INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 24
  • Alɔ̃dɔdɔ Aleke Gbegbee Wòle Vevie?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alɔ̃dɔdɔ Aleke Gbegbee Wòle Vevie?
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alɔ̃dɔdɔ—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe?
    Nyɔ!—2003
  • Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie
    Nyɔ!—2004
  • Ƒewuivi Siwo Alɔ̃ Mesuna O—Nusi Ŋu Woatsi Dzi Ðo Yea?
    Nyɔ!—2002
  • Alesi Nàwɔ Wò Alɔ̃dɔdɔ Nanyo Ðe Edzi
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 24

Alɔ̃dɔdɔ Aleke Gbegbee Wòle Vevie?

● Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be fifia, North America tɔ akpa gãtɔ dɔa alɔ̃ gaƒoƒo adre alo adre kple afã zã sia zã.a Aleke gbegbee alɔ̃dɔdɔ le vevie? Alɔ̃ si míedɔna le zã bliboa me la ma ɖe akpa vovovo, siwo woyɔna be ŋkuʋaʋã kabakaba ƒe ɣeyiɣiwo la me, eye ɖe sia ɖe xɔna abe miniti 60 yi 90 ene. Le ɣeyiɣi siawo me la, susua nɔa dɔ dzi vevie ŋutɔ, eye numekulawo xɔe se be ɖe wònɔa eɖokui ɖɔm ɖo. Eŋutinunyalawo gblɔ be ne nane gblẽ alɔ̃ me na ame aɖe, eye alɔ̃ kɔ le ŋku dzi nɛ la, alɔ̃ tsia amea ŋu. Esia kpɔa ŋusẽ ɖe susua ƒe dɔwɔwɔ dzi heɖea eƒe ŋutetewo dzi kpɔtɔna, eye ŋutilãa ŋutɔ hã kpea fu le mɔ vovovowo nu.

Nuwo abe caffeine ene ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe susua dzi, si awɔe be alɔ̃ matsɔ mí kaba o. Gake mɔnu aɖe li si ŋu dɔ susua wɔna be míadɔ alɔ̃ nenye be alɔ̃ mesu mí o, eyae nye akɔlɔ̃edɔdɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Toronto Star) gblɔ be, “nu ka ke wɔm nèɖale o, ne alɔ̃ mete eme na susua o la, sẽ kple sẽ la àyi ɖe alɔ̃dɔdɔ ƒe akpa gbãtɔa me, eye esia ate ŋu axɔ abe tso aɖabaƒoƒo ewo yi miniti ɖeka ene.” Tsɔe be èle ʋu kum, ʋua le du ƒum kilometa 50 le gaƒoƒo ɖeka me, eye nèdɔ akɔlɔ̃e aɖabaƒoƒo ewo. Le ɣeyiɣi sia me la, afi si ʋua azɔ aɖo la adidi wu bɔlƒoƒe ƒe didime. Eye alɔ̃madɔmadɔ ate ŋu ana hã be dɔlékuiwo nakpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutilã dzi bɔbɔe wu, elabena alɔ̃dɔɣie ʋumenugbagbevi siwo woyɔna be T cells wɔa dɔ, eye wowɔa avu kple dɔlékuiwo. Ne míele alɔ̃ me la, lãmetsi si nye leptin tea dɔwɔwɔ le míaƒe ŋutilã me, eye nu si wòwɔnae nye be eléa dɔwuame nu. Le nyateƒe me la, alɔ̃dɔdɔ le vevie na ŋutilãa abe ale si ko kamedede kple nuɖuɖu nyuie hã le vevie nɛ ene.

Ðe dɔ geɖe wɔwɔ wɔe be alɔ̃ mele suwòm oa? Ke agbe me dzimaɖitsitsiwo kple dzitsitsi ɖe nu siwo nèdzra ɖo ɖe etsɔme ŋu ya ɖe? Nunyala Fia Salomo gblɔ kpɔ be: “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.”—Nyagblɔla 5:11.—g11-E 01.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ yevugbe me Nyɔ!, February 8, 2004 tɔ ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Sleep Debt—Are You a Victim?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe