Xexe Si Me Fukpekpe Manɔ O—Ŋugbedodo Si Ŋu Kakaɖedzi Le
“[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
ÐE MÍATE ŋu aka ɖe ŋugbedodo lédziname sia dzia? Bu nuxlɔ̃ame siwo Mawu na amegbetɔwo tso gɔmedzedzea me ke la dometɔ ɖeka ŋu kpɔ. Mawu gblɔ na Adam be ne meɖo to o la, ‘ku ke wòaku.’ (1 Mose 2:17) Eye eku hã, abe ale si tututu Mawu gblɔe ene. Ale si nya sia va eme, kpakple ku kple fukpekpe si ƒe dome ameƒomea nyi tso Adam gbɔ la ɖo kpe edzi be míate ŋu aka ɖe Mawu dzi. Ekema ɖe susu aɖe li si ta míake ɖii be ŋugbe si Mawu do be yeaɖɔ nɔnɔmewo ɖo be nuwo nanɔ abe ale si tututu wonɔ le gɔmedzedzea me ene la mava eme oa?
Azɔ ɖo ŋku Mawu ƒe nɔnɔme, siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la dzi. Ale si míedi be míaɖe fukpekpe ɖa la nye Mawu ƒe veveseseɖeamenu, lɔlɔ̃, kple dzɔdzɔenyenye ɖeɖe fia. Azɔ hã, nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me egbea la le kpe ɖom edzi be Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia le aƒe tum kabakaba.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?”
Nu ka tae Yehowa Mawu koe dze aɖe amegbetɔ ƒe fukpekpewo ɖa? Na míadzro nu siwo fia be ate ŋu aɖɔ nu siwo gbɔ míaƒe fukpekpewo tso la ɖo to Via Yesu dzi, kpakple ale si wòwɔ ɖoɖo be yeakpɔ wo gbɔe la me.
Tiatia siwo míewɔna. Mía tɔgbui Adam ɖe afɔ aɖe si gblẽ nu le eƒe dzidzimeviwo ŋu vevie. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae va se ɖe fifia.” (Romatɔwo 8:22) Ðoɖo nyui si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe fukpekpe ɖa la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye deŋgɔ kple nublanuikpɔkpɔ deto fia. Romatɔwo 6:23 ɖe eme ale: “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku, gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.”
Ame deblibo Yesu mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o. Eƒe ku le fuwɔametia ŋu ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be woaɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe fiƒode te. Eya ta míate ŋu akpɔ mɔ azɔ be míava nɔ agbe le xexe si me dzodzro vɔ̃ si nɔa mía me be míaɖe afɔ gbegblẽwo la nu ayi le. Ame siwo ɖonɛ koŋ hea fukpekpe vaa amewo dzi la hã maganɔ anyi o, elabena “woatsrɔ̃ ame vlowo.”—Psalmo 37:9.
Nuɖiɖeame kple blibomademade. Yesu Kristo, si nye Fia si Mawu tia la, kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi. Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, edzɔ gbe ɖeka be Yesu kple eƒe apostolowo nɔ tɔdziʋu me esi “ya sesẽ aɖe te ƒoƒo, eye ƒutsotsoewo nɔ ŋeŋem ɖe tɔdziʋu la me, ale be tsi yɔ ʋua kloe.” Esi nusrɔ̃lawo yɔ Yesu be wòava xɔ na yewo la, “[etso], eye wòblu ɖe ya la ta hegblɔ na ƒu la be: ‘Zi ɖoɖoe! Dze eme!’ Eye ya la nu fa, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.” Esia wɔ mo yaa na eƒe apostolowo. Wogblɔ be: “Ya kple ƒu kura gɔ̃ hã ɖoa toe.”—Marko 4:37-41.
Le Yesu ƒe dziɖuɖu te la, ameƒomea me tɔ toɖolawo “anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le [wo ƒo] o.” (Lododowo 1:33) Esia fia be dzɔdzɔmefɔkuwo hã magado ŋɔdzi na wo o. Gawu la, ale si amegbetɔwo mele be lém na anyigbadzinuwo o, ale si wometua xɔwo nyuie o, ale si womenya nu tso anyigba ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋu o, kpakple amegbetɔwo ƒe vodada bubuwo nu ayi. Eye ame aɖeke magakpe fu le esi afɔku ɖi ɖee le vo me ta o.
Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ehe susu yi nu bubu aɖe si ate ŋu ahe gbɔdzɔe avae na ame siwo katã le fu kpem fifia le nuɖiɖeamewo ta la dzi. Egblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 11:25) Ɛ̃, ŋusẽ le Yesu si be wòagbɔ agbe ame miliɔn geɖe siwo ku nublanuitɔe le dzɔdzɔmefɔkuwo me, eye edi be yeawɔe hã. Ŋugbedodo ƒuƒlu koe wònyea? Kura o, ale si Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre esime wònɔ anyigba dzi la na míegaka ɖe nya mawo dzi geɖe wu. Ale si wòfɔ amewo ɖe tsitre la ŋuti nya etɔ̃ le Biblia me.—Marko 5:38-43; Luka 7:11-15; Yohanes 11:38-44.
“Xexe sia dzi ɖula.” Mawu tia Kristo Yesu be wòaxɔ “ŋusẽ le ame si ate ŋu ahe ku avae la si, si nye Abosam.” (Hebritɔwo 2:14) Yesu gblɔ be: “Ʋɔnudɔdrɔ̃ xexe sia ɖo azɔ; azɔ woanya xexe sia dzi ɖula la ɖa.” (Yohanes 12:31) Yesu ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’ le esi wòana be Abosam magakpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi le mɔ aɖeke nu azɔ o. (1 Yohanes 3:8) Aleke gbegbe nuwo ade ameƒomea dzii enye esi ne Abosam ƒe nɔnɔmewo abe ŋukeklẽ, nu baɖa wɔwɔ, kple ɖokuitɔdidi nu yi keŋkeŋ!—g11-E 07.
[Aɖaka si le axa 9]
“Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?”
Yesu yome dzelawo biae be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Ŋuɖoɖo si Yesu na wo, kpakple nya bubu siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ le Yesu ƒe ku megbe la na míenya nu siwo adzɔ ne ɣeyiɣi si Mawu ɖo be yeaɖe fukpekpe ɖa la gogo.a Tsɔ nyagblɔɖi siwo gbɔna la sɔ kple nɔnɔme siwo xɔ aƒe ɖe xexea me egbea.
● Xexemeʋa—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:4.
● Dɔwuame kple dɔlélewo—Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:5-8.
● Ale si wole anyigbaa gblẽm—Nyaɖeɖefia 11:18.
● “Galɔ̃lawo”—2 Timoteo 3:2.
● “Ame maɖoto dzilawo”—2 Timoteo 3:2.
● “Ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu”—2 Timoteo 3:4.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be xexe si me fukpekpe manɔ o la gogo. Te ɖe Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu. Adzɔ dzi na wo be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wò le wò aƒe me alo teƒe bubu si sɔ na wò.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia, si ƒe tanyae nye “‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Mee Míele Nyateƒea?” Yehowa Ðasefowoe tae.