Dzilawo Ƒe Numenyawo
Kuxi yeyewo dzea ŋgɔ dzila geɖe ne wo viwo zu sɔhɛwo. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ dzidzedze le ɣeyiɣi sia si me mèsea eƒe nuwɔnawo gɔme o abe ale si ko eya ŋutɔ hã mesea eɖokui gɔme o ene la me? De dzesi nya siwo dzila siwo le dukɔ vovovowo me la gblɔ.
TƆTRƆWO
“Esi vinyeŋutsuvia nɔ sue la, ewɔa aɖaŋu si meɖo nɛ la dzi, eye meɖea ɖeklemi o. Gake esi wòzu ƒewuivi la, eva dze abe ele sesẽm nɛ be wòabɔbɔ ɖe nye tanyenye te ene. Eɖea ɖeklemi nya siwo megblɔ kple ale si megblɔ woe la siaa.”—Frank, Canada.
“Vinyeŋutsuvia megagblɔa eƒe nyawo nam faa abe tsã ene o. Fifia, eya ŋutɔ megblɔa nu si le susu me nɛ la nam o, negbe ɖeko mebiae hafi. Menɔa bɔbɔe be wòaɖo nya siwo mebiae la ŋu o. Aɖo nyaa ŋu ya, gake menye enumake o.”—Francis, Australia.
“Dzigbɔɖi hiã vevie. Ɣeaɖewoɣi la, míadi be míaƒo nu na mía viwo dzikutɔe, gake ne míeƒo nu tufafatɔe heɖo dze kpli wo la, eɖea vi sãsãsã wu!”—Felicia, United States.
ÐZEÐOÐO
“Ɣeaɖewoɣi la, vinyenyɔnuvi si nye ƒewuivi la nɔa klalo be yeaɖe ye ɖokui nu, eye ɣeaɖewoɣi la, esena le eɖokui me be mele nya hem ɖe ye ŋu madzemadzee. Eya ta meɖoa ŋku edzi nɛ be melɔ̃e, eye be eƒe nyui dimee mele, eye medi be nu nadze edzi nɛ.”—Lisa, United States.
“Esi vinyewo nɔ sue la, wogblɔa woƒe nyawo nam faa. Enɔ bɔbɔe be mana woagblɔ nu si le susu me na wo. Gake fifia ya ele be madze agbagba ase nu gɔme na wo ahaɖee afia be medea bubu wo ŋu. Ema ko hafi wogblɔa woƒe dzimenyawo nam faa.”—Nan-hi, Korea.
“Le ƒewuiviwo gome la, sedede ɖe nu ŋu na wo ɖeɖe mesu o. Ehiãna be míaɖo dze tuameɖowo kple mía viwo be míaɖo woƒe dzi gbɔ. Esi míedi be woagblɔ woƒe susu faa ta la, ehiã be míanɔ klalo be míase woƒe nyawo, nenye be esia abia be woagblɔ nya aɖe si míadi be míase hafi o gɔ̃ hã.”—Dalila, Brazil.
“Ne ehiã be maɖɔ vinyenyɔnuvia ɖo la, mewɔa esia ne mía kplii ɖeɖe míeli, ke menye le ame dome o.”—Edna, Nigeria.
“Ɣeaɖewoɣi ne mele dze ɖom kple vinyeŋutsuvia la, aƒemedɔwo gbɔ kpɔkpɔ wɔnɛ be nyemevona ɖe eŋu tututu o, si wɔnɛ be nye susu menɔa eŋu bliboe o. Edea dzesii, eye ewɔ nam be esia hã le eme tae megaɖoa dze kplim fũu o ɖo. Ne mía kplii míele dze ɖom la, ehiã be madze agbagba aɖo toe nyuie wu ale be wòayi edzi anɔ eƒe nyawo gblɔm nam.”—Miriam, Mexico.
ABLƆÐE
“Zi geɖe la, mevɔ̃na be mana ablɔɖe vinye ƒewuiviawo, eye esia he masɔmasɔwo vae. Míeɖo dze tso eŋu, eye ame sia ame gblɔ eƒe susu faa. Meɖe nu si tae menɔ vɔvɔ̃m ɖe wo nu la me na wo, eye woawo hã wogblɔ nu si tae wodi ablɔɖe geɖe wu la nam. Míeva lɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi, eye mena ablɔɖe geɖe wu wo ale si sɔ hekpɔ egbɔ be womegbɔ seɖoƒe si meɖo na wo la ŋu o.”—Edwin, Ghana.
“Vinyeŋutsuvia di be yeaƒle dzokeke. Nyemeda asi ɖe edzi kura o, eye menɔ bublum ɖe eta henɔ nu siwo menyo le dzokeke ƒeƒle ŋu o la gblɔm nɛ, evɔ nyemeɖe mɔ nɛ be wòagblɔ eƒe susu o. Esia na dzi kui, eye wògaɖoe kplikpaa be ɖeko yele eƒle ge! Eya ta mete mɔnu bubu kpɔ. Mede dzi ƒo na vinyea be wòaku nu me tso nu vovovo siwo dzokeke ƒeƒle alɔ ɖe eme la ŋu, siwo ƒe ɖewoe nye afɔku si wòate ŋu ahe avae, ga si wòazã kple nu si mɔɖegbalẽvi xɔxɔ abia. Megblɔe nɛ be wòabia aɖaŋuɖoɖo tso Kristotɔ kpɔnuteƒe siwo le hamea me la hã gbɔ. Meva kpɔe be dzidede ƒo na vinyea be wòaƒo nu faa tso eƒe didiwo ŋu nyo wu be mazi nye susuwo ɖe edzi. Mɔ sia dzie mato aɖo eƒe dzi gbɔ.”—Hye-young, Korea.
“Míeɖo seɖoƒewo na mía viwo, gake míena ablɔɖe wo vivivi hã. Zi ale si wole ablɔɖea ŋu dɔ wɔm nyuie ko la, míenaa ablɔɖe geɖe wu wo. Míena mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu dɔ woawɔ be ablɔɖe nasu wo si la wo tsɔ ɖee fia be míedi be wòasu wo si; gake míena wonya be ne womeɖo to o la, míahe to na wo.”—Dorothée, France.
“Nyemewɔa vi na vinyewo o. Gake ne woɖo to la, melɔ̃na faa naa ablɔɖe wo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, meɖea mɔ na wo be woanɔ gbɔ me wòadidi vie wu. Gake ne wotsi megbe le aƒe me vava me wòde zi eve la, mahe to na wo.”—Il-hyun, Korea.
“Zi ale si dɔwɔvi ɖo to eƒe dɔtɔ hewɔ nu si wòbia tso esi ko la, dɔtɔa agave enu geɖe wu. Nenema kee vinyeŋutsuvia de dzesii be zi ale si yeɖo to hewɔ nu si míebia tso ye si ko la, míana ablɔɖe ge wu ye vivivi. Vinyea nyae be abe ale si ko woate ŋu atsɔ se akplɔ dɔwɔvi le esi mewɔ nu si wobia tso esi o ene la, nenema kee míate ŋu axɔ ablɔɖe le ye si ne yemewɔ eŋu dɔ nyuie o.” —Ramón, Mexico.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
“Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]
ƑOMENYAWO
“Dzidzɔe Wònyena Ne Viwòwo Nye Sɔhɛwo”
Joseph: Vinyenyɔnuvi tsitsitɔ eveawo nye ƒewuiviwo, eye mede dzesii be ele vevie be maɖo to wo ahase nu gɔme na wo. Ne melɔ̃ ɖe edzi be meda vo, eye meƒo nu na wo ameŋububutɔe la, enana dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nɔa mía kpli wo dome. Kpuie ko la, magblɔ be dzidzɔe wònyena ne viwòwo nye sɔhɛwo, eye Mawu ƒe Nya, Biblia, la me mɔfiamewoe kpe ɖe mía ŋu le go sia me.
Lisa: Esi mía vinyɔnu tsitsitɔ zu ƒewuivi la, mede dzesii be ehiã be makpɔ vovo ɖe eŋu geɖe wu. Meɖo ŋku edzi be mezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖoa toe, eye meɖoa dze kplii hedea dzi ƒo nɛ hã. Mía kple srɔ̃nye míena mía vinyɔnuviwo nya be woate ŋu agblɔ woƒe nya sia nya na mí faa, eye míase nu gɔme na wo. Medzea agbagba wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le, si dze le Yakobo 1:19, si nye be ‘míaɖe abla le nusese me ahanɔ blewu le nuƒoƒo me’ la dzi.
Victoria: Danyee nye xɔ̃nye vevitɔ. Nyemegadze si ame aɖeke si kɔa dɔme hetsɔa ɖe le eme na ame abe eya ene o, eye alea kee wòwɔa nu ɖe ame sia ame ŋui. Nya si mate ŋu atsɔ aɖɔ eƒe ɖetsɔlemea koe nye be enye “vavãtɔ.” Ame aɖeke mate ŋu asɔ kplii nam o.
Olivia: Fofonye tsɔa ɖe le eme na ame, eye wònyoa dɔme. Elɔ̃na faa be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu ne nɔnɔmeawo mede mía dzi o gɔ̃ hã. Enya ɣeyiɣi si me wòle be wòaɖo mo vevi, ke hã enya ale si wòado dzidzɔ na mí hã. Vifofo nyui aɖee wònye, eye edzɔ dzi nam be enye fofonye!
“Míaƒe Mo Medzakana O!”
Sonny: Ne nane le fu ɖem na mía vinyɔnuviawo la, ƒomea dzroa eme ɖekae. Míegblɔa míaƒe susuwo na mía nɔewo faa, eye míenaa Biblia fiaa mɔ mí le nyametsotsowo wɔwɔ me. Azɔ hã, mía kple srɔ̃nye, Ynez, míekpɔa egbɔ be mía viwo le ha dem kple ame ɖɔʋuwo. Mía xɔlɔ̃wo nye wo xɔlɔ̃wo, eye wo xɔlɔ̃wo hã nye mía xɔlɔ̃wo.
Ynez: Míeƒoa mía ɖokui ɖe dɔwɔna geɖe me ɖekae abe ƒome ene. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míeɖea gbeƒã na amewo, míesrɔ̃a Biblia ɖekae hewɔa kpekpeɖeŋunadɔwo. Le kpɔɖeŋu me, míekpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la ŋu hekpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, míekpɔa gome le modzakaɖeɖe tuameɖowo hã me. Míaƒe mo medzakana o!
Kellsie: Fofonye nye toɖola nyui, eye hafi wòawɔ nyametsotso veviwo la, etsɔnɛ ɖoa ƒome bliboa ŋkume. Ne mehiã na kpekpeɖeŋu alo mele ame dim maɖo dze kplii la, danye nɔa klalo ɣesiaɣi be yeaɖo tom.
Samantha: Danye nana mesena le ɖokuinye me be menye ame vevi si gbɔ melɔ̃a nu le o, togbɔ be eya ŋutɔ mekpɔnɛ dzea sii ɣeaɖewoɣi o gɔ̃ hã. Eɖoa tom hetsɔa ɖe le eme nam. Nyemadi gbeɖe be naneke nagblẽ mía kplii dome o.—g11-E 10.
[Nɔnɔmetatawo]
Camera ƒomea: Joseph, Lisa, Victoria, Olivia, kple Isabella
Zapata ƒomea: Kellsie, Ynez, Sonny, kple Samantha
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Dzilawo ate ŋu ana ablɔɖe aɖe wo viwo, gake ele be woaɖo mɔxeɖenu siwo sɔ hã