INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 3-4
  • Nu Kae Hea Amewo Dea Gbɔgbɔyɔyɔ Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Hea Amewo Dea Gbɔgbɔyɔyɔ Me?
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Ka Tututue Le Megbe Na Gbɔgbɔyɔyɔ?
    Nyɔ!—2011
  • Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo me Kuku—Afɔku Kae Le Eme?
    Nyɔ!—2002
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2011
  • Ðe Kadodo Kple Vivimeŋusẽwo Nye Dzidzɔdonamenu Dzro Koa?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 3-4

Nu Kae Hea Amewo Dea Gbɔgbɔyɔyɔ Me?

AFI si ame aɖe le, subɔsubɔdzixɔse siwo le esi, kple afi si wòtso koŋue nye nu siwo akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòaɖo nyabiase sia ŋui dzi. Nu kawoe hea amewo dea gbɔgbɔyɔyɔ me le miaƒe nutoa me? Ðewohĩ anye nu siawo dometɔ aɖee.

● Didi be yewoanya nu tso eŋu Nukunuwo dzɔna to gbɔgbɔyɔyɔ dzi, eye le dzɔdzɔme nu la, nukunuwo nyɔa amewo ƒe ɖetsɔleme. Eya ta ame aɖewo biana be ɖe vivimeŋusẽ aɖe le megbe na gbɔgbɔyɔyɔ hã. Ame aɖewo adi be yewoate afakaʋuƒo si woyɔna be Ouija board zazã akpɔ, alo axlẽ ɣletivimefakagbalẽwo be yewoakpɔ be nu siwo woɖe fia la ava eme hã. Eye ame aɖewo hã biaa nu ta sena le ŋɔliyɔlawo gbɔ, alo yia akunyawɔlawo gbɔ.

● Modzakaɖeɖe Modzakaɖenuwo, abe agbalẽwo, videowo, kple kɔmpiutadzifefe siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ kple blema trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo ŋu la va le bɔbɔm ŋutɔ egbea. Ŋutasesẽ kple gbɔdɔnuwɔnawo hã dzena gaglãa le modzakaɖeɖe siawo dometɔ aɖewo me.

● Dzimaɖitsitsi ɖe etsɔme ŋu Biblia gblɔ ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.” (2 Timoteo 3:1) Míele ɣeyiɣi sesẽwo me vavã, eye ame geɖe le gbɔgbɔyɔlawo, abe ɣletivimefakalawo, ŋɔliyɔlawo, asiƒomefakalawo, kple akunyawɔlawo ene, gbɔ yim be woana mɔfiame yewo. Akunyawɔla aɖe gblɔ be: “Dɔ siwo megblẽna ne ganyawo le sesẽm o la dometɔ ɖekae nye esia. Zi geɖe ne nuwo le edzi dzem na amewo la, womava gbɔwò o.” Ŋɔliyɔla aɖe si le Canada gblɔ be: “Fifia asitsala gãwo tsɔa woƒe dɔmetelefon alo asitelefonwo yɔam tso xɔ me henɔa dali dom.” Egblɔ kpee be: “Tsã la, ame siawo kea ɖi, eye womedina kura be yewoayi akunyawɔlawo gbɔ hafi o.”

● Dɔléame Le dukɔ aɖewo me la, ame siwo dze dɔ vevie la megayia ɖɔktawo gbɔ o, ke boŋ wotrɔna ɖe amatsiwɔla siwo zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnuwo. Ɣeaɖewoɣi la, wogblɔna be ɖe wosa gbe de amea alo be fiƒodee. Be woaɖee le dzotɔwo si me la, ame si dze dɔ la xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo yia nuwɔlawo, alo gbɔgbɔyɔlawo gbɔ, eye ɣeaɖewoɣi la, ame siawo xɔa ga gãwo le wo si.

● Ametakpɔkpɔ kple dzɔgbenyui didi Le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, kɔƒemenɔlawo xea fe na gbɔgbɔhawo ƒe osɔfowo be woava nyã gbɔgbɔ vɔ̃wo le nutoa me. Amatsiwo kple “tsi kɔkɔe” nono nyea kɔnua ƒe akpa aɖe. Le teƒe bubuwo la, amewo yia gbɔgbɔyɔlawo gbɔ ɖabiaa dzɔgbenyui ɖe aƒe yeye si wotu dzi alo ɖe yɔdo dzi.

● Vidzĩwo ta kpɔkpɔ Le dukɔ si nye Papua New Guinea me la, vidada aɖe ate ŋu aɖoe be yemakɔ yeƒe vidzĩ ado goe zã me o. Nu ka tae? Ele vɔvɔ̃m be ɖewohĩ gbɔgbɔ vɔ̃wo awɔ nuvevi ɖevia. Le Uganda la, zi geɖe vidadawo saa ka, siwo ŋu dzonu kple nu bubuwo nɔna ɣeaɖewoɣi la, ɖe wo vi fẽwo ƒe alɔwo kple afɔwo kple susu be wòakpɔ wo ta.

● Ame vevi aɖe ƒe ku Britain agbalẽŋlɔla Aƒetɔ Arthur Conan Doyle viŋutsu, nɔviaŋutsu, srɔ̃a nɔviŋutsu, kple nyruiayɔvi ku le Xexemeʋa I me. Nuteɖeamedzi kple dziɖeleameƒo wɔe be Doyle kple srɔ̃a nɔa ŋɔliyɔlawo gbɔ yim henɔ mɔ kpɔm be yewoaƒo nu kple yewo vi si ku la. Egbea hã, ame geɖe yia gbɔgbɔyɔlawo gbɔ bene yewoaƒo nu kple yewoƒe ame vevi si ku. Le dukɔ aɖewo me la, trɔ̃subɔsubɔhawo kple xɔsehawo ƒe nufiafiae nye be, nu gbegblẽ wɔwɔ alo gbɔgbɔ vɔ̃woe nana ame kuna. Ne sẽ kple sẽ ko ame aɖe ku la, wozinɛ ɖe ƒometɔwo dzi be woawɔ kɔnu vovovowo, siwo gblẽa ga na ame la, bene enu natso.

● Vɔvɔ̃ na kukuawo Dzixɔse siwo ku ɖe ku kple ame kukuwo ŋu la kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi ŋutɔ. Eya ta le dukɔ geɖe me la, amewo wɔa kɔnu vovovowo, abe abidede wo ɖokui ŋu ene, be yewoafa dzi na kukuawo alo “aɖo kpe edzi” be yewolɔ̃ wo. Pasifik ƒukpowo dzi tɔ aɖewo ƒonɛ ɖe ahosiwo alo ahowo nu be woado awu yibɔ ahafa na amea ɣleti geɖe, eye wotua ame siawo ɖe aƒe aɖe me hetsria nu siwo ame kukua lɔ̃a ɖuɖu la na wo. Ame siwo wowɔa kɔnu sia na la tea ŋu léa blanui vevie alo dzea dɔ le dɔwuame ta, alo kuna gɔ̃ hã.

Edze ƒãa be nu geɖewoe hea amewo dea gbɔgbɔyɔyɔ me. Eya ta ele vevie ŋutɔ be míanya afi si tututu gbɔgbɔyɔyɔ ŋuti dzixɔsewo tso! Le esia ta, na míadzro Biblia me akpɔ, elabena eya koe nye agbalẽ si agblɔ nyateƒe bliboa na mí.—g11-E 02.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe