Ale Si Nàƒo Asa Na Ʋufɔkuwo
NE ƲU dze afɔku la, ʋufɔtiwo tena le anyigba xoo, gakpowo fanyana, ahuhɔ̃ewo gbãna kakɛkakɛ, eye amewo nɔa ŋeŋem. Anɔ eme be ame sia ame si dze ʋufɔku kpɔ la kpɔ nu siawo teƒe kpɔ. Habɔbɔ aɖe (Population Reference Bureau) ka nya ta be le xexea me godoo la, “ame siwo ade 1,200,000 sɔŋ ye kuna le ʋufɔkuwo me ƒe sia ƒe, eye ame miliɔn 50 sɔŋ xɔa abi vevie.”
Ke hã, nu siwo ana nànɔ dedie la wɔwɔ kple ŋuɖɔɖɔɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na afɔku geɖe. Le mɔ kawo nu?
Ʋu Ƒe Duƒuƒu, Ʋumezikpuiŋukawo, Kple Asitelefon
Le mɔdodo aɖewo dzi la, adze abe seɖoƒe si woɖo na ʋuwo ƒe duƒuƒu la ɖiɖi akpa ene. Ke hã, ne ègbɔ seɖoƒea ŋu la, ɖeko wòana afi si yim nèle la ɖoɖo natsɔ vie wu ko. Le kpɔɖeŋu me, ne afi si yim nèle la didi kilometa 80, eye nèku ʋua kilometa 129 le gaƒoƒo ɖeka me le esi teƒe be nàkui kilometa 104 le gaƒoƒo ɖeka me la, teƒea ɖoɖo atsɔ wu ya, gake made miniti asieke o. Ðe wòasɔ be nàde wò agbe afɔku me ɖe ɣeyiɣi ʋɛ ma ko ta?
Wotrɔ asi le ʋumezikpuiŋukawo ŋu be woakpɔ ame ta. Dɔwɔƒe aɖe si le United States bu akɔnta be ʋumezikpuiŋukawo zazã kpɔ ame siwo wu 72,000 ƒe agbe ta le ƒe 2005 va ɖo ƒe 2009 me le dukɔ ɖeka ma ko me. Ne ametakpɔnu si nye yagolo (air bag), le ʋu aɖe me la, ɖe wòaxɔ ɖe ʋumezikpuiŋuka zazã teƒea? Ao. Ametakpɔnu eve siawo ƒe dɔwɔwɔ aduadu ye naa ame nɔa dedie wu. Ne mèbla ʋumezikpuiŋukaa o la, yagoloa maɖe vi boo aɖeke o, eye ate ŋu ade wò agbe afɔku me gɔ̃ hã. Eya ta na ʋumezikpuiŋuka babla nazu numame na wò, eye nàna ʋua ɖolawo hã nanɔ ewɔm nenema. Nuxlɔ̃amenya vevi bubue nye esi: Mègate kpɔ gbeɖe be yeaxlẽ nyatakaka si ame aɖe ɖo ɖe wò le asitelefon dzi alo aŋlɔ ɖe esime nèle ʋu kum o.
Nɔnɔme Si Me Mɔa Le Kple Beléle Na Ʋua
Ne ʋuʋudedi, ke, alo kpekuiwo le mɔa dzi la, ʋufɔtiwo metea ŋu lina ɖe mɔa dzi nyuie o. Eya ta ne èzɔ blewu la, ʋua ƒe afɔtiwo maɖiɖi ne èle ʋua tɔm o. Ne èzɔa mɔ siwo dzi sno le enuenu la, ke anyo ŋutɔ be nàƒle ʋufɔti siwo wowɔ koŋ na zazã le vuvɔŋɔli. Wotrɔ asi le wo ŋu etɔxɛe be woali ɖe mɔa dzi nyuie.
Afi si mɔwo de nu wo nɔewo me le la ate ŋu anye afɔkuteƒe na ʋukula ɖe sia ɖe. Ʋukuku ŋuti nunyala aɖe ɖo aɖaŋu sia bena: Ne ʋutɔkaɖia si gbemumu la, tɔ sẽe hafi nàɖe zɔ. Esia awɔe be màva do go kple ʋu bubu si va yina togbɔ be akaɖi dzĩa si wòle be wòatɔ hafi la o.
Nu vevi bubu si ana nàƒo asa na afɔkuwo ye nye be nàna wò ʋua nanɔ nɔnɔme nyui me. Nu kae nèsusu be adzɔ ne wò brekwo (alo frein) gbe dɔ esime nèle ʋua kum? Be ʋua nagagblẽ le mɔ dzi o la, ʋutɔ aɖewo wɔa ɖoɖo be gbede bibi aɖe nanɔ asi trɔm le ʋua ŋu edziedzi. Ʋutɔ bubu aɖewo ŋutɔwo hã tea ŋu nɔa asi trɔm le woƒe ʋuwo ŋu. Tiatia ka kee nèɖawɔ le go sia me o, kpɔ egbɔ be wole asitɔtrɔ kple dzadzraɖo siwo hiã la wɔm le ʋua ŋu.
Ahanono Atsɔ Aku Ʋui
Ʋukula nyui siwo ɖɔa ŋu ɖo hafi la dometɔ aɖewo tea ŋu dea nu aha me hafi gava nɔa ʋu kum, togbɔ be esia ate ŋu ahe afɔku vae bɔbɔe hã. Le ƒe 2008 me la, ame siwo wu 37,000 sɔŋ ƒe agbe tsi eme le ʋufɔkuwo me le United States. Le ame siwo ku la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gome la, ʋukulaa de nu aha me hafi nɔ ʋua kum. Aha suetɔ kekeake si nàno la gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò ʋukuku ŋutetewo dzi. Ame aɖewo ɖoe kplikpaa be yewomade nu aha me kura o ne yewole ʋu ku ge.
Ne èwɔa ʋukusewo dzi, ne èblaa ʋumezikpuiŋuka, eye nèdzraa ʋua ɖo heƒoa asa na aha muame nono atsɔ aku ʋui la, àkpɔ ɖokuiwò kple ame bubuwo siaa ƒe agbe ta. Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi ko hafi nàte ŋu aƒo asa na afɔkuwo esime nèle ʋu kum.—g11-E 07.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]
MÈGAKU ƲU NE ALƆ̃ LE TSƆWÒM O
“Ele be amewo nanya be ne alɔ̃ le ame tsɔm hafi wògale ʋu kum la, esɔ kple ame si de nu aha me hafi le ʋu kum.” Nya siae dɔwɔƒe aɖe (U.S. National Sleep Foundation) ƒe ʋukukufiala gblɔ tso ale si wònye nu si me afɔku le be ame nanɔ ʋu kum esime alɔ̃ le etsɔm ŋu. Nu siwo afia be afɔku ate ŋu adzɔ ne èle ʋu kum la dometɔ aɖewoe nye esi:a
● Ne ŋudzɔnɔnɔ le sesẽm na wò, èle aɖaba ƒom kabakaba alo alɔ̃ bla ŋku na wò
● Ne ele sesẽm na wò be nàdzɔ ta
● Ne èle haham enuenu
● Ne ele sesẽm na wò be nàɖo ŋku kilometa ʋɛ siwo nèɖe ɖe megbe la dzi
● Ne mète ŋu le dzesi dem mɔnuwo alo mɔfiadzesiwo o
● Ne èle tatram le wò mɔ dzi, èle ʋu si le ŋgɔwò gogom akpa, alo èle mɔa ƒe liƒo ŋu gbɔm
Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme siawo me la, na ame bubu naku ʋua alo nàtɔ ʋua ɖe afi si nànɔ dedie le ahadɔ alɔ̃ vie. Àtsi megbe ya, gake àkpɔ ɖokuiwò kple ame bubuwo ƒe agbe ta!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a National Sleep Foundation habɔbɔa gbɔe nyatakaka sia tso.