖe edzi be Wɔla la akpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ahakpe ɖe yewo ŋu.—g12-E 08.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

GƆMEÐOSE SIWO ŊU NÀDE ŊUGBLE LE

● “Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.”​—Lododowo 12:19.

● “Woayra nuteƒewɔla geɖe.”​—Lododowo 28:20.

● “Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.”​—Nyagblɔla 12:14.

● “Míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.”​—Hebritɔwo 13:18.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Mɔɖaŋunutovɛwo wɔe be sukuviwo tea ŋu toa mɔ deŋgɔwo dzi fia dɔ kpɔna le dodokpɔwo me bɔbɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Sukuvi siwo fia dɔ kpɔna la le abe gaƒoɖokui si menye adodoea o si dzena abe ɖe wònye nu nyui ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe