INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 28-30
  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Si Asɔ Nam?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Si Asɔ Nam?
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU GBÃTƆ: Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga
  • NU EVELIA: Dzitsitsi
  • Wɔ Afɔɖeɖea Gbã
  • Nu Kae Mawɔ Ne Meto Vovo Le Amewo Dome?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?
    Nyɔ!—2009
  • Nu Ka Tae Xɔlɔ̃wo Mele Asinye O?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema? Akpa 2
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 28-30

Sɔhɛwo Biana Be

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Si Asɔ Nam?

“Mexɔ ƒe 21. Ame siwo mía kpli wo míele ƒe me la mesɔ gbɔ ɖe nuto sia me o, eya ta ele be made ha kple sukuviwo alo srɔ̃tɔwo. Sukuviawo tsia dzi ɖe dodokpɔwo ŋu, ke srɔ̃tɔawo ya tsia dzi ɖe aƒedzikpɔkpɔ ŋu, evɔ nu mawo dometɔ aɖeke menye taɖui nam o. Adzɔ dzi nam ŋutɔ be madze xɔlɔ̃ ame siwo le abe nye ene!”—Carmen.a

AME SIA AME, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, dina be amewo nalɔ̃ yeƒe nya. Ðikeke mele eme o be ele alea le wò hã gowòme. Esia tae wòvena ŋutɔ ne amewo metsɔ ɖeke le eme na wò o, abe ɖe meli kura o ene. Michaela, si xɔ ƒe 15, gblɔ be “esia ana nàse le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o.”

Ne Kristotɔe nènye la, “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” me tɔ geɖe li nàte ŋu adze xɔ̃e. (1 Petro 2:17) Ke hã, ate ŋu adzɔ be nàse le ɖokuiwò me be yetsi akogo. Helena, si xɔ ƒe 20, ɖo ŋku gbe aɖe gbe dzi hegblɔ be: “Ne míekpa tso Kristotɔwo ƒe kpekpe yina aƒe me la, menɔa anyi ɖe ʋua megbe nɔa avi fam. Medze agbagba geɖe be madze xɔlɔ̃wo, gake ɖeko medo kpo nu.”

Nu kae nàwɔ ne èse le ɖokuiwò me be yemekpɔ ame si yeadze xɔ̃e o. Be míaɖo nya ma ŋu la, gbã, na míade dzesi (1) ame siwo ƒomevi wòsesẽna na wò be nàdze xɔlɔ̃e (2) ale si nèwɔa nui zi geɖe ne èle wo dome.

Wɔ dzesi sia ✔ ɖe ame siwo ƒomevi mètea ŋu dzea xɔ̃e o la gbɔ.

1. Ƒexɔxɔ

□ hawòtiwo □ sɔhɛ tsitsiwo □ ame tsitsiwo

2. Ŋutete

Ame siwo

□ zã □ si ŋutete tɔxɛ le □ nya agbalẽ

3. Amenyenye

Ame siwo

□ ƒo dzi le □ xɔ ŋkɔ □ le ha aɖe koŋ me

Fifia wɔ dzesi sia ✔ ɖe nya siwo le ete si wɔ ɖeka kple ale si nèwɔa nui ne èle ame siwo nède dzesii le etame la gbɔ.

□ Mewɔa nu abe ɖe mele abe woawo ke ene.

□ Nu siwo me metsɔ ɖe le ko ŋue meƒoa nu tsoe.

□ Mezia ɖoɖui henɔa mɔnukpɔkpɔ dim be mado le wo dome kaba.

Esi nède dzesi ame siwo ƒomevi wòsesẽna na wò be nàde ha kplii kpakple ale si nèwɔa nui vɔ la, nu si susɔ fifia koe nye be míakpɔ ɖa be aleke nàwɔ akpɔ nyaa gbɔe hã. Gake gbã la, nu ʋɛ aɖewo li wòle be nànya ahaƒo asa na esi nèle agbagba dzem be yeadze xɔlɔ̃wo.

NU GBÃTƆ: Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga

Kuxia. Ne ame siwo dome nèle ƒe ŋutetewo kple nu siwo me wotsɔ ɖe le la to vovo na tɔwò la, ele bɔbɔe be nàse le ɖokuiwò me be yeto vovo, vevietɔ ne èkpea ŋu. Anita, si xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Nyemedina kura be madze dzeɖoɖo gɔme kple amewo o. Mevɔ̃na be mava gblɔ nya si mele be magblɔ hafi o.”

Nu si Biblia gblɔ. “Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:1) Nya sia na wòdze ƒãa be ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga agagblẽ nyaa ɖe edzi boŋ. Le nyateƒe me la, ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga dzia kuxi ɖe kuxi dzi na ame ale: Akogotsitsi ana nàse le ɖokuiwò me be yemedze anɔ amewo dome o, esia ana nàɖe ɖokuiwò ɖe aga, si ana nàtsi akogo, esia hã ana nàgase le ɖokuiwò me be yemedze anɔ ame dome o. Alea koe nuwo anɔ yiyimee va se ɖe esime nèwɔ nane tso eŋuti!

“Amewo mate ŋu anya nu si le susu me na wò o. Màkpɔ nu si dim nèle o negbe ɖeko nègblɔe hafi. Ne ègbe nuƒoƒo la, màte ŋu adze xɔlɔ̃wo o. Ele be nàdze agbagba aɖe afɔ aɖe. Masɔ be nànɔ mɔ kpɔm be ame kemɛ boŋ naɖe afɔa o. Ame evee dzea xɔlɔ̃.”—Melinda, exɔ ƒe 19.

NU EVELIA: Dzitsitsi

Kuxia. Ame aɖewo tsi dzi ɖe xɔlɔ̃dzedze ŋu ale gbegbe be wova dea ha gbegblẽ. Wosusu be xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe ko dzedze nyo wu akogotsitsi. René, si xɔ ƒe 15, gblɔ be: “Esi nyemenye gbevuha aɖe si le míaƒe suku la me tɔ o ta la, meléa blanui ale gbegbe be edzronam be mage dze nya me bene woalɔ̃ nye nya gbɔ.”

Nu si Biblia gblɔ. “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ”—alo abe ale si Contemporary English Version gblɔe ene la, “ne ède ha kple bometsilawo la, àwɔ nuvevi ɖokuiwò.” (Lododowo 13:20) Mègasusu be “bometsilawo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui ma me la, fia ame siwo menya agbalẽ o. Woate ŋu anye sukuvi siwo ƒe tagbɔ ɖa. Gake ne wometsɔa Biblia me mɔfiamewo wɔa dɔe o la, wonye bometsilawo le Mawu gbɔ. Ne èwɔ nu abe agama ene hele agbagba dzem be yeatrɔ ɖe ale si wowɔa nui nu la, ɖeko nàwɔ nuvevi ɖokuiwò.—1 Korintotɔwo 15:33.

“Menye ame sia amee wòanyo be nàde ha kplii o. Menye ame siwo ana nàse le ɖokuiwò me be ele be wò amenyenye natrɔ lae nèdi be yeade ha kplii o. Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ wò vavã siwo akpe ɖe ŋuwò le hiãɣi lae nèdi.”—Paula, exɔ ƒe 21.

Wɔ Afɔɖeɖea Gbã

Mèganɔ ame bubuwo si nu kpɔm be woatre xɔlɔ̃dzedze wò o. Gene, si xɔ ƒe 21, gblɔ be: “Menye ɣesiaɣie wòle be míanɔ mɔ kpɔm be ame bubuwo nate ɖe mía ŋu o. Ele be míawo hã míate ɖe wo ŋu.” Nu eve aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwòe nye esi:

Womeganye ame siwo mia kpli wo miele ƒe me ko o. Edze ƒãa be ƒe 30 ye nɔ Yonatan kple David, siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dome, ke hã wonye “xɔlɔ̃ veviwo.”b (1 Samuel 18:1, CEV) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Àte ŋu adze xɔ̃ ame tsitsiwo! Bu eŋu kpɔ, Nu ka ta nàna wò susu nanɔ ame ƒomevi aɖewo ko ŋu, evɔ nànɔ konyi fam be xɔlɔ̃ mele ye si o? Ðeko wòanɔ abe ame aɖe si le tɔdomekpo dzi, si be dɔ le ye wum, evɔ tɔmelã geɖe le tsia me hafi! Nyateƒeae nye be ame nyui geɖe li nàte ŋu adze xɔ̃e. Eye mɔ aɖe si dzi nàto ake ɖe wo ŋue nye be nàgana wò susu nanɔ hawòtiwo ko ŋu o.

“Danye de dzi ƒo nam be madze agbagba manɔ dze ɖom kple ame tsitsiwo le hamea me. Egblɔ be awɔ nuku nam be nu geɖe li siwo ŋu mía kpli wo míate ŋu aɖo dze tsoe hafi. Eƒe nyaa le eme, eye fifia xɔlɔ̃ geɖe le asinye!”—Helena, exɔ ƒe 20.

Srɔ̃ ale si nàɖo dzee. Ebia agbagbadzedze be nàɖo dze kple amewo, vevietɔ ne èkpea ŋu, gake àte ŋu awɔe. Nu siwo akpe ɖe ŋuwòe nye (1) toɖoɖo, (2) nyawo biabia, kple (3) ɖetsɔtsɔ le eme na amewo.

“Mèdzea agbagba be manye toɖola, ke menye nukpoloeƒola o. Ne mele dze ɖom la, medzea agbagba be maganɔ nu ƒom tso ɖokuinye ŋu fũu akpa alo anɔ ame bubuwo ŋu gblẽm o.”—Serena, exɔ ƒe 18.

“Ne ame aɖe le nu ƒom tso nya aɖe si ŋu nyemenya nu boo aɖeke tso o la, megblɔna be wòaɖe nya si gblɔm wòle la me nam. Mewɔa esia kple susu be dzeɖoɖoa nayi edzi.”—Jared, exɔ ƒe 21.

Ðewohĩ ènye ame si meƒoa nu fũu o, naneke megblẽ le esia ŋu o. Mahiã be nàtrɔ wò nɔnɔme le go sia me o! Gake ne èkpɔ be yemetea ŋu dzea xɔlɔ̃wo o la, ke te mɔfiame siwo le nyati sia me kpɔ. Ðewohĩ àva se le ɖokuiwò me abe Leah ene. Egblɔ be: “Mekpea ŋu, eya ta ɖe medzea agbagba ŋutɔ hafi tea ŋu ɖoa dze. Gake hafi nàte ŋu adze xɔlɔ̃ la, ele be nàdo vivi ɖe amewo ŋu. Le esia ta, mele dze ɖom kple amewo azɔ.”—g11-E 04.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

b Anɔ eme be David nɔ eƒe ƒewuiwo me esi wòdze xɔlɔ̃ Yonatan.

[Aɖaka/Nɔnɔmetatawo si le axa 29]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Medzea agbagba be maɖo dze kple ame siwo meva susu me nam kpɔ be maɖo dze kpli wo o la dometɔ ɖeka ya teti le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Mekpɔe be mate ŋu ato gbedoname ko dzi ava dze xɔlɔ̃ ame aɖe!”

“Enɔ bɔbɔe nam be made asi ata me anɔ gbɔgblɔm be amewo melɔ̃ nye nya o, eye be manya wɔ be madze xɔlɔ̃ wo o. Ale si mawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu koŋue nɔ sesẽm nam. Gake mlɔeba la, tsotso ɖe eŋu ɖea vi, eye wònana ame tua nɔnɔme nyuiwo ɖo.”

“Vivivi la, meva nɔ ha dem kple ame tsitsiwo le woƒe dzeɖoɖowo me. Gbã la, menɔ bɔbɔe nam o! Gake mlɔeba la, eɖe vi nam, elabena tso nye ɖevime ke la, xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le asinye siwo kpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi.”

[Nɔnɔmetatawo]

Lauren

Reyon

Carissa

[Aɖaka si le axa 30]

ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?

Esi nènɔ abe nye ene la, ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ sesẽna na wòa? Ame kawoe wòsesẽna na wò wu be nàdze xɔ̃e? Nu kae nèwɔ tso eŋu?

․․․․․

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 30]

(Edze nyuie le agbaleÞa ŋutɔ me)

AKOGOTSITSI HEA KUXI BUBUWO VANƐ

Metsi AKOGO,

si nana wòwɔna

nam be . . . ↓

. . . WOÐEM LE HA ME,

eye esia wɔnɛ

↑ be . . .

. . . MEÐENA ÐE VOVO, ←

si nana mesena le

ɖokuinye me be . . .

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe