INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 4/1 axa 4-7
  • Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI TSO BIBLIA-SƆSRƆ̃ ƑE ÐOÐO SI MÍEWƆNA ŊU ƑE ŊUÐOÐOWO
  • Aleke Biblia Nusɔsrɔ̃ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna Kple Amewo La Le?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Afi kae míakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo le?
    Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le?
  • Aleke Mawɔ Ana Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nunye?
    Nyɔ!—2012
  • Ðe nu siwo nèva srɔ̃ la dzɔ dzi na wòa?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 4/1 axa 4-7
Biblia-sɔsrɔ̃

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀDI BE WOASRƆ̃ BIBLIA KPLI YEA?

Biblia-sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame

Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be woɖea gbeƒã na amewo le dutoƒo. Gake ɖe nènya be míewɔa Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo hã kple amewo le xexea me godooa?

Wole Biblia srɔ̃m kple ŋutsu aɖe le eƒe dɔwɔƒe

Le ƒe 2014 me la, Ðasefo siwo wu ame 8,000,000, siwo le dukɔ 240 me la srɔ̃ Biblia kple ame siwo ade 9,500,000 kloe ɣleti sia ɣleti.a Le nyateƒe me la, ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la sɔ gbɔ wu dukɔ 140 aɖewo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ kura!

Yehowa Ðasefowo taa Bibliawo, agbalẽwo, magazinewo, kple nu bubu siwo wotsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo la ƒe xexlẽme biliɔn ɖeka kple afa kloe ɖe gbegbɔgblɔ 700 sɔŋ me ƒe sia ƒe, ale be woate ŋu awɔ nufiafiadɔ sia nyuie! Agbalẽtatadɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o la na wòle bɔbɔe na amewo be woasrɔ̃ Biblia le gbegbɔgblɔ si woawo ŋutɔwo di me.

“Sukunusɔsrɔ̃ medoa dzidzɔ nam o, gake nusɔsrɔ̃ sia ya vivi nunye ŋutɔ. Eye nu siwo mesrɔ̃ la fa akɔ nam ale gbegbe!”​—Katlego, si tso South Africa.

“Nusɔsrɔ̃a kpe ɖe ŋunye mekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabiawo katã kpakple bubu geɖewo.”​—Bertha, si tso Mexico.

“Wova srɔ̃a Biblia kplim le nye aƒe me le ɣeyiɣi si sɔ nam me. nu kae ganyo wu esia?”​—Eziquiel, si tso Brazil.

“Nusɔsrɔ̃awo xɔa miniti 15 va ɖo 30—wodidina wu ɣeaɖewoɣi—ale si nye ŋutɔ medi ko.”​—Viniana, si tso Australia.

“Nyemexe fe aɖeke ɖe nusɔsrɔ̃a ta o—ewɔ nuku ŋutɔ!”—Aimé, si tso Benin.

“Nye Biblia-nufialaa gbɔ dzi ɖi henyo dɔme nam ale gbegbe. Nye kplii dome va le kplikplikpli.”​—Karen, si tso Northern Ireland.

“Ame geɖe srɔ̃a Biblia, gake menye kple susu be yewoava zu Ðasefowo kokoko o.”​—Denton, si tso England.

NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI TSO BIBLIA-SƆSRƆ̃ ƑE ÐOÐO SI MÍEWƆNA ŊU ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðoɖo ka nue nusɔsrɔ̃a zɔna ɖo?

Míetiaa Biblia me nyati aɖe eye míedzroa mawunyakpukpui siwo do ƒome kplii la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ɖo nyabiase vovovowo ŋu; wo dometɔ aɖewoe nye: Ame kae nye Mawu? Aleke wòle? Ðe ŋkɔ le esia? Afi kae wòle? Ðe míate ŋu ate ɖe eŋua? Kuxiae nye be mele bɔbɔe be woanya afi si ŋuɖoɖoawo le le Biblia me o.

Zi geɖe la, míezãa axa 224 ƒe agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?b tsɔ kpena ɖe amewo ŋu wokena ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu etɔxɛe be wòakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme. Nufiafia siawo ku ɖe nyati siwo nye Mawu, Yesu Kristo, amegbetɔwo ƒe fukpekpewo, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi, gbedodoɖa, kple nyati bubu geɖewo ŋu.

Ɣekaɣie woate ŋu asrɔ̃ nua kplim, eye le afi ka?

Woate ŋu asrɔ̃ nua kpli wò le ɣeyiɣi si sɔ na wò me kple teƒe si nèdi.

Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe xɔna?

Ame aɖewo tsɔa gaƒoƒo ɖeka ɖoa anyi kwasiɖa sia kwasiɖa na Biblia-sɔsrɔ̃. Gake míetea ŋu trɔa asi le nusɔsrɔ̃a ƒe didime ŋu faa. Míate ŋu awɔe wòasɔ ɖe wò nɔnɔmewo nu. Miniti 10 alo 15 koe ame aɖewo ƒe nusɔsrɔ̃a xɔna kwasiɖa sia kwasiɖa.

Ho nenie woxɔna ɖe nusɔsrɔ̃a ta?

Míexɔa ga aɖeke ɖe nusɔsrɔ̃a kple nusrɔ̃gbalẽawo ta o. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Faa miexɔe, faa minae.”​—Mateo 10:8.

Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃ bliboa xɔna?

Míate ŋu ayi edzi anɔ nua srɔ̃m kpli wò zi ale si nèdi ko. Nusɔsrɔ̃nyati 19 ye le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Woate ŋu asrɔ̃ wo dometɔ ɖe sia ɖe alo wo katã kpli wò ɣeyiɣi didime si wò ŋutɔ nèdi.

Ðe wòle be mava zu Yehowa Ðasefoa?

Ao. Míenyae be gome le ame sia ame si be wòatia eƒe dzixɔse eye míedea bubu woƒe tiatiawo ŋu. Ke hã, ne ame aɖe va se Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme nyuie la, esia kpena ɖe eŋu wòwɔa tiatia si wòkpɔ be enyo.

Afi kae magate ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le?

Àte ŋu akpɔ nyatakaka vavãwo le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple woƒe dɔwɔnawo ŋu.

Aleke mawɔ abia be woava srɔ̃ Biblia kplim?

Amewo toa mɔ vovovowo dzi biana be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo: wotoa Internet dzi, woŋlɔa lɛta, alo dia míaƒe telefonxexlẽdzesi le telefongbalẽ si le woƒe nutoa me la me ƒoa ka na mí
  • Àte ŋu awɔ esia to Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org/ee dzi.

  • Zã míaƒe adrɛs si tsɔ gbɔwò wu, si dze le magazinea ƒe axa evelia nàtsɔ aŋlɔ lɛta na mí.

  • Ƒo ka na Yehowa Ðasefowo. Àte ŋu adi ŋkɔ “Jehovah’s Witnesses” alo “Témoins de Jéhovah” le telefongbalẽ si le miaƒe nutoa me la me alo nàbia wo dometɔ siwo le miaƒe nutoa me.

a Zi geɖe la, míesrɔ̃a Biblia kple ame ɖekaɖekawo eye míesrɔ̃nɛ kple amewo le ƒuƒoƒo suewo hã me.

b Yehowa Ðasefowoe tae. Wota agbalẽ sia ɖekaɖeka miliɔn 230 kple edzivɔ le gbegbɔgblɔ siwo wu 260 me.

KPEKPEÐEŊU NA ƑOMEWO

Eziquiel

“Esi srɔ̃nye dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme la, mede dzesii be ewɔ tɔtrɔ geɖe. Míaƒe ƒomegbenɔnɔ va nyo ɖe edzi. Esi medi be manya nu si tututu srɔ̃m wòle la, meva kpɔe be anyo be nye hã masrɔ̃ Biblia, eye medze egɔme. Nu siwo mesrɔ̃ la kpe ɖe ŋunye mezu ame ɖɔʋu. Biblia-sɔsrɔ̃ wɔe be mía dome va le kplikplikpli.”​—Eziquiel.

Karen

“Esi medze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme la, meɖe asi le atike vɔ̃ɖi zazã ŋu kura, medzudzɔ aha geɖe nono eye mesrɔ̃ dziku dzi ɖuɖu. Nye aƒe me va le dzadzɛ eye nuwo le ɖoɖo nu wu tsã. Meva kpɔ ale si gbegbe nye ƒomea le vevie la dze sii, eye edzɔa dzi nam be mawɔ nu siwo ana woakpɔ dzidzɔ. Mele dzidzɔ kpɔm fifia wu tsã.”​—Karen.

Viniana

“Ame aɖewo he nya ɖe ŋunye le esi mele Biblia srɔ̃m ta. Gake srɔ̃nye de dzi ƒo nam be mayi edzi, esi wògblɔ be: ‘Nyemetsɔ ɖeke le nya si gblɔm amewo le me o. Esi mekpɔe be èle tɔtrɔ nyuiwo wɔm la, ema ɖeɖe su nam. Yi wò nusɔsrɔ̃a dzi.’ Míekpɔ dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me alea gbegbe kpɔ o!”​—Viniana.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe