Sɔhɛwo Biana Be
Aleke Mawɔ Ana Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nunye?
Nu ka tae wòle be nàsrɔ̃ Biblia kura ya? Bu eŋu kpɔ ale:
Biblia akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe kesinɔnuwo ŋu. Agbalẽ sia si le ame sia ame kloe si la, ate ŋu
● Adzra wò ɖo ɖe agbenɔnɔ nyuitɔ kekeake ŋu
● Agblɔ nu siwo dzɔ va yi kple nu siwo adzɔ le etsɔme la na wò, si màgate ŋu anya to mɔ bubu aɖeke nu o
● Akpe ɖe ŋuwò nànya ame si ƒomevi nènye, eye wòana wò nɔnɔme naganyo ɖe edzia
BIBLIA la sɔsrɔ̃ bia agbagbadzedze blibo, ke hã eƒe viɖewo mele gbɔgblɔ me o! Àdi be yeanya ɖoɖo si sɔhɛ aɖewo wɔ ɖe esɔsrɔ̃ ŋua? Lã axa si kplɔe ɖo nàŋe eme ɖe flia dzi. Esia azu mɔfiamegbalẽ sue aɖe na wò si ana nàkpɔ ale si hawòtiwo ɖu kuxi aɖewo dzi eye fifia, Biblia sɔsrɔ̃ le wo ɖokui si va le wo nu vivim.
“Nu nyuiwo le Biblia me na ame sia ame. Seɖoƒe meli na nu siwo nàte ŋu asrɔ̃ o!”—Valerie.b—g12-E 02.
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi be yeanya ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ siawo nu la, bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me, alo zã adrɛs si sɔ le agbalẽ sia ƒe axa 5 lia nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí.
b Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me la dometɔ aɖewo.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
ALE SI NÀSRƆ̃ BIBLIA LAE
Kuxia: MEDZROA WÒ O
“Menye ɣesiaɣie wòdzroam be mabɔbɔ nɔ anyi gaƒoƒo ɖeka be mele nu srɔ̃m o.”—Lena.
Nu si wòle be nàwɔ: BU VIÐEAWO ŊU
Hafi Biblia sɔsrɔ̃ navivi nuwò la, ahiã be nàɖo biabia sia ŋu be, Nu kae makpɔ tso eme? Ðe nàdi be Mawu nanye ye xɔlɔ̃a? Ðe nàdi be yease nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me egbea gɔme nyuie wua? Ðe nàdi be yeƒe nɔnɔme naganyo ɖe edzi wua? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go siawo kple bubu geɖewo me!
“Mègabu Biblia sɔsrɔ̃ abe dɔ sesẽ alo sukudɔdeasi aɖe wɔwɔ ene o. Ke boŋ bui be enye mɔ si dzi nàto ate ɖe Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake, si nye Yehowa Mawu, ŋu kplikplikpli.”—Bethany.
“Nusrɔ̃ɣi nye ɣeyiɣi aɖe na wò be nàte ɖe Yehowa Mawu ŋu. Ne dziwòlawo li ko hafi nètena ɖe ame aɖe ŋu la, ekema ɖe nàte ŋu agblɔ be amea nye xɔ̃wò loo alo dziwòlawo xɔlɔ̃e? Ne èsrɔ̃a nu le ɖokuiwò si la, ekema Yehowa anye xɔ̃wò.”—Bianca.
Ðo ŋku nya sia dzi: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Timoteo 3:16) Biblia la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ mawo hã nu!
“Medzea agbagba be mana nye susu nanɔ viɖeawo ŋu. Ne nanewo li siwo ŋu wòahiã be mawɔ tɔtrɔ le la, nusɔsrɔ̃ kpena ɖe ŋunye mewɔa wo.”—Max.
Bu nya sia ŋu:
Viɖe kae wò ŋutɔ nàte ŋu akpɔ tso nusɔsrɔ̃ me?
Kuxia: NUTIKƆNAME
“Ne mesrɔ̃ nu miniti 10 pɛ ko la, ɖeɖi te ŋunye xoxo; le miniti 20 megbe la, medina be mawɔ nu bubu aɖe kura; le miniti 30 megbe la, ɖeko medina be maku!”—Allison.
Nu si wòle be nàwɔ: DI MƆNU YEYEWO
Di nusɔsrɔ̃mɔnu yeyewo, ate ŋu anye nu si nèdi be yeasrɔ̃, ale si nàsrɔ̃e, alo afi si nàsrɔ̃e le.
“Zã ɣeyiɣi aɖe nàtsɔ adi ŋuɖoɖo na wò biabiawo. Ne èwɔ numekuku hekpɔ ŋuɖoɖo na nya aɖe si ɖea fu na wò la, àkpɔ dzidzɔ eye wò dzi adze eme.”—Richard.
“Ne èle nu xlẽm tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu la, kpɔ ɖokuiwò le nɔnɔmea me. Tsɔe be wòe nye ame si ŋu nyaa ku ɖo loo alo be èle afi ma le nudzɔdzɔa teƒe kpɔm. Dze agbagba nànɔ nudzɔdzɔa kpɔm ɖaa le susu me.”—Steven.
“Na nusɔsrɔ̃ navivi nuwò. Nɔ anyi ɖe ati aɖe te le mia ƒeme nàdi nunono vivi aɖe anɔ nonom vivivi. Nye ya melɔ̃a esia wɔwɔ le nye ɖokuisinusrɔ̃ɣiwo. Ame kae madzɔ dzi na o?”—Alexandra.
Ðo ŋku nya sia dzi: Míaƒe susu koe gblɔna na mí be nane wɔwɔ ti mí. Eya ta mègagblɔ be “nusɔsrɔ̃ tia ame” o, ke gblɔ boŋ be “nu ti kɔ nam.” Ele be nàkpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua nuwo ŋui dzi. Esia ado ŋusẽ wò nàwɔ nane tso nuŋububu ma ŋu.—Lododowo 2:10, 11.
“Mele be ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanye nu si ati kɔ na wò o. Ate ŋu anye nu si vivia nuwò.”—Vanessa.
Bu nya sia ŋu:
Aleke nàwɔ ato nusɔsrɔ̃mɔnu yeyewo vɛ?
Kuxia: NYEMEVO O
“Edzroam be masrɔ̃ Biblia geɖe wu, gake esi nyemevona kura o ta la, ale si makpɔ ɣeyiɣi anɔ anyi ɖe nusrɔsrɔ̃ ŋue nye kuxia!”—Maria.
Nu si wòle be nàwɔ: NU VEVITƆWO
Nu vevi siwo wòle be nàsrɔ̃ esi nèle tsitsim dometɔ ɖekae nye be, “[nàkpɔ] nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.”—Filipitɔwo 1:10.
“Danye kpe ɖe ŋunye mese egɔme be nyemakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu esi le asinye o. Nye ŋutɔe wòle be madi ɣeyiɣia. Esi menya ɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ ko la, mete ŋu le ewɔm.”—Natanya.
“Esi mele tsitsim la, mekpɔe be ele be maɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ, eye aleke kee nɔnɔmeawo ɖale o, mewɔna ɖe ɣeyiɣi si meɖo la dzi pɛpɛpɛ.”—Yolanda.
“Ne ètsɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖo ŋgɔ na modzakaɖeɖe la, meka ɖe edzi na wò be àse vivi na nusɔsrɔ̃a geɖe wu, eye ne eɖo modzakaɖeɣi hã, wò dzitsinya maɖe fu na wò o.”—Diana.
Ðo ŋku nya sia dzi: Ne mèna nu siwo le vevie wu xɔ nɔƒe gbãtɔ o la, màte ŋu awɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie o, ke boŋ àzu eƒe kluvi. Ne wò ŋutɔ èwɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu la, ade dziwò wu.—Efesotɔwo 5:15, 16.
“Mele sekɛndrisuku dem, eye dɔ geɖe le dzinye mewɔna! Gake nu si le vevie nam wue nye be mawɔ ɖe ɣeyiɣi si meɖo na ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dzi.”—Jordan.
Bu nya sia ŋu:
Ðoɖo kae wò ŋutɔ nèwɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
NYA SI HAWÒTIWO GBLƆ
Zachary—Mehiã kokoko be nu si nàsrɔ̃ le ɖokuiwò si la nanye agbalẽ alo nyati si tututu srɔ̃m dziwòlawo alo ame bubuwo le o. Ne enye nu si wò ŋutɔ nèdi be yeasrɔ̃ ko hafi nàte ŋu ayɔe be ɖokuisinusɔsrɔ̃.
Kaley—Dze egɔme vivivi. Ne èdi la, wò ya dze egɔme kple miniti atɔ̃ ko gbe sia gbe. Emegbe nànɔ ɣeyiɣia dzim ɖe edzi, miniti 10, miniti 15, . . . Kaka nàkpɔa, èle vivi sem nɛ!
Daniela—Nu suesue aɖewo wɔwɔ ate ŋu awɔ akpa gã aɖe. Di nuŋlɔti siwo le amadede vovovo me, di agbalẽ dzeani aɖe si me nàŋlɔ nya veviwo ɖo, alo wɔ nuŋlɔɖiwo ɖe wò kɔmpiuta dzi nàna ŋkɔe be Ðokuisinusɔsrɔ̃.
Jordan—Ne metia nyati si doa dzidzɔ nam la, enana mesrɔ̃a nu ɣeyiɣi didi wu. Azɔ hã, media teƒe si ɖoɖoezizi le. Nyemetea ŋu srɔ̃a nu le afi si toɣliɖeɖe le o.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 22]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Lãe
Ŋe eme