Èkua Ʋu Nyuiea?
ALESI nèwɔa nui ne èle ʋu kum ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò ʋukuŋutete dzi vevie. Numekuku aɖe si Britania Ʋudɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ wɔ ɖee fia be Britania-ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 17 vaseɖe 20 dometɔ 22 le alafa me kpɔa lɔrifɔku ɖeka ya teti ƒe sia ƒe.
Nuka gbɔ koŋue woƒe ʋumakumaku nyuie tso? Tsɔ kpe ɖe ahanono, seselelãme ƒe tɔtrɔ, kple haƒoƒo sesĩe ŋu la, Ʋudɔwɔlawo ƒe Habɔbɔa ƒe amegã teƒenɔla Kenneth Faircloth de dzesii be: “Hatiwoe ƒonɛ ɖe ame geɖe nu be woaku ʋu afɔkutɔe.” Eyata Ʋudɔwɔlawo ƒe Habɔbɔa kafui be woana ŋku nanɔ ʋukula la ƒe nɔnɔmewo ŋu vevie wu ʋukumɔnuwo le hehenana me.
Le kpɔɖeŋu me bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medina be mana nye ʋumenɔlawo naka ɖe dzinye to nusiwo me afɔku le wɔwɔ ɖekematsɔlemetɔe mea? Ðe nye seselelãme kpɔa ŋusẽ ɖe alesi mewɔa nui ne mele ʋu kum dzia? Ðe mebua ʋukula bubu siwo le mɔa dzi be wonye kplamatsedola siwo ŋu wòle be mato godooa?’ Alesi nàɖo biabia siawo ŋui aɖe ʋukula si tɔgbe nènye afia.
Ne ŋutsu alo nyɔnu, sɔhɛ alo ame tsitsie nènye o, na havilɔlɔ̃ nanɔ mewò ne èle ʋu kum. “Wɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi tututu nàdi be woawɔ nu ɖe ye ŋu ene.” (Mateo 7:12, Phillips) Ema wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàku ʋu nyuie.