INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 4-6
  • Ame Ka Tututue Le Megbe Na Gbɔgbɔyɔyɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Ka Tututue Le Megbe Na Gbɔgbɔyɔyɔ?
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawoe Nye Gbɔgbɔ Vɔ̃awo?
  • Kpɔ Ðokuiwò Ta!
  • Gɔmeɖose Siwo Kpɔa Ame Ta
  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Ame Kawoe Wonye?
    Nyɔ!—2010
  • Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu Nyawo me Kuku—Afɔku Kae Le Eme?
    Nyɔ!—2002
  • Nu Kae Gblẽ Le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 4-6

Ame Ka Tututue Le Megbe Na Gbɔgbɔyɔyɔ?

BIBLIA gblɔ tso mía Wɔla la ŋu be: “Mawu nye kekeli, eye viviti aɖeke kura mele egbɔ o.” (1 Yohanes 1:5) Nya sia nye nyateƒe, vevietɔ le gbɔgbɔ me nugɔmesese nu. Ekema ɖe Mawu vavã la ate ŋu anɔ megbe na gbɔgbɔyɔyɔa? Alo vivimeŋusẽ aɖee le megbe nɛa?

Gbɔgbɔyɔyɔ si ƒomevi bɔ wue nye ŋɔliyɔyɔ kple afakaka, si lɔ ɣletivimefakaka, xexlẽdzesifakaka, asiƒomefakaka, kple dzosasa, nuƒoƒo kple ame si wosusu be enye ame si ku la, kpakple gbesasa ɖe eme. Tso keke blema kee nu siawo dze egɔme, eye akpa gãtɔ dzɔ tso blema Babilon, si ƒe glikpowo le Iraq egbea. (Yesaya 47:1, 12, 13) Gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo keke ta tso Babilon hexɔ aƒe ɖe blema xexea me, eye woƒo ke ɖe to sesĩe ɖe dekɔnuwo kple dukɔ geɖe me.

Bu nane si dzɔ le blema Makedonia ƒe dugã Filipi me ŋu kpɔ. Le du ma me la, subɔla Kristotɔ ʋɛ aɖewo, siwo dome apostolo Paulo kple atikewɔla Luka nɔ la, do go nyɔnuvi aɖe si me afakagbɔgbɔ le. De dzesi ale si Biblia ŋlɔla Luka klo nu le afi si eƒe ŋusẽa tsoe dzi. Eŋlɔ bena: “Dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ aɖe, si nye afakaka ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe, nɔ la va kpe mí. Etoa eƒe nukaka la dzi wɔa ga geɖe na eƒe aƒetɔwo.”—Dɔwɔwɔwo 16:16-18.

Ɛ̃, ŋusẽ si zãm nyɔnuvi sia nɔ la metso Yehowa, Mawu vavã la gbɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe gbɔe wòtso. Eya ta Paulo kple ehatiwo meɖo toe o. Ðewohĩ fifia èle ɖokuiwò biam be: ‘Ame kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃awo? Afi kae wotso?’ De dzesi ale si Biblia ɖo nya siawo hã ŋui.

Ame Kawoe Nye Gbɔgbɔ Vɔ̃awo?

Ɣeyiɣi didi aɖe hafi Yehowa nawɔ amegbetɔwo la, ewɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ nyanu gbogbo aɖewo, siwo woyɔ be “Mawu ƒe viwo,” ɖe dziƒo. (Hiob 38:4, 7) Tiatiawɔblɔɖe le wo si abe ale si wòle amegbetɔwo hã si ene, eye tso gbe aɖe gbe ke la, wo katã wonɔ nuteƒe wɔm na Mawu. Gake dzidzɔ ƒe nɔnɔme ma nu va yi zi ɖeka. Aleke wòdzɔe?

Esi Mawu wɔ amegbetɔwo vɔ la, gbɔgbɔmenuwɔwɔawo dometɔ ɖeka va nɔ ŋu biãm nane si medze na o—eyae nye tadedeagu. Mawudɔla vɔ̃ɖi sia to da dzi ble nyɔnu gbãtɔ Xawa, wògbe toɖoɖo Ewɔla. (1 Mose 3:1-6) Biblia yɔ mawudɔla dzeaglã sia be “da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Yesu gblɔ be enye ‘amewula’ si “meli ke ɖe nyateƒe la me o,” eye wògblɔ kpee be: “Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.”—Yohanes 8:44.

Emegbe, gbɔgbɔmenuwɔwɔ, alo ‘mawuvi’ bubuwo va wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me. (1 Mose 6:1, 2) Emegbe woɖɔ wo be wonye “mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃” kple “mawudɔla siwo meyi edzi nɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o,” alo ɖoƒe si wotsɔ na wo le dziƒo o. (2 Petro 2:4; Yuda 6) Wova yɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Yakobo 2:19) Gawu la, woɖoe kplikpaa be yewoatrɔ ame geɖe ale si nu yewoate ŋui ɖa tso tadedeagu vavãtɔ gbɔ, abe ale si wowɔe na Israel vi geɖe le blema ene. (5 Mose 32:16, 17) Egbea hã, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo toa aʋatsodzixɔsewo dzi blea amewo ayetɔe abe ale si wowɔe le blema ene.—2 Korintotɔwo 11:14, 15.

Kpɔ Ðokuiwò Ta!

Togbɔ be ŋusẽ triakɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo si hã la, le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ‘atsi tsitre ɖe wo ŋu’ ahaɖu wo dzi. (1 Petro 5:9) Gake hafi Mawu nakpe ɖe mía ŋu la, ele be míasrɔ̃ eƒe nudidiwo ahanɔ agbe ɖe wo nu. Apostolo Paulo ŋlɔ tso Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋu be: “Míedzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta o, eye míele kukuɖeɖe dzi, bene eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ la nayɔ mi fũu le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese katã me, bene miazɔ ale si dze Yehowa, bene miadze eŋu bliboe.”—Kolosetɔwo 1:9, 10.

Ame siwo si “sidzedze vavãtɔ” su la dometɔ aɖewo nye Efesotɔ siwo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me kpɔ. De dzesi ale si wowɔ nui esi wova dze si nyateƒea. Biblia gblɔ be: “Akunyawɔlawo dometɔ gbogbo aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vae, eye wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume.” Wogblɔ kpee be agbalẽ mawo ƒe home le “klosalo akpe blaatɔ̃,” si nye ho gbogbo aɖe ŋutɔ! (Dɔwɔwɔwo 19:17-19) Woŋlɔ dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu sia ɖi be wòaɖe vi na mí.—2 Timoteo 3:16.

Gɔmeɖose Siwo Kpɔa Ame Ta

Nu bubuwo li míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. De ŋugble le Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna ŋu.

“Migaxɔ nya sia nya si tso gbɔgbɔ me la dzi se o, ke boŋ mido nya siwo tso gbɔgbɔ me la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã.” (1 Yohanes 4:1) Nya siwo ɣletivimefakalawo, akunyawɔlawo, gbɔgbɔyɔlawo, kple bokɔnɔwo agblɔ la ƒe ɖewo ate ŋu anye nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, Filipi nyɔnuvi si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe nɔ la to nyateƒe esi wògblɔ tso Paulo kple eƒe zɔhɛwo ŋu be: “Ame siawo nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe kluviwo, siwo le xɔxɔmɔ la gblɔm fia mi.” (Dɔwɔwɔwo 16:17) Ke hã, Paulo kple eƒe zɔhɛwo mena wòde ha kpli wo o, ke boŋ enyã gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le eme. Be nàdo nya siwo tso gbɔgbɔ me akpɔ la, ele be nàtsɔ wo asɔ kple nu si Biblia gblɔ.—Dɔwɔwɔwo 17:11.

“Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye Mawu kple míawo hã míaƒe futɔwo. Negadzro wò gɔ̃ hã be nàdi be yeanya nu tso woƒe vivimenuwɔnawo ŋu o, ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwo ɖe Mawu te to eƒe se siwo me lɔlɔ̃ le, siwo menye agba o, la dzi wɔwɔ me. (1 Yohanes 5:3) Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na blema Israel dukɔa be: ‘Ame aɖeke meganɔ dowòme, si nye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla o. Ame sia ame, si le nu sia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’ (5 Mose 18:10-12) Mawu ƒe susu le nya sia ŋu metrɔ o.—Galatiatɔwo 5:19, 20.

“Dzoka maɖi [Yehowa subɔla] ŋu o.” (4 Mose 23:23, Agbenya La) Le ame siwo katã di be yewoadze Mawu ŋu gome la, mele be woavɔ̃ na gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Vavãe, gbɔgbɔ vɔ̃wo ‘dzona nyanyanya’ le Mawu ŋkume, elabena wonya ŋusẽ triakɔ si gbegbe le esi, kple ale si wòava zãe mlɔeba atsɔ atsrɔ̃ woe. (Yakobo 2:19) Mawu ‘ado ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo,’ eye mana “ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—2 Kronika 16:9; Psalmo 55:23.

“Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Mawu ƒe Nya la fia mí be ne ame ku ko la, eku! Mele be míavɔ̃ wo o, elabena womagate ŋu awɔ nuvevi ame aɖeke o. (Yesaya 26:14) Ɣeaɖewoɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa wo ɖokui nu si amewo susuna be enye ame kukua ƒe gbɔgbɔ, bene yewoaflu amewo. Ðewohĩ esia tae wòdzena abe ame si nye dɔmenyotɔ hafi la ƒe “gbɔgbɔ” wɔa nu wòtoa vovo kura na ale si amewo nyae hafi wòku ene.

“Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa ƒe kplu nu, aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o.” (1 Korintotɔwo 10:21, 22) Ame siwo katã lɔ̃ Yehowa vavã la aƒo asa na agbalẽ, video, kple kɔmpiutadzifefe siwo me gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo dzena le alo esiwo doa gbɔgbɔyɔlawo ƒe nuwɔnawo kple dzixɔsewo ɖe ŋgɔ.a Psalmo 101:3 gblɔ be: “Nyematsɔ nu tovo aɖo ŋku me o.” Gawu la, modzakaɖeɖe siwo me gbɔgbɔyɔyɔ dzena le la kafua ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ, evɔ ame siwo “lɔ̃a Yehowa” la tsri nu siawo.—Psalmo 97:10.

Tso keke gbe aɖe gbe kee gbɔgbɔ vɔ̃wo le agbagba dzem be yewoaɣla ame si yewonye la ɖe amegbetɔwo. Gake medze edzi na wo keŋkeŋ o. To Biblia dzi la, Yehowa ʋu go ame siwo wonye ŋutɔŋutɔ—wonye aʋatsokala vɔ̃ɖiwo kple amegbetɔwo ƒe futɔ dziŋɔwo. Aleke gbegbe woƒe nuwɔna to vovo na mía Wɔla, Yehowa Mawu tɔe nye esi! Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, elɔ̃ mí, egblɔa nyateƒea na mí ɣesiaɣi, eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ tegbee.—Yohanes 3:16; 17:17.—g11-E 02.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ame sia ame kple nu si eƒe dzitsinya aɖe mɔ nɛ be wòawɔ, eku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe hehe si amea xɔ kple ale si wòtsi le gbɔgbɔ mee ŋu. Nu si le vevie ye nye be dzitsinya nyui nanɔ amea si le Mawu ŋkume, eye eƒe nuwɔna nagazu nukikli na eƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo o. Romatɔwo 14:10, 12 gblɔ be: “Mí katã míava tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe