INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/12 axa 10-13
  • Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema? Akpa 2

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema? Akpa 2
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema?, Akpa 1
    Nyɔ!—2012
  • Ne Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?
    Nyɔ!—2001
  • Aleke Maɖɔ Ŋu Ðo Le Text Message Gome?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Aleke Mawɔ Nye Dzedzeme Naganyo Ðe Edzi?
    Nyɔ!—2002
Nyɔ!—2012
g 10/12 axa 10-13

Sɔhɛwo Biana Be

Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea​—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema? Akpa 2

LE NYATI SIA ƑE AKPA GBÃTƆ ME LA, míedzro nyateƒenya eve aɖewo me.

● Zɔzɔ kplikplikpli kple ame aɖe evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ahe dzigbagbã vae na mia dometɔ ɖeka.—Lododowo 6:27.

● Zɔzɔ kplikplikpli kple ame aɖe evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ate ŋu agblẽ miaƒe xɔlɔ̃dzedze me.a—Lododowo 18:24.

LE NYATI SIA ME LA, míadzro

● Nyateƒenya etɔ̃lia si ku ɖe zɔzɔ kplikplikpli kple ame la me

● Ale si nàwɔ anya nenye be mia kple ame si ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la dome ƒomedodoa yi ŋgɔ wu xɔlɔ̃wɔwɔ dzro ko

NYATEƑENYA: Zɔzɔ kplikplikpli kple ame aɖe evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ate ŋu ana nàxɔ ŋkɔ gbegblẽ. Ðetugbui si ŋkɔe nye Miab gblɔ be: “Medze si ɖekakpui siwo dze xɔlɔ̃ ɖetugbui geɖewo. Magblɔ ko be ahiãmoɖolawoe wonye. Ðetugbuiawo susu be ɖe wolɔ̃ yewo, gake sigbeɖe ɖeko ɖekakpuiawo le nyɔnuha dem ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ta ko.”

Bu nya sia ŋu:

● Èɖanye ɖekakpui alo ɖetugbui o, aleke nyɔnuha alo ŋutsuha dede ate ŋu ana nàxɔ ŋkɔ gbegblẽ?

“Nyatakakawo ɖoɖo ɖe ame si ƒe vidzinu to vovo na tɔwò to asitelefon dzi tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Le gɔmedzedzea me la, ànɔ nya ʋɛ aɖewo ko ɖom ɖe ame ɖeka, kasia nànya la, èle nya geɖe ɖom ɖe ame vovovowo. Hafi nànya la, èle ha dem kple ɖekakpui etɔ̃, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe susu be ‘ye koe’ nye ame si nèdze xɔ̃e kplikplikpli. Ne wova nya nu tso eŋu la, agbã dzi na wo, eye amewo abu wò ahiãwɔla.”—Lara.

Biblia gblɔ be: “Ŋutsuvi [alo nyɔnuvi] ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔwo adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.”—Lododowo 20:11.

Nyataƒonya: Menye nu gbegblẽe wònye be ame nade ha kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na etɔ o. Gake ne mèɖo seɖoƒewo na hadedea o la, emetsonua ate ŋu anye dzigbagbã, xɔlɔ̃wɔwɔ si dome agblẽ kple ŋkɔ gbegblẽ xɔxɔ.

Aleke nàwɔ anya nenye be mia dome le kplikplikpli akpa? Mɔ ɖekae nye be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe xɔ̃nye si ƒe vidzinu to vovo na tɔnye la koe megblɔa nye dzimenyawo na?’ Ðetugbui si ŋkɔe nye Erin gblɔ be: “Ne xɔlɔ̃ dzrowo koe mienye la, ke mele be eya nanye ame gbãtɔ si nàdi be yeaɖo dze kple gbe sia gbe alo be wòanye ame gbãtɔ si nàdi be nàgblɔ wò nya veviwo na o. Masɔ be eya nanye ame si ŋu nètrɔna ɖo be wòafa dzi na wò o.”

Bu nya sia ŋu:

● Nu ka tae wòate ŋu adzro wò be nànɔ wò dzimenyawo gblɔm na ame aɖe si ƒe vidzinu to vovo na tɔwò? Nu kawoe esia ate ŋu agblẽ le ame ŋu?

“Ðekakpui siwo menya la menye xɔ̃nye kplikplikpliwo o. Nyemeɖoa dze kpli wo le telefon dzi gaƒoƒo geɖe abe ale si meɖonɛ kple xɔ̃nye nyɔnuviwo ene o. Eye nya aɖewo li siwo ŋu nyemeɖoa dze tsoe na wo koŋ o.”—Rianne.

Biblia gblɔ be: “Ðɔ ŋu ɖo le nya si nàgblɔ ŋu . . . Ame si meɖɔa ŋu ɖo le nuƒoƒo me o la gblẽa nu le eɖokui ŋu.”—Lododowo 13:3, Good News Translation.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe wòagblẽ nane ne megblɔ nya geɖe akpa tso ɖokuinye ŋu na ame si ƒe vidzinu to vovo na tɔnyea? Ke ne mia kplii dome megava le kplikplikpli azɔ o ɖe? Ðe wòate ɖe dziwò be ègblɔ nya mawo gbegbe nɛa?

Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Alexis ƒo nyaa ta nyuie ale: “Mègaƒo asa na ame aɖe le esi eƒe vidzinu to vovo na tɔwò ta ko o. Ke hã, mègable ɖokuiwò agblɔ be xɔlɔ̃wo koe yewonye evɔ wònye mele nenema hafi o. Ðu wò seselelãmewo dzi be nàƒo asa na nu siwo agbã dzi na wò.”—g12-E 07.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wu tso eŋu la, kpɔ July-September 2012 ƒe Nyɔ!, axa 15-17.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Aɖaka si le axa 11]

AGBEMEŊUTINYA: “Kadodo nyui nɔ mía kple ɖekakpui aɖe si nye xɔ̃nye la dome. Gake meva kpɔe be míeva nɔ dze geɖe ɖom, eye míenɔa míaƒe dzimenyawo gblɔm na mía nɔewo. Meva de dzesii be míenɔ tetem ɖe mía nɔewo ŋu akpa, elabena eƒoa nu tso nu siwo le fu ɖem nɛ la ŋu nam. Ke gbe ɖeka egblɔ le e-mail aɖe si wòɖo ɖem la me be nye nu lé dzi na ye. Nyemenya ale si maɖo eŋu nɛ o. Nye ta te, elabena dzidzɔe wònyena ne ame aɖe ɖee fia be èle vevie na ye. Gake eɖe fu nam hã. Mekpɔe be míagate ŋu ayi edzi anye ‘xɔlɔ̃ dzrowo ko’ o, elabena edze ƒãa be le eya gbɔ la, míaƒe hadedea yi ŋgɔ wu ema. Menyae be ne megblɔe nɛ be míetsi haɖe be míade ha kplikplikpli alea o la, ate ɖe edzi. Meƒo nu tso nya bliboa ŋu na dzinyelawo, eye wote gbe ɖe edzi be ele vevie be míagade ha kplikplikpli o. Nuteƒekpɔkpɔ sia na mekpɔ ale si wòle bɔbɔe ŋutɔ be ame siwo nye xɔlɔ̃ dzrowo ko la dome nava nɔ kplikplikpli la dze sii. Tso ekema dzi la, meɖɔ ŋu ɖo be magade ha kplikplikpli kple ɖekakpuiwo o, vevietɔ to asitelefon dzi nyatakakawo ɖoɖoɖa me. Hadede le ƒuƒoƒo me nyo wu be mi ame evea ɖeɖe dome nanɔ kplikplikpli. Esia awɔe be dzeɖoɖowo mava ku ɖe mia nɔewo dome nyawo ɖeɖe ko ŋu o, eye mia dome mava nɔ kplikplikpli hã o.”—Elena.

[Aɖaka si le axa 12]

ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?

Bia dziwòlawo nu si wosusu tso “Bu nya sia ŋu” ƒe biabia eve siwo dze le nyati sia me ŋu. Ðe woƒe susuwo to vovo na tɔwòa? Ekema nu kae nye woƒe susu? Tsɔɖui kae nèkpɔ le woƒe nyawo me?—Lododowo 1:8.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

Andre​—Zi ale si nèle ha dem kple ɖetugbui aɖe la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe be miaƒe nu nalé dzi na mia nɔewo, eye wòagana hã be wòasusu be èdi be yeadze ahiã ye. Ne màte ŋu azɔ kple ame aɖe kplikplikpli fifia o le wò taɖodzinuwo ta la, ke mègana wòadze abe èdi be yeaƒo ta ɖe eme o.

Cassidy​—Melɔ̃a xɔlɔ̃dzedze, eye esi wònye ŋutsuviwo domee menɔ tsi ta la, hadede kple ŋutsuviwo dzɔa dzi nam, evɔ afɔku ate ŋu ado tso eme. Nuwɔwɔ ɖe ɖekakpui ŋu abe ale si mawɔ nu ɖe xɔ̃nye nyɔnuvi ŋu mesɔ o—ate ŋu ana wòasusu be ahiã dim mele ye. Nyuitɔae nye be mabu ɖekakpuiwo abe nɔvinyeŋutsuwo ene!

[Aɖaka si le axa 13]

NA DZILAWO

Esɔ le nɔnɔme aɖewo me be ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo nade ha kple wo nɔewo. Gake ele be ame siwo mele klalo na srɔ̃ɖeɖe o la naɖo seɖoƒe na woƒe hadede.c Le woawo gome la, ele be wòanye xɔlɔ̃ dzrowo ko ƒe hadede, ke menye hadede kplikplikpli o.

Ne ɖekakpui kple ɖetugbui aɖe ƒe nu lé dzi na wo nɔewo evɔ womesu te haɖe na zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o la, nu kae nyea emetsonua? Dzigbagbã va xɔna ɖe dzidzɔ si nɔ anyi le gɔmedzedzea me la teƒe. Ðeko wòle abe ʋu si te afɔtiwo mele o la me nɔnɔ ene. Medidina hafi wova dea dzesii be yewoƒe hadedea makplɔ yewo ayi afi aɖeke o. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu ava nɔ ka dom kple wo nɔewo le adzame, evɔ esia ate ŋu ana woava nɔ agbe gbegblẽ. Bubuwo tsòa kadodoa me, eye emetsonuawoe nye, sese le ame ɖokui me be woble ye, dzigbagbã kple blanuiléle gɔ̃ hã. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò sɔhɛ ŋu be wòaƒo asa na nu gbegblẽ siawo siwo dona tsoa hadede sia ƒomevi me?—Nyagblɔla 11:10.

Nu vevitɔe nye be nàna dzeɖoɖo faa ƒe kadodo nanɔ mia kple viwòa dome ku ɖe ŋutsu kple nyɔnu dome hadede ƒe nyawo ŋu. Esia ana nànya nu si le edzi yim ahana kpekpeɖeŋu nenye be woa kple ame aɖe dome di be yeava nɔ kplikplikpli.

Le dzila aɖewo ƒe manyamanya me la, wonana wòsesẽna na wo viwo be woaƒo nu tso kadodo si le woa kple ame si ƒe vidzinu to vovo na wo tɔ dome la ŋu. Bu nya siwo sɔhɛ aɖewo gblɔ na Nyɔ! talawo ŋu kpɔ.

“Tso ɣeaɖeɣi kee medina be maƒo nu tso ame si ƒe nu lé dzi nam la ŋu na danye, gake mehena ɖe megbe, elabena mesusu be ahe nya ɖe ŋunye.”—Cara.

“Ne megblɔ na danye be ɖekakpui aɖe ƒe nu lé dzi nam la, egblɔna be, ‘Mègakpɔ mɔ be mava wò srɔ̃ɖeƒea o!’ le esi teƒe be wòagblɔ be, ‘Ke ƒo nu tso xɔ̃wòa ŋu namee. Nu kae na eƒe nu nyo ŋuwò?’ Ne ɖe danye bia nya mawo ƒomevim la, anye ne anɔ bɔbɔe wu be maxɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa.”—Nadeine.

Ke azɔ, kpɔ ale si nuwo nɔna ne dzilawo gbɔ dzi ɖi ɖo to wo viwo hefia wo afɔ nyuitɔ si woaɖe la ɖa.

“Dzinyelawo mehe nya ɖe ŋunye esi meƒo nu tso ɖekakpui aɖe si ƒe nu lé dzi nam la ŋu na wo o. Wona nu si wòle be manya la me kɔ nam, eye wose nu gɔme nam hã. Esia wɔe be metea ŋu ɖoa to wo hegblɔa nye dzimenya bubuwo na wo faa.”—Corrina.

“Dzinyelawo ɖo dze tso ame siwo ƒe nu lé dzi na wo esime wonye sɔhɛwo la ŋu nam, eye wogblɔ nu si tae xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me va gblẽ la gɔ̃ hã nam. Esia na mekpɔe be mate ŋu agblɔ ale si ame aɖe ƒe nu lé dzi nam la ŋu nya na wo faa.”—Linette.

De dzesii hã be ɣeaɖewoɣi la, susu aɖewo koŋ tae sɔhɛwo dea ŋutsuha alo nyɔnuha togbɔ be wometsi aɖe srɔ̃ o hã.

“Nu si tae menɔ ha dem kple ɖekakpui aɖe le adzame ye nye be enana dzi dzɔnam, eye wòɖoa tom hã.”—Annette.

“Ðekakpui aɖe li si ŋu medina be mate ɖo ɣesiaɣi. Etsɔa ɖe le eme nam ɣesiaɣi. Eye nye gbɔdzɔgbɔdzɔe nye be, medina be ame natsɔ ɖe le eme nam, ne menye susu nyui tae wòle ewɔm ɖo o hã.”—Amy.

“Ne dzinyelawo gblɔ nam anukwaretɔe be menya le kpɔkpɔm alo be awu si medo la dzem la, nyemegadina kokoko be mase nya sia tɔgbi tso ɖekakpui aɖe gbɔ o.”—Karen.

Bia ɖokuiwò be:

Aleke mate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe wu na vinye sɔhɛ be wòagblɔ eƒe nyawo nam?​—Filipitɔwo 4:5.

Ðe meɖea ‘abla le nusese me henɔa blewu le nuƒoƒo mea’?​—Yakobo 1:19.

Nu kae mate ŋu awɔ be wòagadzro vinye vevie be wòatrɔ ɖe ame siwo le ƒomea godo ŋu be woaɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme afia ye o?​—Kolosetɔwo 3:21.

Nyataƒonya: Kpe ɖe viwòa ŋu wòanya ale si wòawɔ be eƒe hadede kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na etɔ la nanye esi sɔ si mahe kuxiwo avae o. Esia aɖe vi geɖe nɛ le eƒe tsitsime gɔ̃ hã.​—Kolosetɔwo 3:5; 1 Tesalonikatɔwo 4:3-6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

c Kpɔ nyati si do ŋgɔ na esia kpakple “Sɔhɛwo Biana Be” sia ƒe akpa gbãtɔ si dze le July-September 2012 ƒe Nyɔ! me.

[Nyaɖoɖo si le 11]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

SEÐOƑEWO

WƆE MÈGAWƆE O

✔ de ha le ƒuƒoƒo me  X hadede kplikplikpli

✔ dze xɔlɔ̃  X dzimenyawo gbɔgblɔ

✔ ɖo dze  X ahiãmoɖoɖo

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 12]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

HADEDE

AHIÃMOÐOÐO

ASIKAKA AME ŊU

ASILÉLE

NUGBUGBƆGBUGBƆ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe