Afɔkuwo Magadzɔ Azɔ O!
NE AME aɖe gblɔ na wò be, “Afɔkuwo magadzɔ o” la, nya kae nàgblɔ nɛ? Ðewohĩ àgblɔ be, “Ànya le drɔ̃e kum. Dzɔdzɔmefɔkuwo li tso gbe aɖe agbe ke.” Alo ɖewohĩ àgblɔ le susu me be, ‘Ðe wòsusu be nye blemee yelea?’
Togbɔ be adze abe dzɔdzɔmefɔkuwo nu mayi o ene hã la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ be nuwo atrɔ. Gake menye amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo gbɔe wòatso o. Amegbetɔwo mese ale si nuwo dzɔna kple nu si tae wodzɔna le dzɔdzɔme la gɔme bliboe o, ʋuu keke woahayi enu lé ge alo etrɔ ge o. Blema Israel Fia Salomo, si ƒe nunya kple ŋkuléle ɖe nu ŋu ɖe dzesi, la ŋlɔ bena: “Amegbetɔ manya ta le nu siwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, manya ta le enu o, eye ne nunyala be, yeadze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.”—Nyagblɔla 8:17.
Ne amegbetɔwo mate ŋu axe mɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo nu o la, ke ame kae ate ŋui? Biblia ɖee fia be mía Wɔla lae ate ŋui. Eyae ɖo nu siwo dzɔna le dzɔdzɔme, abe ale si tsi wɔna dzana ene, la anyi. (Nyagblɔla 1:7) Azɔ hã, seɖoƒe li na amegbetɔ ƒe ŋutete, ke goléƒe meli na Mawu ya ƒe ŋusẽ o. Nyagblɔɖila Yeremiya te gbe ɖe nya sia dzi esi wògblɔ be: “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wɔ dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o.” (Yeremiya 32:17) Esi wònye Mawue wɔ anyigba kple emenuwo katã ta la, esɔ be míagblɔ be enya ale si wòatrɔ asi le nuwo ŋu be amegbetɔwo nanɔ anyigba dzi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me.—Psalmo 37:11; 115:16.
Ekema aleke Yehowa ahe tɔtrɔ siwo hiã la avae? Ànya de dzesii le nyati siawo dometɔ evelia me be nu dziŋɔ gbogbo siwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi egbea la nye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi.” Yesu gblɔ be: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Mawu fiaɖuƒe la gogo.” (Mateo 24:3; Luka 21:31) Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu si Mawu ɖo anyi le dziƒo la, ahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba dzi, eye wòana dzɔdzɔmeŋusẽwo gɔ̃ hã nawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu. Togbɔ be ŋusẽ le Yehowa Mawu si be wòawɔ esia hã la, etiae be yeade dɔ sia asi na Via. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ tso Vi sia ŋu be: “Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.”—Daniel 7:14.
Wotsɔ ŋusẽ si Mawu Vi, Yesu Kristo, hiã na bene wòatsɔ atrɔ asi le anyigba ŋu be wòanye afi si míakpɔ dzidzeme le la nae. Ƒe akpe eve aɖewoe nye esi va yi esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe ale si wòkpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi la fia le mɔ sue aɖe nu. Gbe ɖeka, esi woa kple eƒe nusrɔ̃lawo wonɔ tɔdziʋu me le Galilea Ƒua dzi la, “ya sesẽ aɖe te ƒoƒo, eye ƒutsotsoewo nɔ ŋeŋem ɖe tɔdziʋu la me, ale be tsi yɔ ʋua kloe.” Dzidzi ƒo eƒe nusrɔ̃lawo. Esi wovɔ̃ be yewoava ku ta la, wobia tso Yesu si be wòakpe ɖe yewo ŋu. Nu kae Yesu wɔ? Ðeko “wòblu ɖe ya la ta hegblɔ na ƒu la be: ‘Zi ɖoɖoe! Dze eme!’ Eye ya la nu fa, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.” Esia wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo, eye wobia be: “Ame ka gɔ̃e nye esia, elabena ya kple ƒu kura gɔ̃ hã ɖoa toe?”—Marko 4:37-41.
Emegbe wodo Yesu ɖe dzi le dziƒo, eye wotsɔ ŋusẽ si lolo wu la gɔ̃ hã nae. Esi Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, eƒe agbanɔamedzie wònye be wòahe tɔtrɔ siwo katã hiã be anyigba nanye ŋutifafa kple dedienɔƒe la vae, eye ŋutetea le esi be wòawɔe hã.
Ke hã, abe ale si míedzro eme va yi ene la, ɖokuitɔdilawo kple ŋuklẽlawo gbɔe kuxi kple afɔku siwo dzɔna la ƒe akpa gãtɔ tsona alo woawoe nana wògagblẽa nu ɖe edzi. Nu kae Fiaɖuƒe la awɔ na ame siwo sẽ dzi me hegbe be yewomatrɔ tso yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la? Biblia ɖɔ Aƒetɔ Yesu be egbɔna kple ‘mawudɔla sẽŋuwo tso dziƒo le dzo si le bibim vlavlavla me, esime wòabia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.’ Ɛ̃, Yesu ahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—2 Tesalonikatɔwo 1:7, 8; Nyaɖeɖefia 11:18.
Ema yome la, Yesu Kristo, si nye “fiawo ƒe Fia” la, akpɔ ŋusẽ ɖe anyigba ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi bliboe. (Nyaɖeɖefia 19:16) Akpɔ egbɔ be afɔku aɖeke magadzɔ ɖe Fiaɖuƒe la teviwo dzi azɔ o. Azã eƒe ŋusẽa atsɔ ana nu siwo gbɔ yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔwo tsona la nawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu ale be azãgbewo, abe vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli ene, naɖe vi na amegbetɔwo. Esia ana ŋugbe aɖe si Yehowa Mawu do na eƒe amewo ɣeaɖeɣi ke la nava eme. Egblɔ be: “Mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba awɔ nu, eye agblemetiwo atse ku.” (3 Mose 26:4) Amewo atu xɔ, eye womavɔ̃ be afɔku aɖe agblẽ edome o, elabena woŋlɔ ɖi be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.”—Yesaya 65:21.
Nu Kae Wòle Be Nàwɔ?
Ðikeke mele eme o be adzɔ dzi na wò be nànɔ xexe si me afɔku dziŋɔwo magadzɔ le o me, abe ale si wòle le ame bubu geɖewo hã gome ene. Gake nu kae wòle be nàwɔ be nànɔ agbe le xexe ma me? Esi wònye be “ame siwo menya Mawu o” kple “ame siwo meɖoa to . . . nya nyui la o” la madze na agbenɔnɔ le xexe ma si me afɔku maganɔ o la me o ta la, eme kɔ ƒãa be ele be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ahakpe asi ɖe ɖoɖo si wòwɔ ɖe anyigba dzi ɖuɖu ŋu la ŋu. Mawu di tso mía si be míadze si ye ahaɖo to nya nyui si ku ɖe Fiaɖuƒe si wòɖo anyi to Via dzi ŋu.
Biblia sɔsrɔ̃ nyuie ye nye mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ esia. Nu si ana míadze na agbenɔnɔ le anyigba si dzi dedienɔnɔ xɔ aƒe ɖo, le Fiaɖuƒea te, la ŋuti mɔfiamewo le Biblia me. Ðe manyo ŋutɔ be nàbia tso Yehowa Ðasefowo si be woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso nu si Biblia fia ŋu oa? Woalɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò. Kakaɖedzi li be ne èdze agbagba srɔ̃ nu tso Mawu ŋu, eye nèɖo to nya nyuia la, Lododowo 1:33 me nyawo ava eme ɖe dziwò. Afi ma gblɔ be: “Ke ame si ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.”