Sɔhɛwo Biana Be
Nu Ka Tae Dzinyelawo Mesea Nu Gɔme Nam O?
DE ŊUGBLE TSO KPƆÐEŊU SIA ŊU KPƆ.
Fiɖa fiẽ ga ade me lɔƒoe, Jim si xɔ ƒe 17 lae nye ema zɔ kabakaba ɖo ta agboa nu. Edo ɣli gblɔ na dzilawo be, “Míado go emegbe!” hesusu be womabia nya si wolɔ̃a biabia la ye o.
Ele be wòakpɔ mɔ na nyabiase ma godoo.
Dadaa biae be, “Jimmy, ɣekaɣie nàgbɔ?”
Jim tɔ. Eye wògblɔ be, “Hmm . . . em . . . , nyemagbɔ kaba o eya ta migalalam o sea.” Jim ʋu agboa be yeado adzo. Kasia fofoa do ɣli yɔe be, “James, tɔ!”
Jim gatɔ, eye wòse fofoa gblɔ moveviɖoɖotɔe be: “Wò ŋutɔ ènya sea ɖe. Gbɔ ga ewo tututu—magbɔ edzi o!”
Jim te gbe be “Oo, Papa,” etrɔ ɖe fofoa ŋu gblɔ nɛ be, “ènya ale si gbegbe wòkpea ŋu nam be magblɔ na xɔ̃nyewo be ele be magbɔ ava aƒe me kaba nenemaa?”
Fofoa gate gbe ɖe edzi be, “Ga ewo tututu, magbɔ edzi o!”
ÐEWOHĨ nya sia dzɔ ɖe dziwò kpɔ. Eɖanye gbɔgbɔ va aƒe me ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi, ha siwo nèƒona, xɔ̃wòwo, alo wò awudodowoe o, dziwòlawo de se siwo dzi wodi be nàwɔ ɖo pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me:
“Esi danye ɖe srɔ̃ la, ŋutsu sia tɔ ŋku ha siwo katã meƒona. Ema wɔe be meva tsɔ nye CD-wo katã ƒu gbe!”—Brandon.a
“Danye hea nya ɖe ŋunye be xɔlɔ̃wo mele asinye o. Gake ne mebiae be medi be made ha kple ame aɖe la, egbena le esi menya amea o ta. Eɖe fu ŋutɔ!”—Carol.
“Fofonye kple srɔ̃a melɔ̃na be mado dziwui aɖeke tsɔ wu esi le gblotoo la o. Eye fofonye tea tɔ ɖe edzi be ne nye atakpuiwo medidi ɖo klonu nam o la, ele kpui akpa!”—Serena.
Nu kae nàwɔ ne mia kple dziwòlawo míelɔ̃na ɖe nya ɖeka dzi o? Manyo be nàdzro nya la me kpli wo oa? Joanne, si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Zi geɖe la dzinyelawo melɔ̃na ɖoa to nye nya o.” Amy, si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Ne mekpɔ be dzinyelawo mele nu gɔme sem nam o la, ɖeko mezia ɖoɖoe.”
Gake mègana ta bɔbɔe nenema o! Ðewohĩ dziwòlawo alɔ̃ be yewoaɖo to wò.
Bu esia ŋu kpɔ: Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã lɔ̃na ɖoa to amegbetɔ siwo tsɔ woƒe nyawo ɖo eŋkume. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖo to Mose esi wòƒo nu ɖe Israel vi tosẽlawo nu.—2 Mose 32:7-14; 5 Mose 9:14, 19.
Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be ye dzilawo mesea nu gɔme abe Mawu ene o. Nyateƒee, vovototo gã aɖe le ale si Mose ƒo nu na Yehowa ɖe nu si adzɔ ɖe dukɔ blibo dzi kple wò nuƒoƒo na Papa alo Dada be yemagbɔ kaba o dome. Ke hã nufiame vevi ɖeka aɖe le wo katã me:
Ne nya vevi aɖe le asiwò nèdi be yeagblɔ na ame siwo le ŋusẽnɔƒewo—le go sia me dziwòlawo la—woalɔ̃ faa aɖo to wò.
Nu vevi si ana nàkpɔ dzidzedzee nye ale si nàgblɔ nya lae! Mɔfiame siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze le ewɔwɔ me:
1. De dzesi kuxia. Ŋlɔ nya si me mia kple dziwòlawo ƒe susu mewɔ ɖeka le o la ɖe ete.
․․․․․
2. De dzesi ale si nèse le ɖokuiwò me. Ŋlɔ ale si nèse le ɖokuiwò me le nya si dziwòlawo gblɔ le nyaa ŋu la ɖe ete—eɖanye ɖe wòve wò, ɖe wòna nèlé blanui, ŋu kpe wò, alo womeka ɖe dziwò o loo, alo bubu aɖe o. (Le kpɔɖeŋu me: Le nudzɔdzɔ si míetsɔ dze nyati sia gɔmee me la, Jim gblɔ be ye dzilawo ƒe game si woɖo na ye be yeanɔ gbɔgbɔm va aƒe me la na ŋu kpe ye le ye xɔlɔ̃wo ŋkume.)
․․․․․
3. Bu nuwo ŋu abe dzilae nènye ene. Tsɔe be ƒewuivi aɖe le nɔnɔme si ŋu nèƒo nu tsoe le Mɔfiame 1 me la me tom. Ne wòe nye edzila la, nu ka ŋu nàtsi dzi ɖo vevie wu, eye nu ka tae? (Le kpɔɖeŋu me: Le kpɔɖeŋu si míetsɔ dze nyatia gɔmee me la, Jim dzilawo anya tsi dzi ɖe eƒe dedienɔnɔ ŋu.)
․․․․․
4. Gbugbɔ bu nyaa ŋu. Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:
Susu nyui kae nèkpɔ le dziwòlawo ƒe nuwɔnaa me?
․․․․․
Nu kae nàte ŋu awɔ ana woaɖe dzi ɖi?
․․․․․
5. Dzro nya la me kple dziwòlawo eye miadi egbɔkpɔnu. Ne èwɔ ɖe mɔfiame siwo dze le etame dzi—eye nèwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le aɖaka si nye “Dzeɖoɖo Ŋuti Aɖaŋuɖoɖowo” dzi la—àkpɔe be yeate ŋu aɖo dze kple ye dzilawo le mɔ si ɖe tsitsi fia nu. Ƒomedodo nyui ma tɔgbi le Kellie kple fofoa kpakple dada dome. Nyɔnuvi sia gblɔ be: “Nyaʋiʋli kpli wo makplɔ wò ayi afi aɖeke o, evɔ tɔwò hã madzɔ gbeɖe o. Ale si mekpɔa kuxia gbɔe nye be medzroa nyaa me kple dzinyelawo. Zi geɖe míeva lɔ̃na ɖe nya ɖeka aɖe dzi.”—g12-E 05.
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Aɖaka si le axa 24]
DZEÐOÐO ŊUTI AÐAŊUÐOÐOWO
“Toléle ɖe woƒe nyawo ŋu aɖe vi na wò wu gbedada ɖe wo gbɔ. Ne èléa to ɖe dziwòlawo ƒe nyawo ŋu hedzea agbagba sea nu gɔme na wo la, woawo hã woawɔ na wò nenema ke.”—Rianne.
Xlẽ Filipitɔwo 2:3, 4.
“Mègaɖo nya ŋu na wo amemabumabutɔe o! Mewɔ esia edziedzi va se ɖe esime meva kpɔe dze sii be míate ŋu aƒo asa na nyaʋiʋli (kple tohehe) ne ɖe mekpɔa nye aɖe dzi!”—Danielle.
Xlẽ Lododowo 17:27; 21:23.
“Lala va se ɖe esime nya la nu fa vie, eye nèkpɔe be ye dzilawo aɖo to ye.”—Collette.
Xlẽ Lododowo 25:11.
“Ele be nàna dziwòlawo nakpɔe dze sii be nèbua yewo heɖoa to ne yewole nu ƒom na wò. Eya ta hafi nàgblɔ ale si nèse le ɖokuiwò me na wo la, na kakaɖedzi wo be yese woƒe nyaawo, eye yese wo gɔme.”—Emily.
Xlẽ Lododowo 23:22; Yakobo 1:19.
[Aɖaka si le axa 24]
NYATEƑENYA
Menye masɔmasɔwo katã ŋue miaƒo nu tsoe o. Le nya aɖewo gome la, ‘ƒo nu le dzi me le wò aba dzi, eye nàzi ɖoɖoe!’ (Psalmo 4:5) Beatrice, si nye nyɔnuvi dzaa aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ne mebu ale si kuxia maganye nya boo aɖeke etsɔ o ŋu la, nyemegatsɔnɛ vevie akpa o. Mate ŋu aɖe asi le nya la ŋu.”
[Aɖaka si le axa 25]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Aleke nèkpɔa mia kple dziwòlawo dome masɔmasɔwo gbɔe? Ne ɖe nàte ŋu atrɔ ayi megbe ɖe, ɖe nàkpɔ nyawo gbɔ le mɔ bubu nua? Ne nenemae la, mɔ ka nue nàkpɔ egbɔ le?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]
NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ
Wyndia—Medea ŋugble le nya si magblɔ la ŋu hafi ƒoa nu. Mebua dzinyelawo ƒe nyawo ŋu hedoa gbe ɖa hafi gblɔa nya aɖe. Ne menya be nya si gblɔ ge mala ahe dzre vae la, mezia ɖoɖoe va se ɖe esime mate ŋu agblɔ nye nyawo le mɔ si mahe dzre vae o nu.
Ross—Ne mese le ɖokuinye me be dzi be yeakum la, megblɔna na ɖokuinye be nyahehe sia si ate ŋu ado mo ɖa evɔ mehiã hafi o la ate ŋu agblẽ ŋkekea me nam. Mekpɔe be esia wɔnɛ be nyemegadoa dziku kabakaba abe tsã ene o.
Ramona—Mekpɔe be nunya le eme be maɖo to nya si gblɔm dzinyelawo le la ɣesiaɣi. Woƒe susuwo metoa vovo tso tɔnyewo gbɔ nenema gbegbe o, eye woƒe nyawo hã metoa vovo boo abe ale si mesusunɛ ene o.